Loading...
Larger font
Smaller font
Copy
Print
Contents
  • Results
  • Related
  • Featured
No results found for: "".
  • Weighted Relevancy
  • Content Sequence
  • Relevancy
  • Earliest First
  • Latest First
    Larger font
    Smaller font
    Copy
    Print
    Contents

    11—FIAVIWO ƑE TSITRETSITSI

    Ɖaseɖiɖi gãtɔ kekeake, si wowɔ le Reformatio ŋuti kpɔ la, dometɔ ɖeka enye fiavi kristotɔwo ƒe nya gbegbe, si wowɔ na Spire ƒe takpekpe gã le ƒe 1529 lia me la. Mawu ƒe ame mawo ƒe kalẽ, xɔse kple kelili woena kakaɖedzi ku ɖe ame ƒe vovokpɔkpɔ le susuɖeɖe kple dzitsinya dzi wɔwɔ me le ƒe alafa geɖe, siwo kplɔe ɖo la me. Woƒe tsitretsitsi siae na woɖo ŋkɔ na Ɖɔɖɔɖo hame la be Protestant Hame la. Ɖoɖo siwo nɔ agbalẽ, si woŋlɔ̃ na Spire takpekpe la woe nye Protestant Hame la ƒe gɔmeɖokpe. D’Aubigné, liv. 13, ch. 6.UGL 171.1

    Viviti kple ŋɔdzi ƒe ŋua ɖe ke na Reformatio la. To gbɔ be Worm ƒe takpekpe gã la bu fɔ Luther abe setemanɔla ene, eye wode se ɖe eƒe nyawo fiafia kple wodzi xɔse ŋu hã la, vovo le subɔsubɔ me ƒe nufiafia gale dɔ wɔm le fiaɖuƒea me koe. Mawu ƒe kpekpeɖeŋu xe mɔ na ŋusẽ, siwo katã tsi tre ɖe Nyateƒe la nuti. Charles V lia do ŋugbe be yeatsi gbɔgbɔ ɖe Reformatio la nu; gake ɣesiaɣi, si wòɖe alɔ be yeaƒoe la, nane xea mɔ nɛ godo. Evana me enuenu be amesiwo wɔ kalẽ tsi tre ɖe Roma ŋu la, kpɔna be yewo ƒe nuwuwu ɖo azɔ; gake le ɣeyiɣi mamlɛa dzi tututu la, Turkia ƒe aʋakɔwo ƒua asaɖa ɖe fiaɖuƒea ƒe ɣedzeƒe liƒo dzi, alo Frans ƒe fia, alo Papa ŋutɔ gɔ̃ hã, si le ŋu ʋãm Germania du fiagã ƒe ŋusẽ kpɔkpɔ ɖe dzi la, hoa aʋa ɖe eŋu. Ale Reformatio la te ŋu li ke, hekeke ta le dukɔwo ƒe ʋiʋli kple howɔwɔ me.UGL 171.2

    Ke le nuwuwu la, fiavi papayomedzelawo ɖe asi le woƒe dzrewo ŋu, ale be woawɔ ɖeka tsi tre ɖe Ɖɔɖɔɖowɔlawo ŋuti. Le ƒe 1526 lia me la, fiaɖuƒea ƒe takpekpe, si wowɔ le Spire la, na ablɔɖe blibo ku ɖe subɔsubɔ ŋu le fiaɖuƒea ƒe duwo katã me vaseɖe ɣeyiɣi, si takpekpe gã la naƒo ƒu. Kasia afɔku siwo na be wowɔ subɔsubɔ ƒe mɔɖeɖe sia navayi la, fiagã la gayɔ takpekpe gã bubu le Spire le ƒe 1529 lia me, kple susu be yeatsrɔ̃ amesiwo woyɔna be xɔsedadatɔwo la ɖa keŋkeŋ. Ɖoɖo la enye be woable fiaviawo ɖe ŋu ale be wo katã natsi tre ɖe Reformatio la ŋuti. Gake ne womelɔ̃ o la, fiagã Charles le gbesɔsɔ awɔ yi ŋuti dɔ le nuwuwu.UGL 171.3

    Papa yomedzelawo kpɔ dzidzɔ ale gbegbe. Woyi ɖe Spire ƒe takpekpe la le agbɔsɔsɔ gã ɖe me, eye woɖe woƒe fuléle Ɖɔɖɔɖowɔlawo kple amesiwo le megbe na wo la fia ŋutegã. Melankton gblɔ be: “Amesiwo wotsri vevie kple gbeɖuɖɔwo míenye; gake Kristo le eƒe dukɔ dahe la kpɔm, eye ele eɖege hã.” Ibid., b. 13, ch. 5.- Wode se na fiavi Ɖɔɖɔɖowɔla, siwo va takpekpe la, be womegaɖe mɔ woaɖe gbeƒã le afia ɖeke o, le woŋutɔ ƒe aƒe me gɔ̃ hã. Nyanyuia ƒe tsikɔ le Spire ƒe dumetɔwo wum ŋutɔ ale be to gbɔ be wode se ɖe Mawunya gbɔgblɔ nu hã la, Ame akpe akpewoe lɔna hoo, yina subɔsubɔ ƒe le Saxoni fiavi la ƒe gbedoxɔ me ŋdi sia ŋdi na Mawunya sese.UGL 172.1

    Esia na be xaxaa ɖe va le madidi me. Fiagã la na woɖe gbeƒã le takpekpea be, esi wònye be dzitsinya ƒe vovokpɔkpɔ kple ablɔɖe, si wona amesiame be wòawɔ subɔsubɔ, si dzroe la, le sedzimawɔ hem vɛ la, ekem fia la bia be woagbã ɖoɖo sia. Fia gã ɖeka ƒe gbeɖeɖe sia medo dzidzɔ na nyanyui-kristotɔ geɖewo o, eye wodome ame ɖeka gblɔ be: « Kristo gage ɖe Kayafas kple Pilato ƒe asi me ke. » Roma yomedzelawo dze anyrã wɔwɔ ɖe dzi. Papa ŋuti-mea ɖe gblɔ be: “ Turkiatɔwo ganyo wú Luther yomedzelawo fũu, elabena Turkiatɔwo wɔna ɖe ŋutsitsidɔ̃ ŋkekewo dzi, ke Luther ƒe amewo ya dana wo dzi. Nenye be woatia le Mawu ƒe Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo kple Hamea ƒe vodada xoxoawo dome la, Ŋɔŋlɔawoe wòdze be woaɖe ɖa.” Melankton gblɔ be : “Gbesiagbe, le takpekpea me la, Faber kpɔna kpé yeyea ɖe dana ɖoɖe mí Nyanyui yomedzelawo godoo.” Ibid., liv. 13, ch 5.UGL 172.2

    Vovokpɔkpɔ le subɔsubɔ me nye nusi woɖo anyi to se wɔwɔ me, eye du siwo xɔ Nyanyuia le fiaɖuƒea me la, melɔ̃ be woaɖe se sia ɖa o. Ke woɖo be yewoatsi tre ɖe afɔ tutu yewoƒe dzenawo dzi ŋuti. Worms takpekpea ƒe ɖoɖo, si ɖe Luther do go le fiaɖuƒea katã me la, gale dɔ wɔm, eyata mekpɔ mɔ ayi ɖaƒo nu le Spire ƒe takpekpe la o. Gake eƒe hadɔwɔlawo kple fiavi, siwo Mawu tia be woaʋli yeƒe Nya ta le nudzɔdzɔ sia me la, xɔ eteƒe. Saxoni fiavi bubutɔ, Frederik, si nye Luther takpɔla le gɔmedzedzea me la, ku; ke enɔvia Yohanes, si xɔ eteƒe la xɔ Reformatio la kple dzidzɔ. To gbɔ be ŋutifafa-me wònye hã la, eɖe ŋusẽ kple kalẽwɔwɔ geɖe fia le nusiwo ku ɖe xɔse ƒe nyawo ŋuti la me.UGL 172.3

    Roma nunɔlawo bia be fiaɖuƒea me ƒe du, siwo katã xɔ Reformatioa la, nabɔbɔ na Papa ƒe sededewo. Le go bubu me, Ɖɔɖɔɖowɔlawo le biabiam le woƒe akpa dzi be subɔsubɔ ƒe ablɔɖe, si wona yewo tsã la, nagatrɔ va na yewo. Womelɔ̃ be du, siwo xɔ Mawu ƒe Nya kple dzidzɔ gãa ɖe la, nagatrɔ ge ɖe Papa ƒe kɔkuti té o. Ke ŋutiɖoɖo, si ŋu wovake ɖo lae nye be afisi Reformatio mege ɖo o la, Worms ƒe sedede la akpɔ ŋusẽ le teƒe ma; ke le Nyanyui ƒe duwo me, afisi sedede la ate ŋu ahe aglãdzedze vɛ le la, womagawɔ ɖɔɖɔɖo yeyewo o, womagaɖe gbeƒã ku ɖe nyati siwo ŋu nyameɖeɖe nɔ tsã la ŋu o, womagaxe mɔ na misa wɔwɔ o, eye, mlɔeba, womaɖe mɔ na katolikotɔa ɖeke be wòatrɔ dzi me axɔ Luther ƒe nufiafiawo o.Ibid., liv. 13, ch. 5. Nusiawo dzi takpekpe la da asi ɖo, eye wònye dzidzɔ gãa ɖe na Roma ƒe nunɔlawo kple yomedzelawo.UGL 173.1

    Nenye be ɖoɖo siawo de asi dɔwɔwɔ me la, Ɖɔɖɔɖo la magate ŋu age ɖe teƒe siwo meyi haɖe o la me o, eye mate ŋu ali ke ɖe dzi wú alesi wònɔ ɣemaɣi la o. Ibid. b. 13, ch. 5.- Nenema ke mɔkpɔkpɔ hã abú keŋ na Mawunya gbɔgblɔ, eye dzimetɔtrɔ maganɔ anyi o. Aga nye dzizizi na bubume, siwo le megbe na Ɖɔɖɔɖoa la, be woawo hã nawɔ ɖe sededeawo kple mɔxexeawo dzi enumake. Ɖe ko wòle abe xexeame ƒe mɔkpɔkpɔwo katã le bubúm ene. Papa ƒe subɔsubɔ ƒe tɔtrɔva agahe tsã ƒe tetéɖamedzi ŋusẽ ŋuti dɔwɔwɔ vɛ; ke madidi o la, dɔ gã, si wɔglowɔlawo hã ɖe fu na geɖe vayi, to woƒe wɔnawo me la, akpɔ tsɔtsrɔ̃ blibo mlɔeba. Ibid., liv. 13, ch. 5.UGL 173.2

    Esi Nyanyui yomedzelawo ƒo ƒu de ŋugble le woɖokui me le nya siawo ŋu la, wokpɔ wonɔewo ƒe ŋku me kple dzikatsoƒo. Wobia wonɔewo se be: ” Nuka wɔ ge míala ? Metsonu siwo ŋu gbɔgblɔ mele o la, atu xexeame katã. Ɖee Reformatio kplɔlawo axɔ ɖe sedede siawo dzia? Anye nu bɔbɔea ɖe be woage ɖe mɔ gbegblẽa ɖe dzi le kuxi ɣeyiɣi gã sia me. Woate ŋu akpɔ taflatse geɖe, siwo sí gɔmesese le, na woɖokui bɔbɔ ɖe sededeawo té. Wona kakaɖedzi fiavi siwo nye Luther yomedzelawo be woate ŋu awɔ ɖe woƒe xɔse dzi fã. Asinukpɔkpɔ sia hã su woƒe dumevi siwo katã nye Ɖɔɖɔɖo dzixɔsetɔwo do ŋgɔ na sededeawo la. Ɖee nya sia mesu ado dzidzɔ na wo oa? Ne woxɔ nya siawo kpoo la, ʋukɔɖi ƒe nyaa ɖeke maganɔ anyi o ɖe! Evɔ, ne wogbe ɖe, ʋiʋli geɖe ka mee womage ɖo o, eye amekae anya nusiwo ado go tso wo me! Ɖee asinukpɔkpɔ bubuwo manɔ ŋgɔgbe gbɔna oa? Míalɔ̃ ŋutifafa ko. Mina míaxɔ ami-ti ƒe abaya, si Roma le mía nam la, eye míabla abi siwo Germania xɔ la. Susu alo taflatse siawo ate ŋu akplɔ Ɖɔɖɔɖowɔlawo to mɔa ɖe si, le ɣeyiɣi kpuia ɖewo ko me la, anye tsɔtsrɔ̃ blibo na woƒe nya la.UGL 173.3

    Gake, dzɔgbenyuitɔe la, woɖe susu tso ɖoɖo, si dzi takpekpea ƒe ƒoƒose nɔ anyi ɖo la ŋuti, eye woɖe xɔse ƒe afɔ. Ɖoɖo ka dzi ƒuƒoƒoa ƒe kpeɖonudzi nɔ anyi ɖo? Eyae nye Roma ƒe teté ɖe ame ƒe dzitsinya kple susu dzi. Evɔ ɖe, ɖee womena wo kple woƒe dumeviwo vovokpɔkpɔ na subɔsubɔ oa? Ɛe, gake, abe alesi woŋlɔe le ɖoɖoawo me ene la, womena wo abe woƒe dzena ene o, ke boŋ abe nublanuikpɔkpɔ na wo ene. Ke amesiwo katã mekpɔ gome le ɖoɖo sia me o la, dzitsinya ƒe vovokpɔkpɔ meli na wo o. Ɖoɖo gã, si li na wo la koe nye Roma ƒe ŋusẽ té nɔnɔ. Eya ɖekae nye vomadala le eƒe nukpɔkpɔwo me, eye ele be amesiame naɖo toe. Ekem ɖoɖo siwo wotsɔ ɖo ŋku me na wo dzi wɔwɔ ƒe gɔmesese koe nye be, to vovo na Saxoni ƒe Ɖɔɖɔɖowɔlawo la, subɔsubɔ ƒe ablɔɖe megale afi bubu o. Na kristotɔ mamlɛawo la, vovokpɔkpɔ na numekuku, kple ɖɔɖɔɖo xɔse dziwɔwɔ wonye vodada siwo akplɔ ame yi gakpɔ me alo yi ɖe dzotɔame ƒe nakewo dzi. Ɖee woate ŋu alɔ̃ be woatɔ kpɔ ƒo xlã vovokpɔkpɔ le subɔsubɔ me le teƒe ɖeka ko be woaɖe gbeƒã be Reformatio magatrɔ dzi me na amea ɖeke azɔ oa? Be dɔwɔƒea ɖeke megali nɛ oa, eye be afisiafi, si Roma le fia ɖum le la, eƒe fiaɖuɖu anɔ anyi yi ɖaa ? Ne ele alea ɖe, ɖee Ɖɔɖɔɖowɔlawo ate ŋu gblɔ be yewomeɖi fɔ̃ le ame alafa akpeakpewo ƒe ʋu ŋuti oa, wo amesiwo, to ɖoɖoawo dzi wɔwɔ me le du mamlɛawo me la, atsɔ woƒe agbe la sa vɔe na Papa dziɖuɖua? Anye Nyanyuia ƒe nya kple kristotɔwo ƒe vovokpɔkpɔ na subɔsubɔ dede asi le ɣeyiɣi sesẽ sia me.- Wylie, liv. 9, ch. 15. Kpao! Woatsɔ woƒe duwo, woƒe ŋkɔwo, woƒe agbe ŋutɔ gɔ̃ hã savɔe boŋ.- D’Aubigné, liv. 13, ch. 5.-UGL 174.1

    Fiavi Ɖɔɖɔɖowɔlawo gblɔ be: “Mina míagbe ɖoɖo sia. Le dzitsinya ƒe nyawo me la, ame geɖe ƒe ŋusẽkpɔkpɔ ɖe ame dzia ɖeke meli o. Wona wonya be ŋutifafa, si le Germania la, tso ƒe 1526 lia ƒe sedede, si na vovokpɔkpɔ ame ƒe dzitsinya la, mee wòtso, eye bena eƒe ɖeɖeɖa la ahe xaxa geɖe kple mamã va fiaɖuƒe la katã me. Takpekpe sia meɖo ŋusẽ bubu tsɔ wú be wòalé ŋutifafa, si li la, ɖe te hena hamea ƒe takpekpe gã la o. Ibid, liv. 13, ch. 5.- Míaƒe dua ƒe dɔdasi wònye be wòalé be na dzitsinya ƒe vovo; esiae nye liƒo na eƒe ŋusẽ le subɔsubɔ nyawo me. Xexeme dziɖuɖu ɖesiaɖe, si di be yeawɔ se na subɔsubɔ, alo até subɔsubɔa ɖe ɖe ame dzi to dukɔme sea ɖe dzi la, le ɖoɖo siwo ta Nyanyui kristotɔwo wɔ ʋiʋli sesẽwo ɖo la tsɔm sa vɔe.UGL 175.1

    Papa yomedzelawo ɖo kplikpã be yewo amu nusi woyɔ be kalẽwɔwɔ ƒe tosesẽ la. Gbã, wodze agbagba be yewo ade mamã Ɖɔɖɔɖo yomedzelawo dome, eye wodi lado ŋuklẽ na amesiwo meʋu woɖokuime le gaglãgbe be yewole Ɖɔɖɔɖo la ƒe akpa dzi o la. Azɔ la wokpe amesiwo tso vovokpɔkpɔ ƒe duwo me la be woava ɖe woɖokui nu, eye woana woanya ne woxɔ takpekpea ƒe sededeawo alo womexɔwo o. Woamawo bia be woana yewo ɣeyiɣi via ɖe, gake wogbe. Ke esi gaƒoƒo la ɖo be woana woƒe ŋuɖoɖo la, woƒe mamãme kloe tia na Reformatio la. Wo amesiwo melɔ̃ be yewo aɖe asi le yewo ƒe dzitsinya ƒe ablɔɖe kple vovo na ame ŋutɔ ƒe afɔɖeɖea ɖe ƒe susuɖeɖe ŋuti o la, nya be tso fifia la, nyatsɔɖameŋu, fɔbubu kple yometiti koe ava na yewo. Wo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Ele na mí be míagbe nu le Mawu ƒe Nya la gbɔ loo, alo be míalɔ̃ woatɔ dzo mí.” Ibid., liv. 13, ch. 5.UGL 175.2

    Fia Ferdinand, si nɔ fia gã teƒe la, kpɔ be sedede la ahe mamã vɔɖia ɖe vɛ, negbe ɖe ko woana fiaviawo naxɔe, anɔ megbe nɛ. Le esia ta, ewɔ ŋutete be yeable wo ɖe ŋu, esi wònya be ŋusẽ ŋuti dɔ wɔwɔ ɖe wo dzi ana be woaga lia ɖe edzi. Eɖe kuku na wo be woaxɔ sedede la, elabe ado dzidzɔ na fia gã la. Ke nuteƒewɔla siawo ƒe dziɖuɖu ŋusẽ gã ɖeka, si ko wodzesi la, kɔkɔ wú xexeme fiawo katã tɔ, eyata woɖo ŋuti nɛ kple tufafa gblɔ be: “Míaɖo to fia gã la le nusianu, si ahe ŋutifafa kple bubudede Mawu ŋuti vɛ la, me.” Ibid., b. 13, ch. 5.- Le takpekpea katã ƒe ŋku me la, fia la ɖe gbeƒã be wole ɖoɖo la ɖe ge ɖe go abe du-fia gã la ƒe se ene, eye be nusi ko susɔ na Saxoni fiavi la kple eƒe xɔlɔwo la, enye bena woabɔbɔ na nusi dzi takpekpea ƒe akpa gãtɔ da asi ɖo la. Esi wòƒo nu alea megbe ko la, edo go le ƒuƒoƒoa me, ale be megana mɔnua ɖeke Ɖɔɖɔɖo ƒe amewo be wòaɖe susu alo aɖo nyaa ɖeke ŋu o. Woɖo amewo ɖe eyama be woaɖe kuku nɛ wòatrɔ va, gake melɔ̃ o. Eƒe ŋuɖoɖo koe nye be: “Nya ma ya wú nu vɔ. Bɔbɔ ɖe eté koe susɔ.- Ibid., liv. 13, ch. 5.-UGL 175.3

    Le fia gã ƒe akpa dzi la, woka ɖe edzi be fiavi kristotɔwo alé ɖe Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo ŋu abe nusi ƒo ta na amegbetɔwo ƒe ɖoɖowo la ene. Wonya hã be ne yewolɔ̃ ɖe woƒe xɔse sia dzi la, ekem anye papadziɖuɖua ƒe toyiyi le nuwuwu. Ke abe alesi wònye, tso keke ɣemaɣi, be ame akpeakpewo mekpɔna nu bubu wú esi ko ŋku kpɔna o la, wole woɖokuiwo blem be ŋusẽa ɖeke mele Ɖɔɖɔɖowɔlawo si o, eye bena fiagã kple Papa woenye ŋusẽtɔwo. Nenye ɖee Ɖɔɖɔɖowɔlawo ɖo ŋku ɖe ŋutilã ƒe ŋusẽa ɖe ŋu la, anye ne wɔnaa ɖeke manɔ wo ŋu abe alesi papayomedzelawo susui ene o. Gake to gbɔ be womede ha o, eye be womele ɖekawɔwɔ me hã kple Roma o la, ŋusẽa ɖe le wo si. Wotso le takpekpea ƒe nusi dzi woɖo kpe la dzi yi ɖe Mawu ƒe Nya la gbɔ, eye wogatso le Germania du-fiagã Karlos ƒe gbeɖeɖe dzi yi ɖe fiawo-dzi-Fia, aƒetɔwo-dzi-Aƒetɔ ƒe Ɖoɖo gbɔ. Ibid., liv. 13, ch. 6.-UGL 176.1

    Esi wònye be fia Ferdinand medi be yeaxɔ woƒe dzitsinya ƒe vovokpɔkpɔnya o la, fiaviawo ɖoe be yewo matsɔ ɖe le me na eƒe anyimanɔ o, ke yewo aɖe yewo ƒe tsitretsitsi ɖe sedede la ŋuti la ɖe go fia du-takpekpe la le madidi me. Ke woŋlɔ̃ agbalẽ na ƒuƒoƒoa enumake: “Míele tsitre tsim, to nya siwo gbɔna la me, le Mawu mía Wɔla, Takpɔla, Xɔla kple Ɖela, si avanye míaƒe Ʋɔnudrɔla gbeɖeka la, ƒe ŋku me, kple le amegbetɔwo kpakple nuwɔwɔwo katã ƒe ŋku me, le gbɔgblɔm be mímelɔ̃ alo wɔ ɖeka le goa ɖeke me, na míaŋutɔwo kple na mía dumeviwo, ɖe sedede, si woɖe ɖe go la, ƒe nusiwo katã tsi tre ɖe Mawu ŋuti, eƒe Nya Kɔkɔe la, míaƒe dzitsinya nyui la kple míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ ŋuti la dzi o. Miebe nuka! Mialɔ, to sedede sia xɔxɔ me, be ne Mawu Ŋusẽwokatãtɔ la bia be amea ɖe nadze si ye la, nenem- me la makpɔ mɔnu adze si eƒe Mawu la oa! Nufiafia, si ko ŋu kakaɖedzi le la, enye esi sɔ ɖe Mawu ƒe Nya la nu. Aƒetɔ la gbe xɔse bubu fiafia. Ele be nyati ɖesiaɖe, si le Ŋɔŋlɔawo me la, nakpɔ gɔmeɖeɖe le nyati bubu, siwo me kɔ wú la me. Agbalẽ kɔkɔe sia le vevie na kristotɔ ɖesiaɖe, le nusianu me; ele bɔbɔe na gɔmesese, eye wònyo na viviti ɖeɖe ɖa. Ke míeɖo kpe edzi, le Mawu ƒe amenuve me be, míayi ɖe gbeƒã ɖeɖe, tsimatɔ, eƒe Nya la ɖeɖe ko dzi, abe alesi wòle le Nubabla Xoxoa kple Nubabla Yeyea ƒe agbalẽawo me ene, le esime mímatsɔ naneke akpe ɖe eŋu, si masɔ kpli o la. Nya sia koe nye Nyateƒe deka si li la. Eyae nye dzidzenu na nufiafia kple agbenɔnɔ ɖesiaɖe, si mate ŋu able mí alo agblẽ mí ɖi gbeɖe o. Nusi ke wotù ɖe gɔmeɖokpe sia dzi la anɔ anyi tegbee, eye dzomavɔ ƒe ŋusẽwo mate ŋu awɔ nanekee o; le esime amegbetɔ ƒe tofloko, siwo katã woatsɔ tsi tre ɖe eŋu la, amu keŋkeŋ le Mawu ƒe ŋku me.” “Esia tae míegbe kɔkuti, si wole tetém ɖe mía dzi la.” “Míele mɔ kpɔm be fiagã bubutɔ la ƒe wɔna ɖe mía ŋu la, anye nusi atso fia, kristotɔ, si lɔa Mawu wú nuwo katã la gbɔ; eye míele gbesɔsɔ atsɔ míaƒe lɔlɔ̃ kple bubu siwo katã nye míaƒe dɔdasi, si dze, eye wòle eteƒe la, na eyama kple na mi bubumeawo hã!” Ibid., liv. 13, ch. 6-UGL 176.2

    Dɔ si agbalẽ sia wɔ ɖe takpekpea katã dzi la deto. Ame akpa gãtɔ ƒe nu ku, eye wovɔ̃ ɖe dzidodo, si woɖe fia le woƒe nyagbegbe me la nu. Wokpɔ be ahomya ƒe ɣeyiɣi, siwo ŋu kakaɖedzi mele o la, le ŋgɔ gbɔna. Nɔvigɔmemase, ʋiʋli, ʋukɔɖi ava me ɖikekemanɔŋui. Gake Ɖɔɖɔɖowɔla siawo, siwo ka ɖe woƒe nya ƒe dzɔɖzɔnyenye dzi eye woziɔ ɖe Ŋusẽwokatãtɔ la ƒe abɔ ŋu la, yɔ kple dzideƒo kpakple kelili.UGL 177.1

    Tsitretsitsi-gbalẽ la melɔ̃ be du-kplɔlawo nawɔ se le nusiwo ku ɖe luʋɔ kple Mawu ŋu la o, eye wògblɔ abe Nyagblɔɖilawo kple Apostolowo ke ene be: “Ele be míaɖo to Mawu wú amegbetɔwo.” Egbe hamea ƒe ɖoɖowɔwɔ le eɖokui si, eye wowɔ ɖoɖo matrɔmatrɔ sia be edze be amegbetɔ ƒe nufiafia ɖesiaɖe nato Mawunya la ƒe dodokpɔ me. Ibid., liv. 13, ch. 6.UGL 178.1

    Tsitretsilawo gbe nu le amegbetɔ ƒe gãtɔnyenye ƒe kɔkuti la hã gbɔ, eye wodo Kristo ɖe dzi abe hame la ƒe Aƒetɔ gãtɔ ene, le esime eƒe Nya la ƒo nuwo katã ta la. Wotsɔ dzitsinya ƒe ŋusẽkpɔkpɔ ƒo ta na dziɖuɖua ƒe ŋusẽ la, eye Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo hã kpɔ ŋusẽ ɖe hame la dzi. Wotsɔ Kristo ƒe Fiakuku la ƒo ta na Papa kple du-fiagã la ƒe kukuwo. Nyagbelawo gaɖo kpe edzi be yewo kpɔ vovo aɖe yewoƒe xɔse ɖe Nyateƒea dzi la fia. Womedi be yewoaxɔ se, awɔ ɖe xɔse la dzi ɖeɖe ko o, ke yewoafia nusi gblɔm Mawunya la le, eye bena mele be nunɔla alo dziɖuɖua nagbe na yewo o. Spire ƒe tsitretsigbalẽ la nye ɖaseɖiɖi nyuia ɖe tsi tre ɖe mɔmaɖe na amesiame ƒe subɔsubɔ ŋuti kple gbeƒã ɖeɖe amesiame ƒe dzena ku ɖe alesi wòasubɔ Mawu le eƒe dzitsinya ƒe ɖoɖo nu la ŋuti.UGL 178.2

    Wogblɔ nya siawo katã. Woŋlɔ̃ wo ɖe ame akpe akpewo ƒe susu me, eye wode wo dziƒo ƒe agbalẽwo me, afisi amegbetɔ ƒe asia ɖeke mate ŋu atutu wo le o la. Nyanyui kristotɔwo katã le Germania xɔ nyagbegbe gbalẽ sia abe woƒe xɔseme ʋuʋu ene. Le afisiafi amewo kpɔ nya sia abe ɣeyiɣi yeyea ɖe, si nyo wú la ƒe ŋugbedodo ene. Fiaviwo dometɔ ɖeka gblɔ na Spira ƒe Nyanyui yomedzelaa ɖe be: “Mawu Ŋusẽkatãtɔ, si ve mia nu be míeʋu eyama me ŋusẽtɔe le vovo kple kalẽwɔwɔ me la, nalé mí ɖe te le kristotɔ ƒe kelili sia me vaseɖe agbe mavɔ ƒe ŋkeke la dzi.”-Ibid., liv. 13, ch. 6.-UGL 178.3

    Ne Reformatio la ɖee wòlɔ, le eƒe ŋgɔdedea ɖewo kpɔkpɔ megbe, be yeahe ɖe megbe vie, akpɔ mɔ na xexeame ƒe nublanuikpɔkpɔ la, anye nuteƒemawɔ na Mawu kple na ye ŋutɔ ɖokui, si akplɔe de tsɔtsrɔ̃ me. Bubume Ɖɔɖɔɖowɔla siawo ƒe nuteƒekpɔkpɔ sia nye nufiafia gãa ɖe na ƒe alafa, siwo katã le ŋgɔ gbɔna la. Alesi Satana wɔna dɔ tsi tre ɖe Mawu kple eƒe Nya la ŋuti la metrɔ o. Le egbe ŋkekeawo me, alesi ko mele didim be Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo nanye míaƒe agbe kplɔla o la, nenema ke wònɔ le ƒe alafa wuiadẽliawo mee. Le míaƒe ŋkeke siawo dzi la míete ɖa geɖe le Ŋɔŋlɔawo ƒe nufiafiawo kple ɖoɖowo gbɔ, eye wòle azɔ be míatrɔ va Protestant ƒe ɖoɖo gã, si nye Biblia, Biblia ɖeka ko abe xɔse kple dɔdasi ƒe ɖoɖo la gbɔ. Satana gale dɔwɔwɔ dzi vevie to mɔnu, siwo katã le esi la, dzi be yeatsrɔ̃ vovokpɔkpɔ le subɔsubɔ me. Dziɖuɖu ŋusẽ, si tsia tre ɖe Kristotɔwo ŋuti, si Spira ƒe Protestant tɔwo melɔ̃ nu na o la, gale didim egbea kple ŋusẽ yeye be yeagaɖo dziɖuɖu, si yebu la anyi. Ɖekawɔwɔ maʋãmaʋã kple Mawu ƒe Nya la, si woɖe fia le Ɖɔɖɔɖo ƒe kuxi gã ma me la, koe ganye mɔkpɔkpɔ ɖeka, si li na Ɖɔɖɔɖo la. UGL 178.4

    Protestant-tɔwo le Spira kpɔ afɔku ƒe dzesiwo le ŋgɔ gbɔna. Wogakpɔ dzesi, siwo le ɖeɖem fia be Mawu ƒe asi le vuvlu na eƒe nuteƒelawo ƒe takpɔkpɔ. Anɔ abe ɣemawoɣi kee Melankton kplɔ exɔlɔ̃ Grynaeus kaba to Spira ƒe mɔwo dzi yi ɖe Rhin tɔsisi la to hegblɔ nɛ be wòatso tɔ la enumake. Ewɔ mo ya na Grynaeus, eye wòdi be yeanya nusi ta wòle na ye be yeasi afɔtsɔtsɔe ɖo. Ke Melankton ɖo eŋu nɛ be: “Amegaɖeɖia ɖe, si nyemedzesi o la, do ɖe ŋgɔnye kple movevie hegblɔ nam be: Fifilae Ferdinand le asrafowo dɔ ge ɖa be woalé Grynaeus.”UGL 179.1

    Grynaeus, si nye nufiala le Heidelberg ƒe suku-kɔkɔ la, se nunyala gã Faber, papayomedzela sesẽa ɖe ƒe gbeƒãɖeɖe le ŋkekea me, si medo dzidzɔ nɛ kura o. Ke eyi ɖakpɔe hexlɔ̃ nui be megawɔ aʋa ɖe Nyateƒe la ŋuti, anɔ nudada vɔɖiwo ta ʋlim o. Dzi ku Faber vevie, gake meɖee fiae o. Kasia Grynaeus nadzo le egbɔ la, Faber yi ɖe fiagã la gbɔ ɖaxɔ agbalẽ, si nae ŋusẽ be wòana woalée.UGL 179.2

    Eme kɔ ƒãa na Melankton ɖikeke manɔŋui be Mawu ŋutɔe dɔ eƒe dɔlaa ɖe ɖa be wòaɖe Grynaeus le ku si me o. Elala le tɔ la to vaseɖe esime wòkpɔ Rhin-tɔsisi la mã exɔlɔ̃ la kple amesiwo le eƒe agbe yome tim la dome. Esi wòkpɔe wòdze tɔ la godo mlɔeba la, edo ɣli gblɔ be : “Ege le amesiwo amemaɖifɔwo ƒe ʋu ƒe tsikɔ le wuwum la ƒe asi vɔɖiwo me.” Ke esi wògbɔ va aƒe me tso tɔa to la, ese bena fia ƒe asrafowo va di Grynaeus vevie ŋutɔ le eƒe aƒe me. Woka afisiafi, ke womekpɔe o. Ibid., liv. 13, ch. 6.UGL 179.3

    Reformatio la ƒe ŋkɔ de dzi le anyigbadzi-megãwo ŋku me. Fiavi Nyanyuixɔla, siwo fia Ferdinand gbe be yemaxɔ o la, akpɔ mɔnu kpuie be woaɖe woƒe nya na du-fiagã, du-megãwo kple hamea kplɔlawo ƒe ƒuƒoƒo. Ne wòakpɔ ŋuɖoɖo na mamã, si le fiaɖuƒea me la, fiagã Karlos V lia yɔ takpekpe sia le Augsbourg eye wòna wonya be yeŋutɔe anɔ zi me na takpekpe la. Wokpe Protestant fiaviawo hã be woanɔ takpekpe la me.UGL 180.1

    Afɔku gãwo gale Reformatio la minyam; gake eƒe kplɔlawo ɖo ŋu ɖe Mawu ŋu, eye woka ataŋu be yewo anɔ te sesiẽ na Nyanyui la. Saxoni fiavi la ƒe ŋutimewo xlɔ̃ nui be megayi ɖe takpekpe la me o. Wogblɔ nɛ be:” Menye ɖokuidede afɔku me wòanye be nàyi aɖatu ɖokuiwò ɖe dua ƒe gliwo me kple wò futɔ sesẽ la? Gake ame bubuwo ya be : “Fiaviwo neɖe zɔ kple dzideƒo eye Mawu ƒe Nya la akpɔ dziɖuɖu! Luther gblɔ be: “ Nuteƒewɔla enye Mawu. Maɖe asi le mía ŋu o. Ibid., b. 14, ch.2. Saxoni ƒe fiavi la dze mɔ kple eƒe ŋutimewo ɖo ta Augsbourg. Wo katã nya afɔku, si ate ŋu kpee la, eye wodome ame geɖewo le yiyim kple blanuilelé, kple gbɔdzɔgbɔdzɔ le luʋɔ me. Gake Luther kplɔ wo ɖo yi ɖe keke Koburg hele ŋusẽ dom woƒe xɔse, si gbɔdzɔ la, kple ha, si wòkpa le mɔzɔzɔ la me be: “Mɔ̃ sesẽe nye mía Mawu la…” Ha sia, si tso Mawu ƒe Gbɔgbɔ me la, ƒe nyatiwo na be vɔvɔwo nu tsi, eye dzideƒo ge ɖe wo me.UGL 180.2

    Ɖɔɖɔɖo fiaviawo ɖoe be yewoa ƒo ƒu nusiwo nye yewo ƒe xɔse ƒe ɖoɖowo katã kple kakaɖedzi, siwo tso Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo me, ale be yewo atsɔ ɖo ŋku me na takpekpe gã la. Wotsɔ agbalẽ sia de asi na Luther, Melankton kple woƒe hadɔwɔlawo be woaŋlɔ.̃ Ke esi wowu nu la, wotsɔ ɖo ŋku me na ame mamleawo, eye woda asi ɖe edzi. Wo katã ƒo ƒu, ŋlɔ̃ woƒe ŋkɔwo ɖeka ɖeka ɖe agbalẽ vevie sia te abe Protestant-tɔwo ƒe xɔsemeʋuʋu ene. Gaƒoƒo sesẽ tɔxɛa ɖe wònye na Nyanyui hame la. Ɖɔɖɔɖowɔlawo ƒe didi vevie nye be womaga tɔtɔ woƒe nya la kple dunyawo o. Woxɔe se be Ɖɔɖɔɖo nya ƒe ŋusẽ matso afia ɖeke wú Biblia me o. Esi fiaviawo tso be yewo ada yewo ƒe ŋkɔ ɖe agbalẽa me la, Melankton tsi tre be yeagbe na wo, eye wògblɔ be: “Nya siawo nye subɔsubɔnya ƒe nufialawo kple nunɔlawo tɔ. Woawoe latsɔ wo ɖo takpekpe la ŋku me. Ke míatsɔ ɣeyiɣi bubu, si ava la na anyigbadzi fiawo ƒe nya. Saxoni fiavi Yohanes tsi tre gblɔ be: Mawu megalɔ̃ be miaɖem ɖa le nya sia me o. Meɖoe vevie be mawɔ nye dɔdasi la; nyemele vɔvɔm na nye fia-kuku la o. Medi be maʋu Aƒetɔ la me. Nye kuku kple awudodowo mexɔ asi nam wú Yesu-Kristo ƒe atitsoga la o. Esi wòƒo nu alea vɔ ko la, eda eƒe ŋkɔ ɖe agbalẽ la té. Fiavi bubu ya gblɔ, esi wòle nuŋlɔti la tsɔm la be: Ne nye Aƒetɔ Yesu-Kristo ƒe bubu biae la, mesɔ gbe agblẽ nye ŋutɔ, nye agbe kple nye nunɔamesiwo ɖe megbe. Egayi edzi le eƒe ŋkɔ ŋɔŋlɔ̃ megbe be: “Magbe nu le nye subɔlawo kple nye duwo gbɔ, adzo le mía fofowo ƒe anyigba la dzi kple mɔzɔti le asi me, wú be maxɔ nufiafia bubu to vovo na esi le xɔseme- ʋuʋu sia me.” Ibid., b.14 ch. 6. Esiawoe nye Mawu subɔla siawo ƒe xɔsemeʋuʋu kple kalẽwɔwɔ.UGL 180.3

    Gododo kple du-fiagã ƒe ŋkeke la ɖo. Fiagã Karlos V lia nɔ anyi ɖe eƒe fiazikpui la dzi, eƒe ŋutimewo ƒo xlãe, eye wòtsɔ nya la na Protestant Ɖɔɖɔɖowɔlawo. Ke woxlẽ woƒe xɔsemeʋuʋu ƒe agbalẽ la le takpekpea ƒe ŋku me. Le bubumewo ƒe ƒuƒoƒo sia me la, woɖe Nyanyui la ƒe Nyateƒeawo me ɖe go kple numekɔkɔ blibo, eye wotɔ asi Papa ƒe hamea ƒe nu dadawo dzi. Ele eme ƒãa be woayɔ ŋkeke sia be “ Reformatio ƒe Ŋkeke gãtɔ kekeakeake kple ŋutikɔkɔe manyagblɔ ƒe ŋkeke gãtɔ dometɔ ɖeka le kristotɔnyenye kple ameƒomea ƒe ŋutinya me.” Ibid., b. 14, ch.7.UGL 181.1

    Ƒe viaɖewo yome ko enye esia, esi Wittemberg ƒe nunɔla ɖokuiɖeɖagala, tsi tre, akogo, le Worms ƒe du-takpekpe gã la ŋgɔ. Ke fifia la, fiaɖuƒea ƒe bubume-megãwo, fiavi ŋusẽtɔwo kekeake woenye amesi le eteƒe. Wode se be Luther megava Augsbourg o. Gake enɔ teƒema to eƒe nyawo kple gbedodoɖawo me. Egblɔ le eƒe nuŋɔŋlɔa ɖe me be: “Mele ʋuʋum kple dzidzɔ manyagblɔa ɖe be mele agbe vatso gaƒoƒo sia ɖo, si dzi bubu-me xɔsemeʋula gãwo le Kristo dom ɖe dzi le gãnyenye ƒe takpekpe la ŋgɔ.” Ibid. b.14 ch. 7. Ale Biblia ƒe nusi wògblɔ la le eme vam: “Maƒo nu le wò ɖaseɖiɖi la ŋu le fiawo ŋku me, eye ŋu makpem o.”Ps.119: 46UGL 181.2

    Le Apostolo Paulo ƒe ɣeyiɣi me la, Nyanyui, si ŋuti wode gae ɖo la, to mɔ sia ke dzi yi ɖe fiawo kple du-megãwo ŋku me le fia- du la me. Nenema ke, le nudzɔdzɔ sia me la, Nyanyui, si wode se be womegaɖe gbeƒãe le nyagblɔti dzi o la, keke fiasã mee wovaɖe gbeƒãe le; nya, si ame geɖewo kpɔ be menyo be subɔlawo gɔ̃ hã nase o la, eyae fiaɖuƒea ƒe aƒetɔwo kple amegãwo le sesem, wòle nuku wɔm na wo. Fiawo kple amegãmegãwoe nye nyaselawo, eye fiaviwo kple woƒe kuku le ta woenye gbeƒãɖelawo, eye gbeƒã la enye Mawu ƒe Nyateƒe la. Míaƒe ɣeyiɣime nuŋlɔlaa ɖe gblɔ be: “Tso Apostolowo ŋɔli la, xɔse-dɔa ɖeke megalolo wú esia, eye Yesu-Kristomeʋuʋua ɖeke meganyo wú esia o.” D’Aubigné, b. 14, ch. 7.UGL 182.1

    “Nusiwo katã Luther yomedzelawo gblɔ la nye nyateƒe. Mímate ŋu agbe o.” Nya sia do go le Papa ƒe episkɔpo ɖeka ƒe nu me. Ame bubu bia Dr Eck be: “Ɖee míate ŋu agbe nya, siwo Fiavi Ametiala kple amesiwo wɔ ɖeka kplii la ƒe nya siwo wogblɔa? Ŋutiɖoɖo la enye be: “Nenye le Apostolowo kple Nyagblɔɖilawo ƒe nuŋɔŋlɔwo nu la — Ao! ke nenye le nunɔlawo kple hame- takpekpe gãwo ƒe nya nu la — Ɛɛ!” Ke nyabiala gaƒo nu be: “Mese wònya la gɔme. Le wò nyagbɔgblɔ nua, Luther yomedzelawo le Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔea me, ke míawo ya míele eƒe axa dzi.” Ibid. liv. 14, ch. 8. Germania ƒe fiavia ɖewo xɔ Protestant ƒe xɔse la. Fiagã ŋutɔ hã gblɔ be nyati siwo Protestant-tɔwo ɖe ɖé go la, nyateƒe sɔŋ ko wonye. Woɖe Xɔsemeʋuʋu gbalẽ la gɔme ɖe gbe vovovowo me, eye woma wo le Europa duwo katã me. Ame akpeakpewo xɔe tso dzidzime yi dzidzimewo dzi abe woƒe xɔse ɖeɖe fia ene.UGL 182.2

    Mawu meɖe asi le eƒe subɔla nuteƒewɔlawo ŋuti le woƒe dɔwɔwɔ me o. Le esime dziɖulanyenye…. kple gbɔgbɔ vɔwo le dziƒo nutowo me ƒu asaɖa ɖe wo ŋu la, Mawu ƒe ŋku le eƒe dukɔ la dzi. Ne ɖee woʋu ŋku na wo la, anye ne wokpɔ Mawu ƒe amegbɔnɔnɔ kple kpekpeɖeŋu ƒe dzesiwo, abe alesi woɖee fia Nyagblɔɖila xoxoa ɖe ene. Esi Elisha ƒe subɔla tsɔ futɔwo ƒe aʋakɔwo, siwo ƒo xlã wo la fia eƒe aƒetɔ la, Nyagblɔɖila la do gbe ɖa gblɔ be: “Yehowa, ʋu eƒe ŋkuwo ne wòakpɔ nu.” (Fiawo II 6: 17) Dziƒo ʋakɔwo ƒu asaɖa ɖe Mawu ƒe ame la ŋuti kple sɔwo kple dzo tasiaɖamwo le to la katã dzi hena etakpɔkpɔ. Nenema kee dziƒodɔlawo kpɔ Ɖɔɖɔɖo dɔwɔlawo ta. Ɖoɖo tɔxɛ, si ta Luther ʋli vevie la enye be womabia xexeme dziɖuɖu ƒe kpekpeɖeŋu na Ɖɔɖɔɖo la o, alo aʋli eta kple ŋutilã me ƒe aʋawɔnuwo o. Ekpɔ dzidzɔ be fiaviwo ʋu Nyanyui la me, gake esi woɖo be yewoawɔ ɖeka aƒo ƒu yewo ƒe ŋusẽwo la, egblɔ na wo be: “Mawu ŋutɔ wòle be wòaʋli Nyanyui la ƒe nufiafia ta. Zi alesi amegbetɔwo made asi nya sia me o la, nenemae Mawu ƒe xɔname adzé gãa kple ŋusẽ le etakpɔkpɔ mee. Le eƒe nyagbɔgblɔ nu la, du-nyagbɔgblɔ ƒe adodo- fɔɖeɖewo tsoa vɔvɔ̃ gbɔlo kple tomaɖo ɖifɔ̃ me. D’Aubigné, liv. 10, ch. 14.UGL 182.3

    Le esime futɔ sesẽwo wɔ ɖeka be yewo agbã xɔse la, eye yi akpeakpewo dze dodo ge le aku me ɖe eŋu la, Luther ŋlɔ̃nya siwo gbɔna la be: “Satana yɔ kple dziku, nunɔla mawumasroɖalawo le takpli ƒom, eye aʋa le ʋeʋẽm ɖe mí. Mina miaxlɔ̃ nu dukɔ la be wòaɖe to ɖe Mawu ƒe Fiazikpui la, to xɔse kple gbedodoɖa me, ale be to Mawu ƒe Gbɔgbɔa ƒe wodzi ɖuɖu me la, woabia ŋutifafa. Nusi hiã mí vevie, nu gbãtɔ, si wòle be míawɔ la, enye gbedoɖa. Dukɔ la nenya bena Vɔɖitɔ la ƒe yi kple dziku trɔ ɖe edzi; amesiame nado gbe ɖa. D’Aubigné, liv. 10 ch. 14.UGL 183.1

    Le eƒe nuƒoƒo, ɣebuɣi, tso Ɖɔɖɔɖo fiaviwo ƒe ŋusẽ ƒoƒu ŋuti me la, egblɔ be aʋawɔnu ɖeka, si ŋu dɔ wòle be yewo awɔ la enye Gbɔgbɔ ƒe yi la. Eŋlɔ̃ nu na Saxoni fiavi, ametiala la be:” Mímate ŋu alɔ, kple míaƒe dzitsinya, ɖe ŋusẽ ƒoƒoƒu ƒe susu la dzi o. Míelɔ̃ be míaku zi gbɔ zi ewo fã, wú be míaƒe Nyanyui la nana ʋu ƒe dzadza ɖeka nage, alo be míaƒe wɔnaa ɖe nahe nu baɖa vɛ. Míatɔ koe nye be míanɔ abe alẽ siwo wokplɔ yina wuwu ge ene la. Ele be míatsɔ Kristo ƒe atitsoga la. Dzika megatso ƒo wò o, fiavi bubutɔ. Míawɔ nu geɖe, to míaƒe gbedodoɖawo me, wú nusi míaƒe futɔwo katã kple woƒe ɖokuidodoɖedziwo ate ŋu awɔ la. Ke megana wò asiwo naƒo ʋu kple nɔviwo ƒe ʋu o. Ŋusẽ le mía Aƒetɔ Yesu Kristo si be wòakpɔ ŋuɖoɖo kple mɔnu aɖe mí le afɔku la me, eye be wòagbã fiavi mawumasroɖalawo ƒe ɖoɖowo bɔbɔe. Dodokpɔ ko Kristo le wɔwɔm na mí, ne yeakpɔ be míawɔ ɖe yeƒe Nya dzi alo agbe mahã, míalɔ, alo agbe lelé ɖe Nyateƒe, si ŋu kakaɖedzi le la ŋuti mahã? Ne du fiagã be yeadé mí asi na eƒe ʋɔnudrɔƒewo la, miayi fãa. Wò la, mate ŋu aʋli míaƒe xɔse ta o; ele be amesiame naʋu eƒe xɔse me kple emetsonu siwo ava nɛ la. Ibid., liv. 14, ch. 1. Mawu de se na eƒe subɔlawo be woaɖo gliwo. Ke futɔ ƒe ŋusẽa ɖeke meli, si aɖe wo ɖa le gliawo ŋuti o.UGL 183.2

    Ŋusẽ, si ʋuʋu xexea katã le Ɖɔɖɔɖo gã me la, tso gbedodoɖa ƒe ɣaɣlaƒe. Le afisia la, Aƒetɔ la ƒe subɔlawo lína afɔ ɖe eƒe ŋugbedodowo ƒe agakpe la dzi. Le Augsbourg ƒe ʋiʋli la me la, Luther medzudzɔ gaƒoƒo etɔ̃ sɔŋ tsɔtsɔ na gbedodoɖa le ŋkekea me o. Etiana gaƒoƒo siawo le nusɔsrɔ̃ ƒe ɣeyiɣi nyuitɔwo me. Wosea eŋkɔ wònɔa eƒe luʋɔ me ʋum na Mawu le eƒe xɔgã me ƒe bebeƒe kple nyati siwo yɔ kple subɔsubɔ, vɔvɔ̃ kple mɔkpɔkpɔ, abe amesi le nu ƒom na exɔlɔ̃ ene. Eƒe nuƒo yia ale: ” Menya be wòenye mía Fofo kple mía Mawu, eye be àka viwowo ƒe yometilawo ahlẽ, elabena wò ŋutɔ hã nèle afɔkuwo me kpli mí. Nya sia katã tɔwò wònye, wòebia mí, eye míawo hã míede asi eme. Eyata nàkpɔ mía ta, Fofo.” Ibid., liv. 14, ch. 6. Eŋlɔ̃ ɖoɖe Melankton, si ƒe xaxawo kple vɔvɔwo té ɖe edzi la be: “Amenuveve kple ŋutifafa le Kristo me! Mebe le Kristo me, menye abe le xexeame nu ene o. Amen! Melé fu, kple ƒulelé gãa ɖe, wò nuxaxa gbogbo, siwo le wò agbe la ɖum la. Ne míaƒe nya la mele dzɔdzɔe o la, ekem ɖe asi le eŋu. Vɔ ne ele dzɔdzɔe la, nukatae míana Amesi de se na mí be míadɔ̃ alɔ̃ vɔvɔmanɔmee la ƒe ŋugbedodowo nazu alakpanya? Kristo mahe ɖe megbe le dzɔdzɔenyenye kple Nyateƒe ƒe dɔ la ŋuti o ɖe. Ele agbe, le fia ɖum. Nuka gɔ̃ míagavɔ̃ na? Ibid., liv.14, ch. 6.UGL 184.1

    Mawu se eƒe subɔlawo ƒe ɣlidodowo. Ena fiaviawo kple hadɔwɔlawo eƒe amenuveve kple dzideƒo be woatsɔ lé Nyateƒe la ɖe te le xexesiame vivitiŋusẽwo ŋgɔ. Aƒetɔ la gblɔ be: “Kpɔ ɖa! Meɖo dzogoedzikpe tiatia xɔasi anyi ɖe Zion, eye amesi ke xɔ edzi se la, ŋu mele ekpe ge o.” (1Petro 2: 6.) Protestant Ɖɔɖɔɖowɔlawo tu xɔ ɖe Kristo dzi, eye dzomavɔ ŋusẽwo mate ŋu awɔ naneke na wo o.UGL 184.2

    ----------

    Larger font
    Smaller font
    Copy
    Print
    Contents