Loading...
Larger font
Smaller font
Copy
Print
Contents
  • Results
  • Related
  • Featured
No results found for: "".
  • Weighted Relevancy
  • Content Sequence
  • Relevancy
  • Earliest First
  • Latest First
    Larger font
    Smaller font
    Copy
    Print
    Contents

    5—YOHANES WIKLEF

    Aʋa, si woho ɖe Biblia ŋu la sesẽ ale gbegbe be agbalẽ sia ƒe ɖeka ɖekaa ɖewo koe ɣlana ɖe afia ɖewo. Gake Mawu melɔ̃ be woatsrɔ̃ yeƒe Nya la keŋkeŋ o. Mele be woatsyɔ̃ nu eƒe Nyateƒeawo dzi yi ɖaa o. Ne elɔ̃ la, ate ŋu atso kɔsɔkɔsɔ, siwo le ga dem Agbenya la bɔbɔe, abe alesi ko woʋu gagbowo, heɖe ga eƒe subɔlawo ene. Le Europa ƒe du vovovowo me la, Mawu ƒe Gbɔgbɔ tutu amewo be woadi Mawu ƒe Nyateƒe la abe kesinɔnu ɣaɣlaa ɖe ene. Woyi ɖe Ŋɔŋlɔawo gbɔ, eye wosrɔ emenyawo kple veviedodo. Wole klalo laxɔ kekeli la, alekeake anye emetsonuwo hã. Ne womele wo katã me sem nyuie o hã, wole kekem ɖe nyateƒea ɖe, siwo dzi wotsyɔ̃ nui didie la ŋuti. Abe dziƒo ƒe gbeƒãɖelawo ene la, woyina teƒeteƒewo ɖatsona nu dada kple numaɖinu-dzixɔse ƒe kɔsɔkɔsɔwo, hebiana amesiwo wode ga ɣeyiɣi didia ɖe la be woatso ne woaɖe gbeƒã woƒe ablɔɖe, si wokpɔ la.UGL 62.1

    Le ƒe alafa geɖewo me, to vovo na alesi wònɔ le Vaud dumetɔwo dome ene la, woɣla Nya la ɖe gbe, siwo nunyala gãwo ɖeɖe ko nya la me; ke azɔ la, gaƒoƒo la de be woaɖe Ŋɔŋlɔawo gɔme na dukɔ vovovowo le woawo ŋutɔ de-gbe me. Xexeme la to viviti geɖe me. Ɣeyiɣi do blukɔwo nu le yiyim, eye le teƒeteƒewo la, agudzedze ƒe dzesiwo le dzedzem.UGL 62.2

    Le ƒe alafa wuienelia me la, “Reformatio ƒe « Ŋukeɣletivi » la dzé le Aŋlisi-blɔtsi. Yohanes Wiklef ye nye Ɖɔɖɔɖo ɣlidola, menye na Aŋlisi dua ɖeɖe ko o, ke na kristotɔwo katã. Eƒe nyameɖeɖe, tsi tre ɖe Roma ŋu la, anɔ ɖiɖim yi ɖaa. (75) Eʋu ʋɔtru na ʋiʋli, si ahe ŋgɔdede blibo vɛ na amesiame etɔxɛ etɔxɛ, na Hame la kple na dukɔwo katã.UGL 62.3

    Wiklef xɔ tutuɖo le vovokpɔkpɔ me, eye nusi dzi woxɔ se lae nye be Mawu vɔvɔ̃ enye nunya ƒe gɔmedzedze. Wodze sii le eƒe suku ɣeyiɣiwo me abe amesi vɔa Mawu vevie kple amesi, si nunana geɖe le kple amesi ƒe susu de ŋgɔ geɖe la ene. Ɖe alesi nunya ƒe tsikɔ wua eyama geɖe ta la, esrɔ̃ nu tso agbemenunya ƒe alɔdze vovovowo ŋu. Esrɔ̃ nu tso susu gã ɖeɖewo, hame-sewo kple du-sewo ŋu geɖe, tɔxɛ tso wode-du ƒe sewo ŋuti. Wode dzesi tutuɖo, si wòxɔ le eƒe sɔhɛnyenye me la, ƒe asixɔxɔ to nusiwo wòŋlɔ̃ emegbe la me. Enya eŋɔlimetɔwo ƒe nunya-susuɖeɖewo nyuie, eye woɖena woƒe mademadewo fiana bɔbɔe; nusiwo wòsrɔ̃ ku ɖe du- sewo kple hamea ƒe sewo ŋu la na be wòte ŋu ʋli dumevinyenye ƒe dzenawo kple vovokpɔkpɔ le Mawu subɔsubɔ me ta nyuie. Le esime wònya Mawunya ƒe aʋawɔnuwo ŋuti dɔ wɔwɔ nyuie la, eganya alesi nunya-susuɖelawo ƒe hatsotsoe vovovoawo wɔa aʋa le wonɔewo dome la nyuie. Eƒe aɖaŋu ƒe ŋusẽ kple eƒe nunya ƒe takeke kple to dede, na be exɔlɔwo kple futɔwo siaa dea bubu eyama ŋu geɖe. Eyomedzelawo kpɔa dzidzɔ ɖe alesi woƒe ŋgɔnɔla la nye wode-du ƒe nunyala gãtɔwo kekeake dometɔ ɖeka la ŋuti. Esia na be eƒe futɔwo mete ŋu doa vlo ɖɔɖɔɖo wɔwɔ ƒe nya la, agblɔ tso wo ŋu be agbalẽmanyalawo sɔŋ wonye o.UGL 62.4

    Wiklef dze Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo sɔsrɔ̃ tso suku ke. Ɣemaɣi la, Biblia, si woŋlɔ̃ le blema-gbewo me la, mele ʋuʋu ɖi na ame madeŋgɔwo le suku me o, ke na nunyalawo ko. Alea ye mɔ la le tata daɖi na Wiklef ƒe ɖɔɖɔɖo-dɔ la. Nunyala gã, siwo srɔ̃ Mawu ƒe Nya la, ke ɖe Nyateƒe xɔasi, si nye amenuve nunana femaxe la ŋuti. Wokaka Nyateƒe sia to woƒe nufiafiawo me, eye wokplɔ ame geɖewo ɖo ta Mawu ƒe Agbe-Nya la gbɔ.UGL 63.1

    Esi wohe Wiklef ƒe ŋku va Ŋɔŋlɔawo dzi la, edze wo sɔsrɔ̃ enumake kple dzo, si wòtsɔ srɔ̃ susuɖeɖe ƒe nusɔsrɔwo tsã la. Keke va ɖo ɣemaɣi la, eƒe luʋɔ mekpɔa dzidzeme le naneke me o, elabena nane nɔ ehiãm vevie, si mekpɔna le eƒe suku nusɔsrɔwo me, alo le hamea ƒe nufiafiawo me o.UGL 63.2

    Ke azɔ, nusi wòdi do kpoe la, eke ɖe eŋu le Mawu ƒe Nya la me. Eke ɖe ɖeɖekpɔkpɔ ƒe ɖoɖo ŋuti; woɖe Kristo fia abe amegbetɔ ƒe Nyaxɔɖakɔla ɖeka, si ko li la ene. Ede dzesii hã be Roma te ɖa tso Biblia ƒe mɔwo dzi hekplɔ amegbetɔ ƒe dekɔnuwo ɖo. Etsɔ eɖokui de Kristo ƒe dɔ la me, eye woɖoe vevie be yeaɖe gbeƒã Nyateƒe, siwo ŋu yeke ɖo la.UGL 63.3

    Edze egɔme kple veviedodo gãa ɖe; ke zi alesi wònɔa kekem ɖe papadziɖuɖua ƒe nu dadawo ŋu la, enɔa nufiafia ku ɖe xɔse ŋu la fiam kple eme kɔkɔ nyuie. Eƒe Biblia nyanya, susu ƒe todede, agbe ƒe kɔkɔenyenye, nuteƒewɔwɔ kple dzidodo maʋãmaʋã, na be amewo kana ɖe eyama dzi, eye wolɔa eƒe nya gbɔ. Nufiala, si nya eƒe dɔ kple gbeƒãɖela, si ƒoa nu nyuie wònye, eye eƒe gbesiagbe gbenɔnɔ nyea eƒe nufiafiawo ƒe ɖeɖefia. Ede dzesii be Roma ɖe asi le Mawu ƒe Nya la ŋuti hetsɔ amegbetɔ ƒe numamewo ɖɔ li eteƒe; etsɔ nya ɖe nunɔlawo ŋu vɔvɔmanɔmee, be woɖe Ŋɔŋlɔawo ɖa, eye wòbia wo be woatrɔ Biblia vɛ na dukɔ la, eye woatsɔ eƒe ŋusẽ la agatu tsitre le hamea me azɔ. Le alesi nuvɔ̃ le fia ɖum le hamea me ta la, ame geɖewo megale dzidzɔ kpɔm le woƒe gbã xɔse la ŋu o; eyata esi Wiklef na wonɔ kekem ɖe Nyateƒeawo ŋu azɔ la, woxɔ wo le gaglãgbe kple dzidzɔ gãa ɖe. Ke nunɔlawo ya, dzi nɔa wo kum vevie le alesi Ɖɔɖɔɖowɔla sia ƒe ŋkɔ nɔ du dem, eye ame gedewo nɔ eyome dzem hegblẽ wo ɖi la ta.UGL 63.4

    Susuɖela gã, si kpɔa nu do ŋgɔ la enye Wiklef, eye nu dada, siwo le eme vam la mebu ɖe eƒe ŋku, si kpɔa nu de to la o; etsi tre kalẽtɔe ɖe gbegblẽ, siwo li, siwo dzi Roma dziɖuɖu la da asi ɖo la ŋuti. Le esime wònye nunɔla, si kpɔa fia ƒe subɔsubɔnyawo gbɔ la, etsi tre sesiẽ ɖe amlɔkɔe alo du-ga, si papa nɔa biabiam tso Aŋlisi du-fia si la ŋuti, eye wògblɔ be eƒe ŋusẽ, si wòbe yekpɔ ɖe fiawo dzi la, nye nusi tsi tre ɖe gɔmesese nyui kple Mawunya la ŋuti. Papa ƒe ɖokuidodoɖedzi sia ho dzi na amewo le Aŋlisi du la katã me, alebe Wiklef ƒe nufiafiawo nɔ dɔ wɔm ɖe dukɔa ƒe ameŋkutawo ƒe dzi me geɖe. Fia la kple eƒe du-megãwo wɔ ɖeka tsi tre ɖe Roma ƒe xexeme dziɖuɖu ŋusẽ kple amlɔkɔe, si biam wònɔ tso fia si la ŋuti. Alea ye papa ƒe gãnyenye la xɔ abi vevie le Aŋlisi du la me.UGL 64.1

    Ɖɔɖɔɖowɔla sia gaho aʋa ɖe madzɔmadzɔ bubu, si ŋu wòtsi tre ɖo vevie tsã la ŋu. Eyae nye nunɔla nubialawo ɖoɖo anyi. Nubiala siawo sɔ gbɔ le Aŋlisi-du la me ale gbegbe, eye woƒe anyinɔnɔ gblẽ nu geɖe le dukɔ la ƒe gãnyenye kple ŋgɔdede ŋuti. Nenema ke wòhe gbegblẽ va hehenana, dɔwɔƒe gãwo, kple dɛ̃ ƒe blibodede hã mee. Sɔhɛwo ƒe dɛ̃ gblẽ, nyunyɔ. Sukukɔkɔ-delawo hã ge ɖe nunɔla ɖokuiɖeɖagalawo ƒe alakpanyawo me, hewɔ ɖeka kple woƒe ƒuƒoƒowo. Wo dometɔ geɖewo se veve, esi wokpɔ alesi wogblẽ woaŋutɔwo ƒe agbe dome, kple alesi wodo vevesese na wo dzilawo le esia wɔwɔ me ta. Nublanuitɔe la, megbeyiyi megali na wo o. Dzila geɖe, siwo le vɔvɔm na ɖokuiɖeɖagalawo ƒe nusẽ la, gbe be yewomaɖo yewovi ŋutsuviwo ɖe sukukɔkɔwo o. Wotia be ɖeviawo natsi yewo gbɔ, wú be yewoatsɔ wo de woƒe ŋusẽ te, eye woava xɔ wo le yewo si. Ale wɔ sukuwo tsi ƒuƒlu, eye agbalẽmanya keke ta le afisiafi.UGL 64.2

    Papa na ŋusẽ nunɔla nubiala siawo be woase amewo ƒe nuvɔmeʋuʋu, eye woana nuvɔtsɔtsɔke amewo faa. Esia hã ganye gbegblẽ kɔ ɖe gbegblẽ dzi ƒe mɔnu. Le woƒe ga didi vivivo me la, wonana nuvɔtsɔtsɔke amesiame, si va wo gbɔ la, ale be agbevɔɖinɔla ɖesiaɖe ƒomevi ƒua du yia wo gbɔ, na tsɔtsɔke. Esiata, medidi o, nuvɔɖiwɔwɔ gasẽ ɖe edzi. Wogblẽ ahedalawo kple dɔnɔwo ɖe woƒe fukpekpewo me, elabena nunana, siwo woatsɔ kpe ɖe wo ŋu na woƒe xaxawo ɖeɖeɖa la, yi na nunɔla gadila siawo, siwo le hotsui kpɔm ɖe dzi, to gbɔ be wofia adzɔgbe na ahedada gake. Woƒe nɔƒewo ƒe atsyɔ̃ kple woƒe nuɖukplɔwo ƒe nu xɔasi, siwo le wo dzi la, nye gɔmesese, si me kɔ ƒãa na dukɔa ƒe ahedada kple to yiyi, si me wòle la. To gbɔ be ele alea hã la, woƒe beble ƒe ŋusẽ la gale dɔ wɔm ɖe amewo dzi, eye dukɔa katã gatsɔ eƒe numaɖinu dzixɔse ƒe bubu gã nana nunɔla siawo, siwo ganɔa wo flum be gãnyenye tsɔtsɔ na papa, ame kɔkɔewo ƒe subɔsubɔ, kple nudzɔdzɔ na nunɔla nubialawo yenye woƒe dɔdasi, siwo wobia tso wo si, siwo ana woakpɔ nɔƒe le dziƒo la.UGL 65.1

    Nunyalawo kple mawuvɔlawo wɔ ŋutete be yewoahe ɖɔɖɔɖo va nunɔla siawo ƒe agbe me, gake womete ŋui o. Ke Wiklef, si dzesi amegbetɔ ƒe dzi ƒe nɔnɔme nyuie la, ho aʋa ɖe gbegblẽ la ŋuti tso eƒe gu nu ke. Ena wonya be nunɔla ɖeɖeɖagalawo ƒe ɖoɖo anyi la nye nusi mele eteƒe o, eye wòle be woaɖee ɖa. Nya sia he nyameɖeɖe kple numekuku geɖe vɛ. Esi nunɔla siawo nɔa tsa ɖim le duwo me, henɔa papa ƒe nuvɔtsɔtsɔke dzram na amewo la, ame geɖewo dze ɖikeke azɔ, eye wonɔa wo ɖokui biam se bena ɖe woate ŋu aƒle tsɔtsɔke kple ga mahã? Ɖe menyo be woayi ɖe Mawu gbɔ wú be woaɖo ta Roma ƒe nunɔlagã la gbɔ oa? Nunɔla siawo ƒe ŋukeklẽ na ga ɖo vɔvɔ̃ na ame geɖe, elabe naneke meɖia ƒo na wo o. Wogblɔ be Roma ƒe nunɔlawo kple ɖokuiɖeɖagalawo le yewo ɖum abe dɔ vɔ̃ ene, eye bena ne Mawu mexɔ na yewo o la, ekem yewoatsrɔ. (—D’Aubigné, b. 17, ch. 7.-) UGL 65.2

    Be woatsɔ ɣla woƒe ŋkutsitsi wɔnawo la, ɖokuiɖeɖagala siawo nɔa amewo flum be Ɖela ƒe kpɔɖeŋu yome ye yewo dze, elabena eya kple eƒe apostolowo biaa nu hafi ɖuna. Alakpa sia ŋutɔ ye gba wo do koŋ. Ena be ame geɖewo dze nume kuku be yewoake ɖe Nyateƒe la ŋu le Nubabla Yeye la me, nusi Roma medi kura o hafi. Alea ye amewo ƒe susu ɖo ta Biblia ƒe Nyateƒe, si hamea di vevie be yeaɣla la gbɔ.UGL 66.1

    Zi alesi Wiklef nɔ Biblia me dzrom la, eƒe nufiafiawo me ga kɔna nɛ nyuie wú tsã. Ekpɔ alesi Roma hamea de gbegblẽ Kristo ƒe Nyanyui la me, hetro eƒe gɔmesese lae. Edze agbalẽ ŋɔŋlɔ̃ kple emamã tsi tre ɖe nunɔla siawo ŋuti la gɔme, menye bene yeahe nya kpli wo o, ke boŋ bene yeahe amewo ƒe susu va Biblia ƒe nufiamewo kple eƒe Aƒetɔ la gbɔ. Ena wonya be Papa kple nunɔlawo siaa meɖo ŋusẽa ɖeke aɖe nuvɔ̃ ɖa alo atsɔe ke o, eye bena, le nyateƒe me la, amegbetɔa ɖeke mate ŋu aɖe ehavi ɖa le hamea me, ne menye be Mawu ƒe fɔbubu le edzi hafi o. Nu bubu meli Wiklef agate ŋu awɔ wú esia, atsɔ gbã nuɖoanyi sesẽ sia, si Papa ɖo ɖi na gbɔgbɔme kple nutilãme ƒe ameteteɖeto, si luʋɔ akpeakpewo zu kluvi na la o.UGL 66.2

    Wogayɔ Wiklef be wòavaʋli Aŋlisi fiakuku la ƒe dzena, siwo dzi Roma ganɔ afɔ tum la ta. Abe fia teƒenɔla ene la, ewɔ ƒe eve sɔŋ le Belgium du la me, henɔa go dom kple Papa ƒe amedɔdɔwo. Enɔ kadede me kple nunɔlawo tso Frans, Italia kple Spania, ale be wòkpɔ mɔnu ke ɖe adza me ƒe nudzɔdzɔ ɣaɣla geɖe, siwo ŋuti mate ŋu ake ɖo gbeɖe le Aŋlisi-du la me o la ŋuti. Eƒe nuteƒekpɔkpɔ xɔasi siawo na be wòde dzesi eƒe dɔ, siwo le ŋgɔ nɛ la, ƒe vevienyenye. To Papa ƒe ŋutime siawo dzi la eke ɖe eƒe aƒetɔnyenye ƒe nɔnɔme kple tameɖoɖo vavãwo ŋuti. Ke etrɔ yi ɖe Aŋlisi-du la me, eye woyi ɖe eƒe tsã nufiafiawo dzi, hete gbe ɖe wo dzi kple dzo yeye. Eɖe gbeƒã be Roma ƒe mawuwoe nye gadidi vivivo, dada kple amebeble.UGL 66.3

    Egblɔ tso Papa kple eƒe gadzɔlawo ŋuti be: “Woxɔa amedahewo ƒe nunɔamesiwo, eye ƒe sia ƒe la, wobiana ga home akpe akpewo tso fia la sí na sacramento kple gbɔgbɔme-nu bubuwo, abe « simonia » ƒe fiƒode nuɖoanyi dada, si ɖe mɔ be woaxe fe ɖe gbɔgbɔme nuwo kple hamea ƒe dɔdasia ɖewo ta ene; wolé nu dada sia ɖe asi le kristotɔwo ƒe duwo katã me. Egagblɔ hã be: « Nyateƒe wònye be nenye ɖe sika-to gãa ɖe le miaƒe fiaduƒea si, esi ŋu ame bubua ɖeke maka asi, negbe nunɔlagã dadala kple xexeme lɔla ma ƒe gadzɔla ɖeka ko o la, sika-to sia anyi vɔ keŋkeŋ mlɔeba; elabe enuenu wonɔa ga xɔm le dua si, eye wometsɔa naneke vana nɛ o, negbe Mawu ƒe fiƒode, si kplɔ simonia ɖo la ko. » John Lewis, History of the Life and Sufferings of J. Wiclef , p. 37.UGL 67.1

    To gbɔ be Wiklef nɔ nyateƒe tom, asimali eŋu hã, wotsɔe be wòanye Lutterworth Sukukɔkɔ la ƒe tatɔ. Eƒe tiatia sia, si tso fia la gbɔ, ke menye Papa gbɔ o la, nye kakaɖedzi be fia la da asi ɖe eƒe nuŋɔŋlɔwo dzi. Eƒe dzesiwo le dzedzem le fia-ƒea me kple mɔ, si tom dukɔa katã ƒe xɔse le azɔ la me.UGL 67.2

    Ke Papa ƒe dziɖegbe ŋusẽ dze bublu ɖe Ɖɔɖɔɖowɔla la dzi. Woɖo segbalẽ etɔ̃ ɖe Aŋlisi-du la me: ɖo ɖe Sukukɔkɔ la, Dufia kple nunɔlawo siaa. Agbalẽ etɔawo katã le se dem be woatsi tre enumake awɔ nusianu be woatsi gbe ɖe “nu-dada” ƒe gbeƒãɖela la nu. -Augustus Neander, General History of the Christian Religion and Church, period 6, sec. 2, pt. 1 par. 8 .- Do ŋgɔ na Papa ƒe se- gbalẽawo ƒe vava la, episkɔpo, siwo le dua me la, yɔ Wiklef va wo gbɔ be yewoadrɔ̃ ʋɔnui. Ke fiaɖuƒea ƒe fiavi ŋusẽtɔ evewo kplɔe ɖo, eye ameha gãa ɖe, si ƒo xlã teƒea la, ge ɖe ʋɔnudrɔƒea kple howɔwɔ ale gbegbe be vɔvɔ, si ɖo ʋɔnudrɔlawo la, na be woɖe asi le Wiklef ŋu wòdzo le ŋutifafa me.UGL 67.3

    Medidi fũ hafi fia Edouard III si, le eƒe tsitsi me, nunɔlawo di be yewoate ɖe edzi ne wòatsi tre ɖe Ɖɔɖɔɖowɔla ŋu la, ku, eye amesi kpɔa Wiklef ta tsã la va zu fia-teƒenɔla.UGL 67.4

    Papa ƒe segbalẽawo bia tso Aŋlisi dukɔa katã si be woalé “nudadafiala” la de gaxɔ me. Nya sia gɔme koe nye be le nuwuwu la, woatɔ dzoe le ati ŋu. Ɖikeke mele eme o be kpuie la, Wiklef azu Roma ƒe hlɔbiabia ƒe ade-lã o. Gake, Amesi gblɔ na mía tɔgbui ɖeka le blema be: “Megavɔ̃ o, nye enye wò akpoxɔnu..” la, (Mose I, 15:1) gado eƒe asi ɖa hekpɔ eƒe subɔla la ta. Le esi wòle be Ɖɔɖɔɖowɔla la na bu eƒe agbe la, nunɔlawo ƒe tatɔ, si ɖe gbe be woaɖe eƒe agbe ɖa lae ku tsɔ yi yɔme. Gregorio XI lia ku, eye ʋɔnu, si woɖo anyi na Wiklef ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ la kaka.UGL 67.5

    Mawu ƒe dɔwɔna gale mɔ tam na Reformatio la ƒe ŋgɔ yiyi le Aŋlisi du la me. Nusi kplɔ Gregorio ƒe ku ɖo la enye papa eve, siwo tsi tre ɖe wonɔewo ŋu la ƒe fiazikpui dzi nɔnɔ. Ŋusẽ eve, siwo le wo ɖokui kpɔm be vomadalawo la, le toɖoɖo biam tso amewo si. Akpa ɖeka le hameviwo ƒe kpeɖeŋu biam na aʋa hoho ɖe akpa kemɛ ŋu, kple busunya sesẽwo kɔkɔ ɖe futɔwo dzi, kpakple dziƒo ƒe ŋugbedodowo na yomedzelawo. Ʋiʋli sia de gbɔdzɔgbɔdzɔ gãa ɖe Papa ƒe dziɖuƒe la me. Le esime papa eveawo ƒe susuwo katã ku ɖe ʋiʋlia ŋu la, Wiklef kpɔ vovo ɣeyiɣia ɖe. Le ʋunyaʋunya ƒe gaƒoƒo mawo me, Wiklef dzo yi ɖe eƒe hame la me le Lutterworth. Papa eve siawo nɔ fi ƒom de wonɔewo, nɔ nya tsɔm ɖe wonɔewo ŋu kple ʋukɔkɔɖi geɖe. Hlɔdɔdɔ kple nuɖianuwo yɔ hamea me fũ. Ɣemaɣi katã, Ɖɔɖɔɖowɔla la nɔa Nyateƒea ƒe nukuwo ƒãm kple veviedodo, henɔa amewo biam be woaɖe ŋku ɖa le papa, siwo le aʋa me la dzi da ɖe Yesu, Ŋutifafa-Fiavi la dzi.UGL 68.1

    Mamã, ʋiʋli kple ʋunyaʋunya, siwo xɔ hamea me la, ta mɔ na Reformatio la, eye wònye asinukpɔkpɔ na dukɔa be wòadzesi nusi nye papadziɖuɖua le nyateƒe me azɔ. Wiklef ŋlɔ̃ agbalẽa ɖe ƒo nu tso papawo ƒe mamã-dzre sia ŋu, si me wònɔ dukɔ la biam se le be ɖe menye nyateƒe tom papa eve siawo, siwo nɔa wonɔewo yɔm be aŋtekristo, alo Kristo ƒe futɔ la, le o mahã. Eyi edzi gblɔ be: “Abosam megale dzi ɖum le ame ɖeka me o, ke boŋ le nunɔla eveawo me, ale be amegbetɔ nate ŋu aɖu wo ame eveawo dzi bɔbɔe le Kristo ƒe Ŋkɔ la me.” R. Vaughan, Life and Opinions of John Wycliffe, vol. 2, p. 6 .UGL 68.2

    Abe eƒe Aƒetɔ ke ene la, Wiklef ɖe gbeƒã Nyanyui la na amedahewo. Esi wònye be sukukɔkɔ ƒe subɔsubɔnya nufiala wònye ta, eɖea Nyateƒe la fiaa eƒe nusrɔlawo, eye wòxɔ ŋkɔ be Mawunya-nunyala gã. Eƒoa nu le eƒe hamea me abe xɔlɔ̃ kple kplɔla ene. Gake eƒe agbemedɔ gãtɔ, si wòwɔ la enye Biblia me ɖeɖe ɖe Aŋlisi-gbe me. Le agbalẽa ɖe, si wòŋlɔ̃ me, si ƒe tanya enye “Ŋɔŋlɔawo ƒe Nyateƒe kple gɔmesese” la, ena wonya be yele Biblia gɔme ɖe ge ɖe yewode-gbe me, ale be Aŋlisi dumevi ɖesiaɖe nate ŋu axlẽ nu tso Mawu ƒe nuku dɔwɔwɔwo ŋuti.UGL 68.3

    Gake le esime menɔ mɔkpɔkpɔ me kura o la, eƒe dɔwɔwɔwo nu tso. To gbɔ be mekpɔ xɔ ƒe blaadẽ o hã la, kuxi madzudzɔwo kple futɔwo ƒe fuɖenamewo na be eƒe nusẽ nu le yiyim, eye wòdze tsitsi kaba do ŋgɔ na eƒe ƒe la. Eva dze dɔ sesẽa ɖe, si de eƒe agbe afɔku me. Nya sia do dzidzɔ na nunɔlawo geɖe. Wosusu be azɔ la, ase veve vevie ɖe nuvɔɖi, siwo wòwɔ ɖe hamea nuti la nu; woɖe abla yi egbɔ be wòaʋu nuvɔ̃ me na yewo. Nunɔla ɖeɖeɖagalawo ƒe hatsotsoe ene, siwo li la, ƒe amedɔdɔwo kple sewɔƒemenɔla ene hã kplɔ wo ɖo yi ɖe amesi woxɔ se be ele kumɔdzi la gbɔ. Nya, si wogblɔ nɛ la enye esi: “Ku le wò nuyiwo dzi, wò vodadawo newɔ dɔ ɖe dziwò, be le mía ŋku me fifilae la nàʋu eme be yetrɔ le nya siwo katã yegblɔ tso mía ŋuti la yome. Wiklef zi ɖoɖoe sẽe, heɖe asi wo woƒo nu vɔ keŋ, eye wòbia eƒe subɔla be wòalé ye nɔ anyi; eli ŋku tsitotsito ɖe nunɔla, siwo le ebiam be wòagbe nu le eƒe nyawo gbɔ la dzi, eye wògblɔ kple eƒe gbe sesẽ, si nu woʋuʋuna le tsã la be: “Nyemele kuku ge o, ke manɔ agbe, eye magblɔ nunɔlawo ƒe gbegblẽwo fia.” (D’Aubigne , liv. 17, ch. 7). Alea ye wònɔ na nunɔla siawo kple amesiwo dze wo yome la be woado go adzo le ŋukpẽ kple dziku heliheli me.UGL 69.1

    Nusi Wiklef gblɔ la va eme. Enɔ agbe, wu Biblia gɔmeɖeɖe nu, hetsɔe de asi na eƒe dukɔ la, wònye aʋawɔnu sẽŋua ɖe ɖe Roma ŋu, eye wòganye nusi dziƒo tsɔ na be wòaɖe ga dukɔ la, aklẽ ɖe eƒe mɔ dzi, atsɔ Nyanyui la nɛ la. Ke dɔléle xɔ eyama me keŋ azɔ; Enya be ƒe via ɖewo koe le ye si yeatsɔ wɔ dɔ. Ekpɔ tsitretsiɖameŋu sesẽ, si le eŋgɔ la, gake eziɔ ɖe Mawu ƒe ŋugbedodowo ŋu, hekpɔ dzideƒo kple ŋusẽ, si hiãe la, na dɔ la dzi yiyi kalẽtɔe. To eƒe nunya gã kple nuteƒekpɔkpɔ xɔasiwo me la, Mawu dzra eyama ɖo le eƒe amenuve tɔxɛ me, helée ɖe te na dɔdasi sia, si nye gãtɔ kekeake le eƒe dɔwo katã dome. Ke le esime kristotɔ-ƒomea tsi dzimaɖi la, Wiklef ya le eƒe dɔ, si wòtsɔ ɖo eɖokui dzi la dzi, le Lutterworth ƒe Sukukɔkɔ la me, ɖekematsɔleme na ahom-dziŋgɔli, si le gbe ɖem la.UGL 69.2

    Ewu eƒe dɔ la nu keŋ azɔ: eyae nye Biblia gɔmeɖeɖe gbãtɔ, si wowɔ le Aŋlisi-gbe me. Ke Aŋlisi-du la ate ŋu axlẽ Mawu ƒe Nya la azɔ. Ɖɔɖɔɖowɔla la megale naneke vɔm o, eɖanye gakpɔ o, alo kadeve, alo dzotɔame o. Etsɔ kekeli, si mate ŋu atsi gbeɖe o la, na eƒe dukɔ la. Eƒe Biblia tsɔtsɔ na eƒe dumetɔwo la nye nu gãa ɖe, si wòwɔ hena bometsitsi kple agbe vlo nɔnɔ ƒe kɔsɔkɔsɔwo tsotso, si aɖe ga ede-du, ahade bubu eŋu la; nusiawo la amegbetɔ mate ŋu awɔ wo gbeɖe to aʋa gãwo dzi ɖuɖu me o.UGL 70.1

    Womeke ɖe agbalẽtata ƒe nunya ŋuti haɖe o, ale be Biblia sɔ gbɔ tata nye dɔ gãa ɖe, si mete ŋu ɖe zɔ̃ kaba o. Esi wònye be amesiwo le edim la sɔ gbɔ ale gbegbe la, ame geɖe tsɔ lɔlɔnu faa de wo ɖokui Agbalẽ la ŋɔŋlɔ̃ kple asi ƒe dɔ la me kple dzidzɔ. Kɔpi-ɖelawo mete ŋu le Biblia ƒlelawo ƒe xexlẽme dzi kpem o. Eƒlela hotsuitɔa ɖewo bia agbalẽ blibo la katã; ke ame bubuwo ya eƒe akpaa ɖe ko dzi wokpe. Edziedzi la, ƒome geɖewo wɔa ɖeka ƒlena Biblia blibo ɖeka. Ale, Wiklef ƒe Biblia kpɔ mɔ ge ɖe ƒome geɖewo me le Aŋlisi-du la me.UGL 70.2

    Woxɔ Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo kple dzidzɔ gãa ɖe. Enɔ na wo abe gbea ɖe, si ɖi tso dziƒo ene, le gbɔgblɔm na luʋɔ, siwo di agbemɔ la didie dokpoe la, be: “Mɔ la enye si, mizɔ edzi.” To vovo na nyaxɔɖakɔla geɖe, siwo Roma ɖo anyi la, amewo ke ɖe enu azɔ be “Nyaxɔɖakɔla ɖeka hɔ̃ koe li. “Elabena Mawu ɖeka kple Avuléla ɖeka, si le Mawu kple amewo dome, si nye ame Kristo Yesu la, koe li.” (Tim.I, 2:5;) Eyata woate ŋu ayi ɖe Dziƒoʋĩtɔ la ƒe ŋku me vɔvɔ̃ manɔmee, to Amesi nye Mɔ vavã la dzi.UGL 70.3

    Amewo nyɔ le susu me azɔ ku ɖe alesi wotsɔa wo ɖokui dea Papa ƒe nuɖoanyi dadawo te, ʋiʋli manɔmee la ŋuti. Ke fifia Wiklef le Protestante ƒe nufiafia, siwo de dzesi Nyanyui Hamea la fiam. Woawoe nye: ɖeɖekpɔkpɔ to Yesu dzixɔse me, kple Ŋɔŋlɔawo ɖeɖe ko ƒe nyateƒenyenye. Hena Nyanyui la ƒe kaka ɖe Aŋlisi-dua katã me la, eɖo mawunya gblɔlawo ƒe ƒuƒoƒoa ɖe anyi, siwo me ame gblɔe, nuteƒewɔlawo le, wo amesiwo lɔ̃ Nyateƒe la, eye woƒe didi ɖeka koe nye Nya la ƒe kaka. Nenem mewo yia afisiafi, nɔa nu fiam le asiwo me, agbleta-mɔwo kple dugãme-mɔwo dzi. Wokaka Biblia kple Wiklef ƒe agbalẽwo, eye wokpɔ ŋgɔdede gãa ɖe le ewɔwɔ me, ale be dukɔ blibo la ƒe mamãme kloe xɔ dzixɔse yeye la wɔ etɔ.UGL 70.4

    Biblia ƒe kaka ɖe dukɔa me nye nusi ɖo vɔvɔ̃ na hamea kplɔlawo ŋutɔ. Wole akɔ kpege azɔ kple ŋusẽ, si lolo fũ wú Wiklef; ŋusẽ, si womate ŋu awɔ naneke na o la. Ɣemaɣi la, womedé sea ɖeke ku ɖe Biblia wɔwɔ ŋuti o, elabe womekpɔ ɖe egɔme ɖe dukɔa ƒe gbe me o. Ƒea ɖewo megbe hafi wova dé nenem sewo, eye woté wo ɖe dukɔa dzi vevie ŋutɔ. Gake hafi esia nava me la, wokaka Biblia ɖe dukɔa katã me, mɔxenua ɖeke makpɔ, to gbɔ be nunɔlawo wɔ ŋutete tsi tre ɖe eŋu hã.UGL 71.1

    Roma hamea kplɔlawo gatsi tre ake be yewoatsi gbe ɖe Ɖɔɖɔɖɔɖowɔla la nu. Woyɔe enuenu le ʋɔnudrɔƒe zi etɔ, gake womekpɔ ta na nya la o. Gbã episkɔpowo ƒe takpekpea ɖe tsɔ nya ɖe eŋu gblɔ be nu dadawo le eƒe agbalẽawo me, eye wodze agbagba xɔ se-gbalẽ tso sɔhɛ-fia Richard II sí, si ɖe gbe be woalé amesiwo katã xɔ ɖe eƒe nufiafia dadawo dzi la.UGL 71.2

    Ke Wiklef hã tsɔ nya ɖe hamea ƒe tatɔwo ŋu kalẽtɔe le du Sewɔfe la hebia be woaɖɔ gbegblẽ kple madzɔmadzɔ vɔɖi, siwo dzi hamea da asi ɖo la ɖo. Eƒo nu kple ŋusẽ, si wɔ dɔ ɖe amewo dzi ku ɖe Papa dziɖuɖua ƒe asi ɖoɖo ame ƒe dzenawo dzi kple woƒe nu vlo wɔwɔ ŋu. Wiklef ƒe futɔwo tsaka le wo ɖokui me. Do ŋgɔ na eƒe nuƒoƒo la, woté ɖe exɔlɔwo kple megbenɔlawo dzi be woana ta, eye woatrɔ le eyome; ke wolɔ, elabe wokpɔ be wɔnaa ɖeke megale amegaɖeɖi la ŋu o. Wodo taflatsɛ na wo ɖokuiwo be le eƒe tsitsi ta, Ɖɔɖɔɖowɔla ŋutɔ ɖeka mate ŋu atsi tre ɖe fia kple eŋutime, siwo wɔ ɖeka kple Papa dziɖuɖua la ƒe ŋku me o, ke adzo ta na wo koe. Nukunutɔe, Wiklef ƒo nu, eye Papa dziɖuɖua kpɔ gege. Sewɔƒea katã, si dzi eƒe nuƒoƒoa wɔ dɔ ɖo ale gbegbe la, ɖo así yometiti ƒe se la dzi, alebe Wiklef gayi eƒe Nyateƒe gbeƒãɖeɖe dɔ la dzi.UGL 71.3

    Ke wogayɔ Wiklef yi ʋɔnudrɔƒea zi etɔlia, azɔ le fiaɖuƒea ƒe hame nunɔlawo ƒe vɔnudrɔƒe kɔkɔtɔ la. Papa teƒenɔlawo xɔe se be fifia la, xɔnamea ɖeke maganɔ amesi woyɔna be nudadafiala la si o. Womagakpɔ eƒe nublanui o. Roma aɖu dzi le teƒe sia godo, eye Ɖɔɖɔɖowɔla ƒe dɔa nu latsi. Nenye ɖee woƒe ɖoɖowo te ŋu kpɔ emevava la, anye ne woté ɖe Wiklef dzi be woagbe nu le eƒe nufiafiawo gbɔ, eye ne melɔ̃ o la, akpɔ eɖokui le dzotɔame-nakewo dzi.UGL 72.1

    Gake Ɖɔɖɔɖowɔla, si ƒe ta fu titi la metrɔ le eƒe nyaa ɖeke yome kura o; elé eƒe nufiafiawo ɖe así goŋgoŋ kple nuteƒewɔwɔ. Eʋli eƒe nyawo ta kalẽtɔe, eye wòƒu eyometilawo ƒe nyatsɔɖameŋu anyi. Eɖe susu ɖa le edokui dzi, mekpɔ eƒe nɔnɔme kple afisi wòle la hã o, ke boŋ esama amesiwo le ʋɔnu drɔm kplii la le Mawu ƒe ʋɔnu, eye wòda woƒe beblenya kple ameflunuwo katã le Nyateƒe mavɔwo ƒe nudanu me. Mawu ƒe Gbɔgbɔ wɔ dɔ ɖe ƒuƒoƒea katã dzi. Eƒe asi nɔ anyinɔƒe la katã dzi, eye amea ɖeke mete ŋu ʋã le eteƒe o. Ɖɔɖɔɖowɔla ƒe nyatiwo ƒo ɖe woƒe dziwo me abe aŋutrɔ bibiwo ene. Nu dada fiafia, si ƒe nya wotsɔ ɖe eŋu la, eya boŋ gatrɔe da ɖe wo dzi kple numekɔkɔ kple ŋusẽ wɔdɔɖamedzi. Ebia wo be aleke wote ŋu ka atse kaka woƒe nu dadawo mahã; ebe le ga lɔlɔ̃ ta wotsɔ Mawu ƒe amenuveve la wɔ asitsanue.UGL 72.2

    “Amekae miesusu be yewo le nya kpem kple? Kple amegãɖeɖi, si le yɔdo to la yea? Kpao; mi kple Nyeteƒe lae, mi kple Nyateƒe, si sesẽ wú mi lae, Nyateƒe, si aɖu mia dzi lae.”-Wylie, liv.2, ch. 13.- Esi wògblɔ nya sia wu nu ko la, edo go dzo le ƒuƒoƒe la, eye amea ɖeke mewɔ naneke be yeaxe mɔ nɛ o.UGL 72.3

    Wiklef le eƒe dɔ la ƒe nuwuwu gogom; Nyateƒe ƒe aflaga, si wòdo ɖe dzi ɣeyiɣi didia ɖe la, age le esi kpuie. Gake do ŋgɔ la, agaɖi ɖase le Nyateƒe la ŋuti ake, azɔ le Roma-dua ŋutɔ me. Papa ŋutɔe, to gbɔ be esia menye eƒe susu o hã la, ye ta mɔ na Wiklef ƒe gbeƒãɖeɖe Nyateƒe la le nu dada kple gbegblẽ ƒe fia- du la me. Ebiae be wòaɖo nya ŋu le yeƒe ʋɔnudrɔƒe ku ɖe nu dada, si fiam wòle la ŋu. Ʋɔnudrɔƒe sia kɔ ame kɔkɔe geɖewo ƒe ʋu ɖi va yi. Ke nya sia mele ɣaɣla me na Ɖɔɖɔɖowɔla la o; enya afɔku, siwo le ŋgɔ nɛ la; enya be ku koe anye yetɔ nenye be yeɖo Papa ƒe yɔyɔ la ŋuti. Gake esia meɖo vɔvɔ̃ nɛ o, ke boŋ adze mɔ ayi, ne menye ɖee lãmetutu-dɔ ye xe mɔ nɛ o la. Ke mɔkpɔkpɔ li nɛ be ne mate ŋu ayi o hã la, ate ŋu aŋlɔ̃ agbalẽ aɖo nya ŋuti ɖo ɖa. Esiae wòwɔ mlɔeba.UGL 72.4

    Tso keke eƒe Suku-kɔkɔ me ke wòŋlɔ̃ agbalẽ ɖoɖe Papa le. To gbɔ be eŋlɔ̃ agbalẽ sia kple bubudeameŋu le kristotɔ ƒe seselelãme me hã, ebu fɔ Papa dziɖuɖua ƒe atsyɔ̃ ɖeɖe fia kple eƒe dada vevie ŋutɔ. Edze eƒe agbalẽ la gɔme be: “Dzidzɔ wònye nam vavã be xɔse, si ŋu meke ɖo la, maʋu eme na amesiame, tɔxɛ na Roma ƒe episkɔpo gã la; eye bena, zi alesi mekpɔe be enye Nyateƒe vavã, si li ke la, ada asi ɖe edzi; ke ne wòanye be ekpɔ nukiklia ɖe le eŋu la, aɖɔe ɖo. Gbã la, mesusui be Kristo ƒe Nyanyui la nye Mawu ƒe Se la ƒe ƒuƒoƒo ɖe du [...] Mexɔe se be Roma ƒe episkɔpo la, zi alesi wònye be eyae nye Kristo ƒe teƒenɔla le anyigba sia dzi la, ele be eyae alé Nyanyui ƒe Se sia ɖe asi wu amesiame. Elabena gãnyenye le Kristo ƒe nusrɔlawo dome la mele xexeme ƒe ŋkɔ gã kple bubu xɔxɔ me o, ke boŋ enye Aƒetɔ la ɖiɖi pɛpɛpɛ, alesi ko woate ŋui la, le eƒe agbenɔnɔ kple wɔnawo me.[...] Le eƒe anyigba dzi nɔnɔ me la, Kristo nye amedahe kekeake, si lé fu amedziɖuɖu kple xexeme ƒe kafukafuwo katã.UGL 73.1

    “Ke medze be nuteƒewɔlaa ɖeke nakplɔ Papa alo ame kɔkɔea ɖeke ɖo lea naneke me o, negbe le nusi me woamawo kplɔ mía Aƒetɔ Yesu Kristo ɖo le la me ko. Elabena Petro kple Zebedeoviwo, le esime wòle be woato Kristo ƒe afɔtoƒewo la, wodi xexeame ƒe bubu, eye le esia wɔwɔ me la, woda vo ɖe woƒe Aƒetɔ la ŋuti; esia ta wòle be mímaɖi wo le vodada mawo me o.UGL 73.2

    Eyata magblɔ, abe nuxlɔmenya ene be, Papa neɖe asi le ŋutilã me ƒe dziɖuɖu kple gãnyenye ŋuti na xexe sia me ŋusẽwo, eye wòaxlɔ̃ nu nunɔlawo katã na esia wɔwɔ; elabe nenema Kristo wɔ, eye tɔxɛ, apostolowo hã wɔ.UGL 73.3

    “Ne meda vo le nya siawo ƒe ɖe me la, melɔ̃ maxɔ tohehe ɖesiaɖe kple bɔbɔenyenye, nega nye ku ye hiã hã.” Wiklef gblɔ le nuwuwu be: “Míado gbe ɖa na Mawu be wòaƒo nu geɖe na míaƒe Papa Urbain VI, alebe, abe alesi wòdze egɔme xoxo ene la, eyama kple eƒe nunɔlawo nasrɔ̃ mía Aƒetɔ Yesu Kristo, le eƒe agbenɔnɔ kple wɔnawo me; eye bena woafia nu dukɔ la nyuie, ale be woate ŋu asrɔ̃ woƒe kpɔɖeŋu le woƒe nuteƒewɔwɔ le mɔ nyui la dzi zɔzɔ me.” John Foxe, Acts and Monuments, vol. III, p. 49,50.UGL 74.1

    Alea ye Wiklef ɖe Kristo ƒe tufafa kple bɔbɔenyenye fia Papa kple eƒe kardinalwo, eye wògaɖe vovototo, si le kplɔla siawo kple mía Aƒetɔ, si teƒe wobe yewo le la, dome fia wo kple kritotɔ-ƒomea katã.UGL 74.2

    Wiklef nɔ mɔ kpɔm kple kakadedzi be yeƒe agbe koe anye fetu ɖe yeƒe nuteƒewɔwɔ na Nyanyui la ta. Hamea kple dukplɔlawo wɔ ɖeka ɖe eyama ŋu. Papa kple episkɔpowo ƒo takpli kple du- fia heɖo kpe eƒe tsɔtsrɔ̃ dzi. Le amesiame ƒe nukpɔkpɔ nu la, ɣleti via ɖewo koe susɔ ne woaɖe eƒe agbe ɖa le ka-de-ve ƒe ati la dzi. Gake naneke meʋã dzideƒo, si le esi la o. Eƒe nyagbɔgblɔ aɖe enye esi: “Nukata mianɔ nu ƒom tso xɔsetakula ƒe fiakuku didi le didiƒe ke ŋuti? Miɖe gbeƒã Kristo ƒe Nyanyui la na nunɔla dadala la, eye xɔsetakula ƒe ku mato mia ŋu o. Nuka gblɔm miele? Be manɔ agbe eye mazi ɖoɖoea ? Gbeɖe! Nusi adzɔ ɖe dzinye la nedzɔ. Mele elalam.” - D’Aubigne, Histoire de la Reformation au XVIe s., liv. 17, ch. 8- UGL 74.3

    Gake Mawu ƒe ametakpɔkpɔ gatsyɔ̃ eƒe subɔla la dzi. Amesi tsɔ eƒe agbe la katã ʋli Nyateƒe la ta kalẽtɔe, eye wòwɔ esia le eƒe agbe déde afɔku me gbawotsogbe la, manye ade-lã na eƒe ketɔwo ƒe fuléle o. Wiklef medi gbeɖe kpɔ be yeaɣla yeɖokui o; ke Aƒetɔ la ŋutɔe nye eƒe Taʋlila. Ɣeyiɣi, si me eƒe futɔwo ɖo kakaɖedzi be ege ɖe yewo ƒe asi me vɔ la, Mawu ƒe asi gaɖee ɖa le woƒe fewo me ʋĩi. Gbe ɖeka, le eƒe gbedoxɔ me le Lutterworth, esi wòde nuɖuɖu kɔkɔea ma ge la, edze anyi kple lametutu-dɔ, eye le ɣeyiɣi via ɖewo megbe la, etsɔ eƒe gbɔgbɔ na.UGL 74.4

    Mawu tsɔ dɔdasia ɖe na Wiklef. Etsɔ Nyateƒe-Nya la de eƒe nu me, eye wòtsɔ takpɔlaa ɖe ɖo eƒe axa dzi, ale be Nya la nate ŋu de dukɔ la gbɔ. Wokpɔ eƒe agbe ta, eye dɔ la yi edzi vaseɖe esime wòɖo gɔmeɖokpe anyi na Reformatio-dɔ gã la.UGL 75.1

    Wiklef ɖe ta to le bometsitsi ɣeyiɣi ƒe viviti tsiɖitsiɖi la me. Amea ɖeke menɔ anyi ɣeyiɣi mawo me, si ƒe dɔwɔwɔ anye kpɔɖenu na eƒe ɖɔɖɔɖo ƒe ɖoɖo siwo wòɖo anyi la o. Abe alesi woyɔ Yohanes Baptista na dɔ tɔxɛa ɖe wɔwɔ la, woyɔ eya hã be wòanye ɣeyiɣi yeyea ɖe ƒe gbeƒãɖela. Gake le Nyateƒea ƒe ɖoɖo siwo woɖe gbeƒã me la, ɖekawɔwɔ kple blibodedea ɖe li, si Ɖɔɖɔɖowɔla, siwo va le emegbe la, ƒe blibodede melolo wú o, eye bubu siwo va le ƒe alafa ɖeka megbe hã mesɔ kplii gɔ̃ hã o. Gɔmeɖokpe, si wòɖo anyi la keke ta, de to, li ke, eye wòdzɔ ale gbegbe be mehiã be amesiwo va le emegbe la nagbugbɔ dzra naneke ɖo o.UGL 75.2

    Azɔli gã, si gɔme Wiklef dze, si aɖe ga dzitsinyawo kple susuwo, ahe ablɔde va na dukɔ, siwo wode kɔsɔkɔsɔ heku ɖe Roma ƒe dziɖuɖu tasiaɖam ŋu la, azɔli sia ƒe gu-nu enye Biblia la. Eya enye yayra tɔsisi, si gba go abe amenuve ƒe agbetsi ene, le ƒe alafawo me, tso ƒe alafa wuienelia dzi ke. Wiclef xɔ Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔea kple xɔse, si tso eƒe dzi me ke, abe Mawu ƒe lɔlɔnu ɖeɖe fia ene, abe xɔse ƒe ɖoɖo kple agbenɔnɔ ene. Womlã eyama kple susu sia be Roma hamea enye Mawu ƒe dziɖuɖu ŋusẽ, si medana vo gbeɖe o la. Wofiae be wòaxɔ nufiafiawo kple numame, siwo tso ƒe akpe ɖeka, siwo do ŋgɔ va yi me la, kple bubu. Gake egblẽ nusiawo katã ɖi hekplɔ Mawu ƒe Nya kɔkɔe la ƒe nufiafiawo ɖo. Dziɖuɖu ŋusẽ sia wònɔ dukɔ la yɔm be wòaxɔ. Ena wonya be Mawu ƒe dziɖuɖu ŋusẽ madavogbeɖe la enye Mawu ƒe Gbe, si ƒoa nu to eƒe Nya la me, ke menye Papa ƒe nuƒoƒo to hame la dzi ye o. Efiana be Biblia ye nye Mawu ƒe lɔlɔnu ɖeɖe fia, si de blibo la; be Gbɔgbɔ Kɔkɔe ɖeka koe nye egɔmeɖela, eye be ele be amesiame nasrɔ̃ nusi nye eƒe dɔdasi la to eƒe nufiafiawo me dzodzro me. To mɔ sia dzi Wiklef ɖe amewo ƒe susu ɖa ʋĩ le Papa kple Roma hamea dzi, hena be woalɔ̃ Mawu ƒe Nya la.UGL 75.3

    Wiklef nye Ɖɔɖɔɖowɔla gãtɔwo kekeake dometɔ ɖeka. Eƒe nunya, susu me ƒe kɔkɔ, kelili le Nyateƒe la taʋiʋli me, esiawo katã na be le Ɖɔɖɔɖowɔla, siwo va le emegbe dome la, ʋɛa ɖewo koe sɔ kple eyama. Eƒe agbe ƒe kɔkɔenyenye, veviedodo matikɔ le nusɔsrɔ̃ kple dɔwɔwɔ me, anukwaɖeɖiɖi, si ŋu dza, kristotɔ ƒe lɔlɔ, kple nuteƒewɔwɔ le eƒe dɔdasi me woenye nusiwo na be ɖɔɖɔɖowɔlawo ƒe ŋgɔdola sia nye ame toxɛa ɖe, to gbɔ be enɔ agbe le ɣeyiɣi, si me susume ƒe viviti kple gbegblẽ do agbogbo le hã la.UGL 76.1

    Wiklef ƒe agbe nye ɖaseɖiɖi gãa ɖe na Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo ƒe ŋusẽ na nufiafia kple amegbetɔ ƒe nɔnɔme tɔtrɔ. Biblia ye na wòva zu amesi wònye la. Ŋutete, si woawɔ na Ɖeɖefia ƒe nyateƒewo gɔme sese la, gbɔa agbe eye wogadoa ŋusẽ ame ƒe nunanawo katã. Enaa nunya tsina ɖe edzi, doa ŋusẽ gɔmesese, eye wònaa susu dea blibo. Biblia sɔsrɔ̃ doa kɔkɔ susuɖeɖe ɖesiaɖe, seselelaãme kple dzime-didi, si nusɔsrɔ̃ bubua ɖeke mate ŋu awɔ o. Eganaa kelili ame ƒe lɔlɔnu, dzigbɔɖi, dzidodo kple luʋɔ ƒe gãnyenye. Mawu ƒe Nya la ɖɔna ame ƒe dɛ̃ ɖo, eye wòkɔa luʋɔ̃ ŋu.” Psalmowo ŋlɔla be: “Ne woʋu go Wò Nya la, eklẽna, eye wòfiaa nunya...” (Ps 119:130) .UGL 76.2

    Wiklef ƒe nufiafiawo ganɔ ta kekem ɖe edzi ɣeyiɣia ɖe. Eƒe nusrɔla, siwo wona ŋkɔ be Wikleftɔwo alo Lolardwo la, menɔa nya la kakam le Aŋlisi-dua ɖeɖe ko me o, ke wokaka ɖe du bubuwo hã me, henɔ Nyateƒe la mãm kple amewo. Gake le ɣeyiɣia ɖewo megbe la yometiti ƒe ahomya sesẽ ho ɖe amesiwo ɖoe be Biblia koe lanye yewo ƒe kplɔla ɖeka hɔ̃ kple kpɔɖeŋu la ŋuti. Aŋlisi du-fia gã, siwo le didim be yewoali ke yewo ƒe dziɖuɖua to Papa ƒe kpeɖeŋu me la, mehe ɖe megbe kura na Ɖɔɖɔɖowɔlawo tsɔtsɔ sa vɔe o. Alea ye wòva me be, zi gbãtɔ le Aŋlisi-dua ƒe nyadzɔdzɔwo me la, wode se be woatɔ dzo Nyanyuia yomedzelawo. Xɔsetakulawo nɔ kukum le wonɔewo yome. Nyateƒea taʋlila, siwo megakpɔ mɔ le dukɔa me o, eye wolé wo, henɔ fu wɔm wo la, meɖo nu bubua ɖeke lawɔ tsɔ wu be woado ɣli sesiẽ na Yehowa Aʋakɔwo ƒe Mawu la o. Wodome amea ɖewo, siwo wonya ɖe du nu la, ɣla ɖe dukɔmeviwo gbɔ, heganɔ gbeƒã ɖem le adza me, alo woɣla woɖokui ɖe agble-xɔ kple gume-xɔwo me. Ame geɖewo ganɔ ɖase ɖim tso Nyanyui la ŋuti vɔvɔmanɔmee, le gume-gaxɔwo kple Lolardwo ƒe mɔ kɔkɔwo me.UGL 76.3

    To gbɔ be yometitiwo gale ŋu sẽm ɖe edzi hã, tsitretsi-nya fatu, siwo me mawusosroɖa kple nyateƒetoto le la, ganɔ ɖiɖim le ƒe alafawo me kple dzigbɔɖi ɖe gbegblẽ, si xɔ mawusubɔsubɔ me le afisiafi la ŋuti. Le ɣemaɣi la, kristotɔwo menya nu sɔgbɔ tso Nyateƒe la ŋu o, gake wosrɔe be woalɔ̃ Mawu ƒe Nya la, eye woaɖo toe; eyata wolɔ̃ xɔ fukpekpe ɖesiaɖe ɖe eta. Abe Ɖela yomedzelawo le Apostolowo ƒe ɣeyiɣiwo me ene la, ame geɖewo tsɔ woƒe nunɔamesiwo sa vɔ ɖe Nya la ta kple dzidzɔ. Amesiwo ƒe aƒe gasusɔ nye wotɔ la, xɔ wo nɔvi, siwo woɖe do goe le wo nɔƒewo la, ɖe wo ɖokui gbɔ kple dzidzɔ. Ke ne eva me be wonya wo hã la, woxɔa madzɔmadzɔ sia kpoo, eye wokpɔa dzidzɔ be yewo hã yewo le fu kpem ɖe yewo ƒe lɔlɔ̃ na Nyateƒe la ta. Ele eme hã be ame akpe akpe, siwo yometilawo ƒe anyrãwɔwɔ ɖo vɔvɔ̃ na la, dzra woƒe xɔse la heƒle ablɔɖe, eye woɖe wo dogoe le gaxɔwo me, hedo vevesese ɖe nuvɔ̃ ta ƒe awuʋlaya na wo, be woanɔ tsa ɖim anɔ gbeƒã ɖem be yewotrɔ le yewo ƒe xɔse la yome. Gake geɖewoe nye bubumewo kple ame gblɔewo siaa, siwo ɖi ɖase kalẽtɔe tso Nyateƒe la ŋu le gume-gaxɔwo me, le Lolardwo ƒe gakpɔ kɔkɔwo me, le vevesese doname kple dzotɔame ƒe ku ŋgɔ.UGL 77.1

    Esi womete ŋu wɔ naneke na Wiklef abe alesi wodi ene o la, woƒe fulelé eyama mekpɔ dzidzeme le esime eƒe ŋutilã nɔ ɖiɖim ɖe me le eƒe yɔdo me o. Ale wòva me be le nunɔlawo ƒe ƒuƒoƒoa ɖe, si wowɔ le Konstansia, ƒe sedede nu, ƒe blaene kple edzivɔwo le Wiklef ƒe ku megbe me la, woho eƒe ƒuwo hetɔ dzo le dutoƒo, eye wohlẽ eƒe dzo-fiwo ɖe tɔsisia ɖe, si gogo teƒe ma la me. Blema nuŋlɔlaa ɖe gblɔ be: “Tɔsisi sia tsɔ eƒe afiwo yi ɖe Avon-tɔsisi la me, Avon-tɔsisi la tsɔe de Saverna-tɔ la me, eye Saverna mae na eƒe alɔdze bubu, siwo kɔ ɖe atsiafu me la me. Ale Wiklef ƒe dzo-fi la nye dzesi na eƒe nufiafiawo ƒe kaka egbea ɖe xexe blibo la katã me enye si.” -T. Fuller, Church History of Britain, liv. 4, sec. 2.- Eƒe futɔwo menya gɔmesese, si nɔ woƒe vlodonu, si wowɔ la ŋu kura o.UGL 77.2

    Wiklef ƒe nuŋɔŋlɔwoe na Yohanes Hus tso Bohemia gbe nu le Roma hamea ƒe nu dada geɖewo gbɔ hege ɖe Reformatio ƒe dɔ la me. To mɔ sia dzi ye woƒã Nyateƒea ƒe nukuwo le teƒe, siwo didi tso wonɔewo gbɔ geɖe la le. Ɖɔɖɔɖo la tso Bohemia gbagba ɖe du bubuwo me. Azɔ amewo ƒe susu trɔ ɖo ta Mawu ƒe Nya, si woŋlɔ̃ be didie la gbɔ. Alea ye Mawu ƒe asi nɔ mɔ tam na Reformatio gã lae.UGL 78.1

    ------

    Larger font
    Smaller font
    Copy
    Print
    Contents