Loading...
Larger font
Smaller font
Copy
Print
Contents
  • Results
  • Related
  • Featured
No results found for: "".
  • Weighted Relevancy
  • Content Sequence
  • Relevancy
  • Earliest First
  • Latest First
    Larger font
    Smaller font
    Copy
    Print
    Contents

    38—TOKLÃ MAMLEA

    «Eye nusiawo megbe la mekpɔ mawudɔla bubua ɖe le ɖiɖim tso dziƒo, eye ŋusẽ gã le esi, eye eƒe ŋutikɔkɔe klẽ ɖe anyigba dzi. Eye wòdo ɣli kple gbe sesẽ le gbɔgblɔm bena : Emu, Babilon gã la mu ! Eye wòtrɔ zu gbɔgbɔ vɔwo ƒe nɔƒe, kple gbɔgbɔ makɔmakɔwo katã ƒe gaxɔ kple xevi makɔmakɔ, siwo katã wotsri la, ƒe xadza…» « Eye mese gbe bubua ɖe tso dziƒo le gbɔgblɔm bena : Mi amesiwo nye nye dukɔ la, mido go tso me, bene miagade ha kplii le eƒe nuvɔwo me o, eye bena miagaxɔ eƒe fuwɔame ƒe ɖeke o. »(Nyaɖ. 18 :1, 2, 4 )UGL 575.1

    Nya siawo kplɔ mí yi ɣeyiɣia ɖe, si le mía ŋgɔ gbɔna, esime Babilon ƒe mumu, si mawudɔla evelia ɖe gbeƒãe le Nyaɖ. 14 :8lia me tsã la, woaga ɖe gbeƒãe kpe ɖe nya bubu, siwo ku ɖe gbegblẽ kple tɔtɔtɔtɔ, siwo va tra ɖe dzixɔse nuɖoanyi vovovo, siwo katã woƒo ƒu ɖe ŋkɔ ɖeka te, si woyɔ be ‘Babilon’ la, le gbeƒãɖeɖe gbãtɔ me. Nyagblɔɖi gbeƒãɖeɖe gbãtɔ sia va me le ƒe 1844 ƒe dzomeŋɔli me. Le nya siawo me la míele nɔnɔme dziŋɔa ɖe, si me dzixɔsenyawo ge ɖo la kpɔm. Zi alesi amegbetɔwo anɔ afɔ tum Nyateƒe la dzi la, woƒe tamesusuwo anɔ viviti dom ɖe dzi, eye zi geɖe ma ke woƒe dziwo anɔ atri kum vaseɖe esime ɖokuidodoɖedzi akplɔ wo ge ɖe Mawu mavɔmavɔ̃ detoa ɖe me keŋkeŋ. Le ɖekematsɔleme na Mawu ƒe nyanyananawo me la, woanɔ Mawu ƒe Se ewoawo dometɔ ɖeka dzi dam, vaseɖe esime woazu amesiwo ayɔ Se sia be nu kɔkɔe, eye woalée ɖe asi vevie la, ƒe yometila vɔɖiwo. To fuléle Kristo ƒe Nya kple eƒe dukɔa me la, woaɖe woƒe fuléle na eyama ŋutɔ la fia. Esi woxɔ kadede kple gbɔgbɔ vɔwo ƒe nufiafia le hamewo me ta la, naneke megali aɖe fu na ŋutilãme-meawo ƒe dzitsinya o, ke woƒe subɔsubɔ azu awudzi- wu, si woado atsyɔ̃ woƒe ŋukpẽnanu ɣaɣla, siwo gɔme manya ʋu o la dzi. Gbɔgbɔ vɔwo ƒe beblewɔnawo dzixɔse ʋua mɔ le ameɖokui ŋu na gbɔgbɔ siawo kple woƒe alakpawo ale be woƒe ŋusẽ-dɔwɔwɔwo xɔa nɔƒe geɖe le hameawo me.UGL 575.2

    Le ɣeyiɣi, si me woɖe Babilon fia le nyagblɔɖi sia me la, wogblɔ le eŋuti bena : «Elabena eƒe nuvɔwo yi ɖa tɔ dziƒo, eye Mawu ɖo ŋku eƒe numadzɔmadzɔ wɔwɔwo dzi.» (Nyaɖ. 18 :5) Eƒe fɔɖiɖi-kplu la yɔ gba go, eye gbegblẽ le ƒoƒo ge ɖe edzi. Gake Mawu ƒe dukɔa ɖe susɔ le Babilon, eye hafi dziƒo ʋɔnudɔdrɔwo naƒo ɖe edzi la, edze be woayɔ nuteƒewɔla siawo be «woado go tso eme, bene woagade ha kplii le eƒe nuvɔwo me, ahaxɔ eƒe fuwɔame ƒe ɖeke o.» Eyata wotsɔ yɔyɔ sia wɔ dzesidenyaa ɖe, si me mawudɔlaa ɖe le ɖiɖim tso dziƒo, si ƒe ŋutikɔkɔe klẽ ɖe anyigba la dzi, eye wòle gbeƒã ɖem Babilon ƒe nuvɔwo kple gbe sesẽ. Hekpe ɖe gbeƒãɖeɖe sia ŋuti la, wose yɔyɔ, si hã gbɔna enumake. «Mi amesiwo nye nye dukɔ la, mido go tso Babilon me.” Nya siawoe kpe ɖe mawudɔla etɔlia ƒe gbedasi la ŋuti hezu toklãgbdeasi mamlea, si woaɖe gbeƒã na anyigbadzinɔlawo katã. Xaxa gãa ɖe tso ŋgɔ na xexeame. Anyigbadzi ŋusẽwo le woɖokui nu ƒom ƒu hena tsitre tsitsi ɖe Mawu ƒe Sewo ŋu. Madidi o, wole se de ge bena ‘anyigbadzinɔlawo katã, ɖeviwo kple ametsitsiwo, kesinɔtɔwo kple amedahewo, kple ablɔɖeviwo kple kluviwo’ (Nyaɖ.13:16) woawɔ ɖe hamea ƒe nuɖoanyi, si nye aʋatso-sabat la dzi. Amesiwo katã mabɔbɔ woɖokui ɖe se sia te o la, dukɔme dziɖuɖua ahe to na wo eye mlɔeaba la, woavade se be woawu wo. Ke le go bubu me hã la, Mawu ƒe Se, si le amewo dzi zim be woawɔ ɖe Wɔla ƒe Dzudzɔgbe la dzi la, bia toɖoɖo; ke amesiwo ada eƒe sededeawo dzi la ake ɖe eƒe dziku ŋu. Esime tiatia le nu eve dome ƒe nya la me kɔ keŋkeŋ ŋuti la, ne amea ɖe, si atu afɔ Mawu ƒe Se la dzi, ahawɔ ɖe amegbetɔ ƒe sedede dzi la, axɔ lã la ƒe dzesi, eye wòazu ŋusẽ, si te nɔnɔ wòtia ɖe Mawu tɔ teƒe la tɔ. Dziƒo ƒe toklã ku ɖe nya sia ŋu lae nye esi: «…Ne amea ɖe de ta agu na lã la kple eƒe legba, eye wòxɔ eƒe dzesi ɖe eƒe ŋgonu alo eƒe asi ŋu la, eya lano Mawu ƒe dɔmedzoe ƒe aha tsimatɔe, si wokɔ ɖe eƒe dɔmedzoekplu la me.” (Nyaɖ. 14 : 9, 10)UGL 576.1

    Gake amea ɖeke mano Mawu ƒe dɔmedzoe ƒe aha la o, negbe ɖeko woanae asinukpɔkpɔ be wòadze si Nyateƒe la, ne wòatia edzi wɔwɔ alo wòagbee hafi. Ame geɖewoe nye amesiwo mekpɔ asinu se Nyateƒe tɔxɛ, siwo nye mia ŋɔlimetɔwo tɔ la kpɔ o. Dzizizi, si wònye na amesiame be wòalé Mawu ƒe Se enelia me ɖe asi la, ƒe nufiafia mevatu wo kple nugɔmeɖeɖe, si me kɔ nyuie la haɖe o.UGL 576.2

    Amesi ɖeka kpɔa amewo katã ƒe dzi me, eye wòdoa ame ƒe seselelãme kpɔna la, maɖe mɔ be woaflu amesiwo le didim be yewoadze si Nyateƒe la dometɔa ɖeke tso alesi ʋiʋli mamlea awu nui la ŋuti o. Mawu ƒe sedede sia mele amewo dzi va ge ŋkuagbãtɔe o. Kekeli le kɔkɔ ge ɖe amesiame dzi ale gbegbe be wòawɔ eya ŋutɔ ƒe nunya ŋu dɔ, atia nusi dzroe la kple sidzedze. UGL 577.1

    Sabat (Dzudzɔgbe) ƒe nya, si nye Nyateƒe tɔxɛ na nuwuwu ŋkekea la, anye nuteƒewɔwɔ na Mawu ƒe nukli-kpe gã la, elabena eyae nye Nyateƒe gã, si ŋu nyahehe sesẽwo aku ɖo. Ke ne amegbetɔwo katã to dodokpɔ mamlea me ko la, mamã, si anɔ amesiwo vɔa Mawu kple amesiwo mevɔnɛ o dome la, adze ƒã. Le esime alakpa dzudzɔgbea dzi wɔwɔ le ɖokuibɔbɔ me na du-se, si tsi tre ɖe Mawu ƒe Se enelia ŋu la, nye bubudede meʋuʋu na ŋusẽa ɖe, si menye Mawu tɔ o la, nenema kee Dzudzɔgbe vavã dziwɔwɔ, le toɖoɖo Mawu ƒe Sea me la hã, nye nuteƒewɔwɔ na Wɔla la ƒe dzesi. Abe alesi, amea ɖewo ato toɖoɖo xexeame ŋusẽwo ƒe dzesi xɔxɔ me axɔ lã la ƒe dzesi ɖe woɖokui ŋu la, nenema ke ame bubu, siwo atia nuteƒewɔwɔ na Mawu ƒe dzesixɔxɔ la hã, axɔ Mawu ƒe nutrenu la.UGL 577.2

    Vaseɖe egbe la, wokpɔna amesiwo ɖea gbeƒã mawudɔla etɔlia ƒe Nyateƒewo la abe ŋɔdzidonametɔwo ko ene. Le woƒe nukpɔkpɔ nu la, nyagblɔɖi, si na wonya be Amerika dukɔ-ƒoƒua ƒe dziɖuɖua avawɔ ɖeka kple hamea ahati amesiwo léa Mawu ƒe Seawo me ɖe asi la yome la nye tagbɔ-gbegblẽ nyaa ɖe, si menɔ anyi ɖe naneke dzi o. Wogblɔ kple kakaɖedzi blibo be dukɔ sia mate ŋu atrɔ zu naneke wú dukɔ, si naa vovo amesiame be wòasubɔ le eƒe dzitsinya nu, si wònye tsã la, gbeɖe o. Ke bɔŋ vovokpɔkpɔ le subɔsubɔ nyawo me ƒe taʋlila ko wòaganye ɖaa. Gake ne kwasiɖagbe subɔsubɔ la va zu dzizizi ƒe nya vɔ la, nusi ŋuti ɖikeke nɔ tsã la ava me na wo, eye gbedasi etɔlia awɔ eƒe dɔ, si mete ŋu wɔ tsã o la.UGL 577.3

    Le dzidzime ɖesiaɖe me, Mawu ɖoa eƒe amedɔdɔwo ɖa bene woabu fɔ nuvɔ̃ le xexeame kple Hame la me. Gake amewo lɔã nusiwo vivia wo nu la sese, eye womexɔa Nyateƒe, si me kɔ, si ŋu wometrɔ asi le o la o. Le woƒe dɔwɔwɔwo ƒe gɔmedzedzea me la, Ɖɔɖɔɖowɔla geɖewo ɖoe woɖokui dzi be nenye be yewoatɔ asi hamea kple dukɔa ƒe nuvɔwo dzi la, ele be yewoawɔe kple ayedzedze gãa ɖe.UGL 578.1

    Wosusu be to kristotɔ-gbe dzadze nɔnɔ ƒe kpɔɖeŋu nana me la, woateŋu akplɔ dukɔ la va Biblia dzixɔse gbɔ. Gake abe alesi Mawu ƒe Gbɔgbɔ va Eliya dzi, hedɔe ɖa be wòaɖe fia “Mawu mavɔla” la kple dukɔ, si de megbe la ƒe vodadawo afia wo ene la, nenema ke esi wòva woawo hã dzi la, mesesẽ na wo kura be Biblia ƒe toklãnya, si ŋuti wonɔ hehem ɖe megbe le tsã la, woaɖe gbeƒãe azɔ, vɔvɔ̃ manɔme o. Wotso kple ŋusẽ yi ɖaɖe gbeƒã Nyateƒe la kple dzo, hetɔ asi afɔku, si le luʋɔwo dzi va ge la dzi. Wogblɔ nya, siwo Aƒetɔ la ŋutɔ de nu me na wo la, vɔvɔ̃ na emetsonuwo manɔmee, eye wòzu dzizizi na dukɔa be woase Mawu ƒe toklãnyawo. Alea tututu ye gbeƒãɖeɖe mawudɔla etɔlia ƒe gbedasi la hã anɔ. Ne ɣeyiɣi, si me woaɖe gbeƒã kple ŋusẽ gã vaɖo la, Aƒetɔ ŋutɔ ato dɔwɔnu, siwo nye bɔbɔenyenye- me, siwo atsɔ woɖokui ana ɖe eƒe dɔ la ta blibo la dzi. Amesiwo adze na dɔ sia wɔwɔ la lanye amesiwo Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋutɔ asi ami na, tsɔ wú be woaxɔ tutuɖo tso suku-kɔkɔwo me. Gbedoɖala kple xɔse-mewo asee le woɖokui me be, mawunyakaka ƒe didi kɔkɔea ɖe ƒe dzo le bibim le wo me, eye woado go ayi ɖaɖe gbeƒã nya, si Mawu lade asi nawo la. Ekema, woaklo nu ɖa le Babilon ƒe vodadawo dzi. Hamea ƒe ɖoɖo, siwo xexeme dziɖuɖuawo ate ɖe amehawo dzi ƒe metsonu dziŋɔwo, kadede kple gbɔgbɔ vɔwo, si va xɔ teƒe geɖe le hamea me, Papa dziɖuɖua ƒe ayeme- ŋusẽ ƒe ŋgɔdede kpɔkpɔ kabakaba le adzame, esiawo katã nye nusiwo dzi woaklo nu le. Dukɔwo atɔtɔ ŋutɔ le toklãnya siawo sese me. Ame akpe akpewo ase nya, siwo womese kpɔ vaseɖe ɣemaɣi o la. Woƒe nu aku ne wose be Babilon, si mu le eƒe vodada kple eƒe nuvɔwo ƒe agbɔsɔsɔ ta la, yenye hame, si gbe gbedasi, si woɖo ɖa tso dziƒo la xɔxɔ. Amehawo atsɔ dzitsitsi ayi ɖabia nu gɔme se le woƒe ŋgɔnɔla tsãtɔwo gbɔ, ne woanya ne nya siawo nye nyateƒe. Wo ŋgɔnɔlawo atsɔ nyakpakpawo, glitotowo, agblɔ nya, siwo vivia sese la, atsi woƒe vɔvɔwo nu, afa dzitsinya, siwo dze agbo la nu. Gake esi wònye be ame geɖewo makpɔ ŋudzedze le amegbetɔ ƒe ŋusẽ ɖeɖe ko ŋu o, eye woadi be yewoase «Ale Yehowa gblɔ enye esi: » ta la, hakplɔla, siwo ŋuti amehawo ƒo zi ɖo, abe le Farisitɔwo ƒe ɣeyiɣi me ene la, ado dɔmedzoe, le esi woke ɖi woƒe ŋusẽ la ta, eye woagblɔ le gbedasi la ŋuti be etso Satana gbɔ, eye woade adã lãme na ameha, siwo te ɖe nuvɔwɔwɔ ŋuti la, ale be woado vlo eye woati gbeƒãɖela, siwo woayɔ be busutɔwo la yome.UGL 578.2

    Satana le dɔmedzoe do ge ŋutɔ ɖe alesi nyahehe la akaka yi teƒe bubuwo, afisi amehawo ƒe susu atrɔ ɖe Mawu ƒe Se, si dzi wotu afɔe la ŋu le. Ŋusẽ, si le gbedasi la ŋu nɔ ge la, aho dziku na amesiwo tsi tre ɖe eŋu. Ha nunɔlawo ƒe ƒuƒoƒo la le woƒe ŋutetewo katã ŋu dɔ wɔ ge, be woaxe mɔ na kekeli la, ale be magaklẽ na woƒe alẽhawo o. Wole mɔnu ɖesiaɖe, si woate ŋui la, dzi to ge be woagaƒo nu kura tso nya vevie siawo ŋu o. Hamea le kpekpeɖeŋu bia ge dziɖuɖua, eye le esia wɔwɔ me la, Katoliko hamea le ɖeka wɔ ge kple Nyanyuihameawo. Esime dzo dede amewo me ɖe amewo dzi zizi na kwasiɖagbe ƒe subɔsubɔa ƒe wɔnawo le ŋusẽm ɖe dzi, hele ŋgɔdede kpɔm gbesiagbe la, ava ve me be woatsɔ nya ɖe amesiwo agalé ɖe Mawu ƒe Seawo dzi wɔwɔ ŋu. Woatsɔ fexexe kple gakpɔme nɔnɔ ado ŋɔdzi na wo. Ke ame bubuwo la, woado teƒe gã xɔxɔ kple gomekpɔkpɔ bubuwo ƒe ŋugbe na wo, ale be woagbe nu le woƒe xɔse gbɔ. Gake woawo la, woaɖo ŋu na wo kple kakaɖedzi, abe Luther, le eƒe ɣeyiɣiwo me ene agblɔ be: «Mitsɔ Mawunya la ɖe míaƒe vodadawo fia mí.» Amesiwo woahe yi ʋɔnudrɔƒewo la aʋli Nyateƒe la ta kple ŋusẽ, eye amesiwo ase woƒe nyameɖeɖewo la, wodome amea ɖewo latrɔ dzi me, eye woawo hã latia wɔwɔ ɖe Mawu ƒe Seawo katã dzi. Eye kekeli la aklẽ ɖe ame akpe akpe siwo, ne menye nenem- mɔ ma dzi o la, manya naneke tso Nyateƒe la ŋuti o la, ƒe ŋku me.UGL 579.1

    Woayɔ amesiwo ɖoe tso dzitsinya me be yewoalé Mawunya la me ɖe asi la be aglãdzelawo. Dzila, siwo Satana gbã ŋku na la, asẽ ŋuta vevie le wo vi xɔsetɔwo ŋu. Aƒetɔ kple aƒenɔwo awɔ funyafunya wo subɔla, siwo alé Mawu ƒe Seawo me ɖe asi la. Lɔlɔ̃ kadedewo atso; woanya ɖeviwo do go tso aƒewo me, eye woatsi kpɔdomewo. Paulo ƒe nya sia ava me pɛpɛpɛ be: «Ke amesiwo katã dina be yewoanɔ agbe ɖe mawusosroɖa nu le Yesu me la, woati woawo hã yome tsã.” (Tim.II 3:12). Nyateƒe la taʋlila, siwo agbe bubudede kwasiɖa ŋkekea ŋuti, abe dzudzɔgbe ene la, dome amea ɖewo lakpe gaxɔmenɔnɔ ƒe fu; woanya amea ɖewo ya de gbe, eye woawɔ bubuwo kluviwoe. Le amegbetɔ ƒe nukpɔkpɔ nu la, nusiawo mate ŋu ava eme o, gake le esime Mawu ƒe ametakpɔkpɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋusẽ le dzodzo ge le anyigba dzi ŋuti la, amegbetɔwo latsi Satana, si nye Mawu ƒe sededewo ƒe futɔ la, si me, tete woakpɔ nu manyagblɔwo.UGL 579.2

    Ame ƒe dzi ateŋu ku atri, azu ŋutasesẽ ƒe dɔwɔnu, ne mawuvɔvɔ̃ kple lɔlɔ̃ mele eme o. Ne ahom la tu aƒe vɔ la, ame geɖe, siwo ʋu eme be yewoxɔ mawudɔla etɔlia ƒe gbedasi la dzi se, gake matsɔ toɖoɖo Nyateƒe la akɔ woɖokui ŋuti o la, atrɔ woƒe azɔli, eye woage ɖe futɔ la ƒe asaɖa me. Esi wowɔ ɖeka kple xexeame, hexɔ eƒe susuwo wɔ wotɔe la, woƒe nukpɔkpɔ hã asɔ kple hahoa tɔ, ale be ne dodokpɔ ɣeyiɣi va ɖo la, masesẽ na wo be woatia mɔ bɔbɔetɔ, si dzi ame geɖewo le la o. Amesiwo si talentowo le, eye woƒoa nu nyuie, hekpɔa dzidzɔ le Nyateƒe la me nɔnɔ ŋuti tsã la, le woƒe talento siawo ŋu dɔ wɔ ge aflu amewo, atrɔ wo ɖa tso Nyateƒe la gbɔ; eye woatrɔ zu futɔ vɔɖi na amesiwo nye wo nɔviwo tsã la. Ne ava me be woahe Sabat dzi wɔlawo ayi ʋɔnudrɔƒewo, be woabia nya wo ku ɖe woƒe xɔsea ŋuti la, megbedela mawoe anye Satana ƒe dɔtsɔla zazɛwo, to aʋatso ɖaseɖiɖi kple nyatsɔɖameŋu le ayememɔ gɔglɔwo dzi me, eye woade adã ʋɔnudrɔlawo me ɖe wo ŋuti.UGL 580.1

    Le yometiti ɣeyiɣi mawo me la, mawusubɔlawo ƒe xɔse ato dodokpɔ sesẽwo me. Mawu kple eƒe Nya la ɖeka ko dzie wote gbe ɖo anukwaretɔe le gbedasi la kaka me. Esime Mawu ƒe Gbɔgbɔ la ƒoe ɖe wo nu wòzu dzizizi na wo, eye esi dɔgbedede ƒe dzodzro kɔkɔea ɖe, si tso dziƒo la ɖo wo me kple dzo la, wowɔ woƒe dɔdasi la, heɖe gbeƒã nya, si Aƒetɔ la de wo si la, na dukɔwo. Le esia wɔwɔ me la, womevɔ̃ na woƒe nyakaka ƒe metsonu vɔɖi, si ava wo dzi la o. Womegabu woƒe ɣeyiɣime viɖewo, ŋkɔ, si le wo ŋu, alo woƒe agbe gɔ̃ hã ŋuti o. Evɔ ne woakpɔ tsitretsiɖameŋu kple fuléle ƒo ɖe wo dzi abe ahomya ene la, wo dome amea ɖewo, siwo dzi vɔvɔ̃ gãa ɖe adze la, agblɔ le woɖokui me be: «Ne ɖee míekpɔ míaƒe gbeƒãɖeɖe ƒe metsonuwo do ŋgɔ la, anye ne miezi ɖoɖoe, anɔ anyi kpoo.” Xaxawo ƒo xlã wo le afisiafi. Satana tsɔ tetekpɔ sesẽwo ƒu wo dzi. Ewɔ na wo be womate ŋu ayi dɔ, si gɔme wodze la dzi o. Dzo, si nɔ wo me tsã la nu tsi; gake tɔtrɔ yi megbe hã meli o. Esi wokpɔ be woɖe yewo ɖe aga la, wodi xɔname kple ŋusẽ tso Ŋusẽkatãtɔ la gbɔ. Woɖo ŋui be nya, si kakam yewole la, metso yewo ŋutɔ gbɔ o, ke boŋ amesi dɔ yewo ɖa be yewoayi ɖa ɖe gbeƒã toklãnya la gbɔe.UGL 580.2

    Mawu tsɔ Nyateƒe la de woƒe dzi me. Wotɔ koe nye be woaɖe gbeƒãe. Dodokpɔ sia kee va Mawu ƒe ame, siwo nɔ anyi tsã la hã dzi. Wiklef, Hus, Luther, Tyndale, Baxter, Wesley, wo katã ɖe gbeƒã be ele be woatsɔ Biblia ado xɔse-nufiafia ɖesiaɖe akpɔ, eye be yewole klalo agbe nu le nusianu, si ŋuti Biblia tsi tre ɖo la gbɔ. Yometiti ƒo ɖe wo dzi kple dzikua ɖe, si nu mefa o la, gake mete ŋu tsi Nyateƒe la gbɔgblɔ ɖe wo nu o. Le Hamea ƒe ŋutinya me la, ɣeyiɣi vovovowo dzea wonɔewo yome kple nyateƒea ɖe, si sɔ ɖe Hamea ƒe hiahiãwo ŋuti le ɣeyiɣi ɖesiaɖe me. Nyateƒe yeye ɖesiaɖe tona eƒe mɔ le ʋiʋli kple fuléle kpakple tsitretsitsi ɖe ame ŋu geɖe me. Amesiwo eƒe kekeli la nyo dɔme na la, wote wo kpɔ, eye wodo wo kpɔ hã. Le ɣeyiɣi sesẽwo me la, Aƒetɔ la ɖoa Nyateƒe tɔxɛa ɖe ɖo ɖe xexeame kokoko. Amekae ado dzi agbe gbeƒãɖeɖee mahã? Ede se na eƒe dɔlawo be woaɖe gbeƒã eƒe amenuvenya susɔea na xexeame. Ne woazi ɖoɖoe la, anye na woƒe luʋɔwo ƒe tsɔtsrɔ. Mele na Kristo ƒe teƒenɔlawo be woatsi dzimaɖi ɖe woƒe gbeƒãɖeɖe ƒe metsonuwo ŋuti o. Wotɔ koe nye be woawɔ woƒe dɔdasi, eye woatsɔ nusi ado go tso eme la gblẽ ɖe Mawu ƒe asi me.UGL 581.1

    Ke zi alesi tsitretsiɖameŋu aganɔ ŋu sẽm ɖe dzi la, Mawu ƒe dɔtsɔlawo agatɔtɔ le woɖokui me keŋ, elabena awɔ na wo abe ɖe woawo ŋutɔ ƒe dzitsitsi akpa ye he xaxa la va wo dzi ene. Gake woƒe dzitsinya kple Mawu ƒe Nya la aɖi ɖase na wo be wole nyateƒe-mɔ la dzi, eye be to gbɔ be fukpekpeawo nu anɔ sesẽm hã, woaxɔ ŋusẽ, si akpe ɖe wo ŋu be woatsɔ wo. Zi alesi ʋiʋli la agado gã ɖe dzi, eye wòaga lili wo wú hã la, woƒe xɔse kple dzideƒo hã atsi ɖe dzi kple dzɔgbevɔe, siwo ƒo xlã wo la. Woɖi ɖase sia be: «Medzro mí kpɔ gbeɖe be míatsɔ Mawu ƒe Nya la asa vɔe ɖe xexeame ta, ahamã Mawu ƒe Se la me, ayɔ akpa ɖeka be ele vevie, eye akpa evelia ya be mele vevie o. Aƒetɔ, si subɔm míele la ate ŋu aɖe mí. Kristo ɖu xexeame ŋusẽwo dzi. Ɖee míavɔ̃ na xexeme, si dzi woɖu vɔ la mahã?”UGL 581.2

    Yometiti, le eƒe nɔnɔme vovovoawo me nye nane, si anɔ edzi yim zi alesi Satana anɔ anyi, eye ŋusẽ anɔ kristotɔnyenye la hã ŋu. Amea ɖeke meli, si anye mawusubɔla vavã, si maho vivitime ʋakɔwo ƒe tsitretsi ɖe ame ŋu ƒe ŋusẽ ƒo ɖe edzi o. Dɔla vɔɖiwo ladze agbo kple vɔvɔ̃ be eƒe agbenɔnɔ avanye kpɔɖeŋu na ame bubu, siwo adi be yewoadze eyome, eye woavage le yewo si me. Aʋatsokristotɔ, siwo nuteƒewɔla la ƒe agbe nyui nɔnɔ zu mokaka na la, avawɔ ɖeka kple gbɔgbɔ blibawo, adi be yewoatee ɖa tso Mawu ŋuti to amenubeble tetekpɔwo tsyo ƒomevi me. Ke ne amenublenyawo mewɔ dɔ o la, woadi be woazi eƒe dzitsinya dzi sesẽtɔe.UGL 582.1

    Gake zi alesi Yesu anye amegbetɔ ƒe Nyaxɔɖakɔla le dziƒogbadɔa me la, Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe ŋusẽ aɖo asi dziɖuɖua kple dukɔa katã dzi. Le goa ɖe me la, dukɔmesewo gale Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe ŋusẽ te ko. Se siawo manɔmee la, anye ne xexeame ƒe nɔnɔme agblẽ wú alesi wòle egbea. To gbɔ be ameŋkuta geɖewo nye Satana ƒe dɔwɔnuwo hã la, Mawu tɔwo hã le du ŋgɔnɔlawo dome. Futɔ la tsɔ ɖoɖo, siwo axe mɔ na Mawu ƒe dɔa ƒe ŋgɔyiyi kabakaba la, de susu me na eƒe dɔtsɔlawo. Ke du-ŋgɔnɔla, siwo vɔa Aƒetɔa la, dziƒodɔla kɔkɔewo nyɔa susu na wo, eye wote ŋu tsia tre ɖe nenem ɖoɖoawo ŋuti kple nyagɔmeɖeɖe, siwo ŋuti womakpɔ nu kiklia ɖeke le o. Alea ye amea ɖewo laxe mɔ na dzɔgbevɔe gbogboa ɖewo enye si. Nyateƒea ƒe futɔwo ƒe tsitretsitsi wɔnawo makpɔ ŋgɔdede o, ke boŋ mawudɔla etɔlia ƒe gbeƒãɖenya akpɔ mɔnu awɔ eƒe dɔdasi la. Ne woɖe gbeƒã toklãnya mamlea vɔ la, Aƒetɔ la ahe du-ŋgɔnɔla, siwo dzi wòto le dɔ wɔm fifia la, ƒe susuwo va toklãnya la dzi, eye wo dome ame geɖewo laxɔ ɖe edzi, azu Mawu dukɔmeviwo le xaxa ɣeyiɣi la me.UGL 582.2

    Mawudɔla, si awɔ ɖeka kple mawudɔla etɔlia ƒe gbeƒãɖeɖea, ƒe ŋutikɔkɔe aklẽ ɖe anyigba katã dzi. Anye dɔa ɖe, si akpe xexeame katã ɖo, kple ŋusẽ gã manyagblɔa ɖe. Mɔkpɔlawo ƒe azɔli, si dze egɔme le ƒe 1840-1844 me la, nye ŋutikɔkɔe ƒe wɔnaa ɖe, si tso Mawu ƒe ŋusẽ me, si wɔe be mawudɔla gbãtɔ ƒe gbeƒãɖeɖea te ŋu yi ɖe mawunyakaka teƒe ɖesiaɖe le xexea katã me, eye wòva eme le dukɔa ɖewo me abe mawusubɔsubɔ ƒe nyɔnyɔ̃ sesẽ, si ƒomevi meva afia ɖeke kpɔ le xexeame, tso esime Ɖɔɖɔɖo la dze egɔme le ƒe 1500wo me ene o. Gake, nyɔnyɔ̃ gã, si anye mawudɔla etɔlia ƒe toklã susɔe ƒe gbeƒãɖeɖe ƒe emetsonuwo la, alolo wú boo. Dɔ sia asɔ kple esi va eme le Pentekoste-ŋkeke la dzi.UGL 583.1

    Abe tsidzadza gbãtɔ (adatsi), si nye Gbɔgbɔ Kɔkɔea kɔkɔɖi le Pentekoste-ŋkekea dzi le mawunyakaka-dɔ ƒe gɔmedzedze, hena nuku xɔasiwo ƒe tsitsi ene la, nenema ke wòana tsidzadza mlɔetɔ (keletsi) le dɔa ƒe nuwuwu, hena nukuawo ƒe ɖiɖi kaba na ŋeŋe. «Ele dodo ge kokoko abe agudzedze ene, eye ele vava ge na mí abe tsidzadza ene, abe keletsi si ƒoa anyigba ene.» (Hosea 6 : 3)UGL 583.2

    «Mi Zion-viwo, mitso aseye, ne miakpɔ dzidzɔ ɖe Yehowa, mía Mawu la ŋu ; elabena atsɔ tsidzadza ayra mi, ana adatsi kple keletsi nadza ɖe mia dzi abe tsã ene.» (Yoel 2 : 23) «Eye ava me le ŋkeke mlɔeawo me, Mawue gblɔe, bena matrɔ nye Gbɔgbɔ la akɔ ɖe ŋutilã katã dzi…» «Eye wòava me bena, amesiame, si ke ayɔ Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa la, woaɖee.” (Dɔw. 2 :17, 21) Nyagblɔɖi, siwo va me le adatsi ƒe ɣeyiɣia me, le mawunya-dɔa ƒe gɔmedzedzea me la, agava me ke kple keletsi la ƒe dzadza, le dɔa ƒe nuwuwu me. Eyae nye gbɔɖemeɣi, si Apostolo Petro nɔa mɔ kpɔm na, esi wògblɔ be :«Eyata mitrɔ le mia ƒe dzi me, eye migbugbɔ, be woatutu miaƒe nuvɔwo, bena ne gbɔɖemeɣi nava tso Aƒetɔ la ƒe ŋku me, eye wòadɔ Yesu Kristo, si wòɖo ɖi na mi la ɖa.” (Dɔw. 3 :19,20). Mawu ƒe subɔla, siwo ƒe mo le keklẽm kple ɖokuitsɔtsɔna kɔkɔea ɖe la, anɔ yiyim tso teƒe yi teƒe, anɔ gbeƒã ɖem dziƒo ƒe gbedasi la. Gbe akpe akpewo le gbeƒã ɖe ge nya la akpe xexeame katã ɖo. Nukunuwo adzɔ, dɔlelawo ƒe lãme asẽ ŋu, nukunuwo kple nu dzɔtsuwo ade dzesi xɔsetɔwo ŋuti le afisiafi. Ke Satana hã le aʋatso nukunuwo wɔge, eye wòana be dzo gɔ̃ hã nage tso dziƒo dze anyigba, le amewo ƒe ŋku me. (Nyaɖ. 13 :13) Mɔ sia dzie woato ayɔ anyigbadzinɔlawo be woatso nya me na woɖokui kple ŋusẽ, si woatia la.UGL 583.3

    Menye numeɖeɖe ko dzie gbedasi la anɔ anyi ɖo o, ke boŋ ɖe kakaɖedzi detoa ɖe, si atso Mawu ƒe Gbɔgbɔ ƒe dɔwɔwɔ me lae. Numeɖeɖewo nu va yi. Woƒã nukuwo keŋ vɔ ; ke azɔ la, ele be woamie, atse ku. Agbalẽ, siwo mawunya dɔgbedelawo mã la, wɔ woƒe dɔ ; gake woxe mɔ na ame geɖe, siwo ƒe susu dzi wowɔ dɔ ɖo la, be womagase Nyateƒe la gɔme nyuie, alo be womalé eme ɖe asi o. Ke ava me be kekeli la aklẽ ɖe teƒewo katã, eye Nyateƒe la me akɔ keŋ le eƒe dzedzé blibo la me, eye mawuvi, dzɔdzɔetɔwo atso ka, siwo bla wo la. Ƒome kadedewo kple hameawo hã tɔwo magate ŋu lé wo ɖi azɔ o. Nyateƒe la axɔ asi na wo boo wú nu bubuwo katã. To gbɔ be futɔwo ƒe ŋusẽwo ƒo takpli ɖe Nyateƒe la ŋuti hã la, ameha gãa ɖe ŋutɔe atia Aƒetɔ la.UGL 584.1

    ----------

    Larger font
    Smaller font
    Copy
    Print
    Contents