Loading...
Larger font
Smaller font
Copy
Print
Contents
  • Results
  • Related
  • Featured
No results found for: "".
  • Weighted Relevancy
  • Content Sequence
  • Relevancy
  • Earliest First
  • Latest First
    Larger font
    Smaller font
    Copy
    Print
    Contents

    34—HADEDE KPLE GBƆGBƆ VƆ̃WO

    Mawudɔlawo ƒe dɔwɔwɔwo, abe alesi Ŋɔŋlɔawo ƒo nu tso wo ŋu ene la, nye dzideƒo gãtɔwo kekeake dometɔ ɖeka na Kristo yomedzela ɖesiaɖe. Gake, nublanuitɔe, hahoa ƒe aʋatsodzixɔse he viviti kple gbegblẽ kɔ ɖe Biblia ƒe nufiafia ku ɖe Nyateƒe siawo ŋu la dzi. Luʋɔ makumaku dzixɔse, si tso trɔbɔsubɔsubɔ me va ge ɖe kristotɔwo ƒe xɔse me, le megbedede gã ƒe viviti ɣeyiɣiwo me la, va té Biblia ƒe nyateƒenufiafia, si gblɔ be «kukuawo menyaa naneke o” la ɖe to. Alea ye ame geɖewo xɔe se be ame kukuwo ƒe gbɔgbɔwoe nye «subɔsubɔ gbɔgbɔ, siwo woɖo ɖa be woawɔ subɔsubɔdɔ ɖe amesiwo lanyi agbexɔxɔ ƒe dome la ta». Woxɔ gbegblẽ sia dzi se, to gbɔ be Ŋɔŋlɔawo ɖi ɖase tso mawudɔlawo ƒe anyinɔnɔ ŋuti kple woƒe gomekpɔkpɔ le amegbetɔ ƒe ŋutinya me ŋu, hafi amegbetɔ vadze kuku gɔ̃ hã. Alakpa, si gblɔ be amegbetɔ gadzea si eɖokui le tsiẽƒe, vevietɔ, be ame kukuwo ƒe gbɔgbɔ gatrɔ gbɔna va subɔa agbagbeawo la, nye nusi ʋu mɔ na hadede kple gbɔgbɔ vɔwo le egbe ŋkekeawo me. Nenye be woxɔa ame kukuwo ɖe Mawu ƒe ŋku me le mawudɔla kɔkɔewo dome, eye wotsɔa sidzedze gãa ɖe naa wo, si lolo wú esi nɔ wo si tsã la, aleke wɔ be womatrɔ va anyigba dzi be yewoafia nu agbagbeawo, aʋu ŋku na wo o mahã? Nenye be, abe alesi ame geɖewo susuna ene, ame kukuwo ƒe luʋɔ nɔa xlã ƒom wo xɔlɔwo le anyigba dzi la, nukae axe mɔ na wo be womage ɖe kadede me kpli wo, axlɔ̃ nu wo ɖe nuvɔ̃ ŋuti, alo afa akɔ na wo le woƒe vevesesewo me o? Ne ele alea ɖe, aleke wɔ amesiwo xɔna sena be sidzedze gale ame kukuwo si la, ate ŋu agbe nusi tso ŋutikɔkɔe gbɔgbɔ mawo gbɔ va na wo abe dziƒo kekeli ene la xɔxɔ? Esia enye kadede mɔnu veviea ɖe si, ŋu dɔ Satana wɔna na eƒe taɖodzinuwo ƒe mevava. Dɔla vɔɖiwo wɔna ɖe eƒe ɖoɖowo dzi, eye wodzena abe amesiwo xɔ gbedasi tɔxɛa ɖewo tso gbɔgbɔwo ƒe nɔƒe va ene. Ale be wòte ŋu blea agbagbeawo be wole kadede me kple woƒe ame kukuwo, eye le esia wɔwɔ me wòte ŋu kpɔa ŋusẽ ɖe woƒe susuwo dzi. Ŋusẽ le Satana si be wòana amewo nakpɔ woƒe ame kukua ɖe ƒe dzedzeme, eye nɔnɔme sia naɖi ameyinugbe la pɛpɛpɛ le eƒe kpɔkpɔ, nuƒoƒo kple eƒe gbeɖiɖi me nukutɔe. Geɖewoe nye amesiwo kpɔa akɔfafa le susu sia nu be yewo ƒe ame veviwo le dzidzɔ kpɔm le dziƒo. Womesusuna kura be afɔkua ɖe le nya sia dzi xɔxɔse me o, ke boŋ wokana ɖe beble gbɔgbɔ siawo ƒe wɔnawo dzi, eye woxɔa gbɔgbɔ vɔwo ƒe nufiafiawo dzi sena.UGL 520.1

    Nenye be ena amewo xɔe se be kukuawo gagbugbɔna va ƒoa nu kple agbagbeawo la, egawɔna be amesiwo yi tsiẽƒe dzadzraɖomanɔmee la ƒe nɔnɔme dzena na wo. Enana gɔ̃ hã be woaxɔe se be wole dzidzɔ kpɔm le tsiẽƒe, eye bena woda wo ɖe teƒe kɔkɔwo. Nenemae amewo xɔnɛ sena be vovototoa ɖeke mele ame dzɔdzɔe kple ame madzɔmadzɔ dome o. Gbɔgbɔ vɔ siawo, siwo tsɔa ame kukuwo ƒe nɔnɔme la, gblɔa nyaa ɖewo, siwo vana me pɛpɛpɛ. To esia wɔwɔ me la, amewo tsɔa woƒe dzixɔsea katã dana ɖe wo dzi. Alea ye wokpɔa mɔnu hefiana aʋatsonya wo, eye wogblẽa woƒe xɔse ku ɖe Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo ŋu keŋkeŋ. Gbɔgbɔ vɔ̃ siawo wɔna abe ɖe wole wo xɔlɔ, siwo le agbe la, ƒe nyui dim vevie ene, eye wotoa esia dzi hetsɔa alakpanya dziŋɔwo dea woƒe susu me. Esi wònye be wogblɔa nyateƒea ɖewo, eye woƒe nyagblɔɖia ɖewo hã vana me ta la, woƒe ɖaseɖiɖiwo dzena abe nyateƒe vavã ene, eye ameha geɖewo xɔa woƒe alakpa nufiafiawo kaba abe Biblia ƒe nya xɔasi vevietɔwo ene. Wogbea nu le Mawu ƒe Se la gbɔ. Wodoa vlo Amenuve- Gbɔgbɔ la, eye wokpɔa Nubabla ƒe Ʋu la numaɖinue. Gbɔgbɔ vɔ̃ siawo gbea Kristo ƒe Mawunyenye, eye wokɔa wo ɖokuiwo vaa tasɔsɔme kple Mawu. Nenemae, le beble, alo ɣaɣla ƒe nɔnɔme me la, aglãdzela gãa la gale aʋa, si wòho ɖe Mawu ŋu le dziƒo la dzi yim le anyigba dzi, eye wòle edzi ƒe akpe adẽ sɔŋ enye esi.UGL 521.1

    Ame geɖewo tsɔa gbɔgbɔ blibawo ƒe wɔnawo alo ŋusẽ ɖeɖe fia abe afakalawo ŋutɔ ƒe akunyawɔwɔ alo agbagbadzedze ene. To gbɔ be ɣeaɖewoɣi wotsɔa ameaɖewo ŋutɔ ƒe alakpawɔnaa ɖewo tuna na gbɔgbɔ blibawo hã la, nyateƒe wònye be viviti- ŋusẽ ɖeɖefia vavã geɖewo li. Nukunu gbeɖiɖi, siwo dze gbɔgbɔ vɔwo ƒe ɖokuiɖeɖefia wɔnawo gɔme ƒe alafaa ɖewoe nye esia, menye amegbetɔ ƒe aɖaŋu dɔwɔna alo agbagbadzedze wònye o, ke boŋ gbɔgbɔ blibawo ƒe ŋutega ŋusẽ dɔwɔwɔ, siwo nye mɔnu gãtɔ, siwo dzi Satana tona blea ame geɖewo yi tsɔtsrɔ̃ me la, dometɔ ɖekae. Ame geɖewoe nye amesiwo wote ŋu blena, eye woxɔ se be gbɔgbɔ blibawo ƒe dɔwɔna nye amegbetɔ ŋutɔ ƒe aɖaŋu alo kpɔɖeŋu ko. Ke ne wovake ɖe nukunu sesẽa ɖe ŋu, si wú gbɔgblɔ na wo ŋuti la, ekem wogena ɖe beble ŋusẽ te, eye woxɔnɛ se be nukunu sia tso Mawu ŋutɔ gbɔ. Nenem- mewo metsɔa ɖeke le me na nusi Biblia le gbɔgblɔm tso Satana kple eƒe dɔtsɔlawo ƒe nukudɔwɔwɔwo ŋu o. To Ameblela gã la ƒe kpekpeɖeŋu mee Farao ƒe akunyawɔlawo te ŋu srɔ̃ Mawu ƒe ŋusẽ dɔwɔwɔa ɖewo. Apostolo Paulo na míenya be hafi Kristo nava zi evelia la, míagakpɔ Satana ƒe ŋusẽ ɖeɖefiawo. Awɔ esia le «aʋatsokaka ƒe ŋusẽ kple dzesiwo kple nukunuwo katã kple madzɔmadzɔnyenye ƒe amebeble katã me.” ( Tesa.II, 2:9, 10 ). Le eƒe nuƒoƒo tso nukunu ŋusẽ sia, si aɖe eɖokui fia le ŋkeke mamleawo me ŋu la, Apostolo Yohanes gblɔ nya, siwo gbɔna la, be : «Eye wòwɔ dzesi gãwo bena wòna dzo gɔ̃ hã ge tso dziƒo dze anyigba le amewo ƒe ŋku me. Eye wòble anyigbadzinɔlawo le dzesi, si wotsɔ nɛ, be wòawɔ le lã la ƒe ŋku me la ŋuti…” (Nyaɖ,13:13,14 ) Nyagblɔɖi sia mele nu ƒom tso amebeble ƒuƒlu ko ŋu o. Ke eyi dzi be woflu amewo to dzesi gã, siwo Satana ƒe dɔtsɔlawo wɔ la me.UGL 521.2

    Viviti fiavi, si nɔa eƒe nunya gã manyagblɔ ŋuti dɔ wɔm ɣeyiɣi didia ɖe la, tsɔ aɖaŋudzedze gãa ɖe dzidzena tetekpɔ, siwo sɔ kple amegbetɔ ƒe hatsotsoe vovovoawo la, ɖe wo ŋu le nɔnɔme vovowo me. Etsɔa susuɖeɖe kɔkɔwo ku ɖe gbɔgbɔwo ƒe wɔnawo ŋu la, blea agbalẽnyala gãwo kple ameŋkutawo, eye wòhea ame geɖewo dea eƒe mɔtetrewo me. Nunya, si tso hadede kple gbɔgbɔ vɔwo me la ŋue Apostolo Yakobo nɔ nu ƒom le, esime wògblɔ be: «Nunya sia la, menye dziƒo wòtso va o; ke anyigbadzitɔe, dzɔdzɔmetɔe, gbɔgbɔ vɔ̃ tɔe.» (Yakobo 3:16). Nyateƒe sia amewoblela gã ɣlana ɖe amewo ale be eƒe susu vɔɖiwo nate ŋu akpɔ eme vava. Eya, amesi do dziƒo serafimwo ƒe keklẽ, eye wòte ŋu dzé le Kristo ƒe ŋku me le tetekpɔ gbedzi la, dzena na amewo le nɔnɔme, si wɔa dɔ ɖe ame dzi ŋutɔ la me, abe kekeli ƒe dɔla ene. Ekplɔa amewo vaa susumeyiyi gbɔ, eye wòbiana wo be woade ŋugble tso nyati kɔkɔwo ŋu; ewɔa dɔ ɖe seselelãmewo dzi to nu nyakpɔwo ɖeɖe fia me, eye wòdea ga dziwo to nya viviwo gbɔgblɔ tso lɔlɔ̃ kple dɔmenyo ŋu me. Edoa ŋusẽ susu gãwo ɖeɖe, hedoa kɔkɔ wo ale be le esia wɔwɔ me la wòhea wo yi ɖokuiŋudzedze, si wɔnɛ be dada gãa ɖe yɔa wo me ɖe woƒe nunya ta ale gbegbe be le woƒe dzi me la womegakpɔa Mawu mavɔ la ɖe naneke dzi o. Ŋusẽ gbɔgbɔ sia, si kɔ xexeame ƒe Xɔla yi to kɔkɔa ɖe dzi hena be xexeame ƒe fiaɖuƒewo kple woƒe nutikɔkɔe katã nato eƒe ŋku me be wòakpɔ la, agatsɔ eƒe tetekpɔwo ɖo amegbetɔwo ƒe ŋku me, ale be wòahe amesiwo mele Mawu ƒe ŋusẽ ƒe ametakpɔkpɔ te o la, ƒe susuwo de gbegblẽ me.UGL 522.1

    Satana gale amewo blem egbea, abe alesi wòble Xawa le Eden-bɔ la me ene, eye wònyɔa susu le wo me be woadi nunya, si ŋu mɔɖeɖe mele o la, na wo ɖokuiwo dodo ɖe dzi. Asi lili nuvɔ̃ siawo ŋue na be eyama ŋutɔ vazu anyidzela, eye to mɔnu sia ke dzi wòwɔa ŋutete le be yeahe tsɔtsrɔ̃ va amegbetɔwo dzie. Egblɔ be: «...Mianɔ abe Mawu ene, anya nyui kple vɔ.” ( Mose I, 3:5 ). Gbɔgbɔ vɔwo ƒe nufiafiaa ɖewoe nye be «amegbetɔ nye nuwɔwɔa ɖe, si nɔa ŋgɔdede dzi ɖaa, eye be gbesigbe ke wodzii la, enɔa tsitsim ɖe dzi le ŋkeke mavɔwo me, ɖo ta mawunyenye gbɔ.» Wogagblɔna hã be: «Amegbetɔ, si si nunya le la, maɖo ʋɔnudrɔla bubua ɖeke na eɖokui tsɔ wú eya ŋutɔ o. Wogblɔ yi edzi be «ʋɔnudɔdrɔ̃ la anɔ dzɔdzɔe, elabena ʋɔnudɔdrɔ̃ na ameɖokui wòanye…fiazikpui la le míaŋutɔ mía me.” Gbɔgbɔ vɔ̃ hadela alo adzetɔ gãa ɖe gblɔ be esime gbɔgbɔme ƒe sidzedze le nyɔnyɔm le yème la, yehaviwo keŋ le na ye azɔ abe mawu-afã, siwo mekpɔ anyidzedzea ɖeke kpɔ o la, ene. Ame bubu hã gblɔ be amesiame, si le dzɔdzɔe, eye wòde blibo la, hã nye kristo.UGL 523.1

    Ke Satana tsɔ agbetɔ kple eƒe nuvɔme nyenye, si naa wògena kaba la, ɖɔli Mawu mavɔ, si le dzɔdzɔe, de blibo, si ɖeka ko dze na subɔsubɔ la teƒe, ale be woasubɔ amegbetɔ ko, eye eƒe nɔnɔme gbegblẽ la nanye dzidzenu na dzɔdzɔenyenye kple dẽ ƒe nyonyo, le Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye, eƒe blibodede kple eƒe Se dzɔdzɔe, si tua ame ɖo la, teƒe. Esia nye toyiyi, ke menye ŋgɔyiyi o.UGL 523.2

    Le dzɔdzɔme-se ku ɖe susu me kple gbɔgbɔ me ƒe agbenɔnɔ ŋu nu la, amegbetɔ ƒe nɔnɔme trɔna ɖe nusi dzi wòli ŋku ɖo la ŋu. Gbɔgbɔ la trɔna vivivi ɖo ta nusi ŋu wònɔa ŋugble dem le edziedzi la gbɔ. Le nuwuwu la, ewɔa ɖeka kple nusi wòlɔna, eye wòtsɔa asixɔxɔ nana la. Amea ɖeke mate ŋu akɔkɔ wú eyaŋutɔ ƒe susu ku ɖe, dzadzɛnyenye, dɔmenyo kple nyateƒe ŋu o. Ne ekpɔ eɖokui abe taɖodzinu gãtɔ kekeake, si gbɔ wòaɖo tae ene la, mate ŋu ade nane, si akɔ wúi la, gbɔ gbeɖe o. Ke boŋ, anɔ ɖiɖim anɔ to yim ɖaa. Mawu ƒe amenuveve ɖeɖe koe kpɔ ŋusẽ ado amegbetɔ ɖe dzi. Ne eyama le eɖokui si eye womekpe ɖe ŋu.UGL 524.1

    Gbɔgbɔ blibawo meɣlana woƒe wɔnawo vevie ɖe amesi megbea naneke na eɖokui o, esi lɔa ŋutilãme vivisese kple seselelãme la, abe alesi wowɔnae na amesi si nunya kple susume ŋgɔdede le la ene o. Satana dina nusi sɔ kple amesiame ƒe dẽ la nɛ. Eléa ŋku ɖe amegbetɔ ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ dzesiwo ŋu. Edzroa amesiame ƒe nɔnɔme me kpɔna, eye wòtsɔa nusi sɔ kplii la naa eyama. Edea dzesi nuvɔ, si vivia amegbetɔ ɖesiaɖe nu, eye wòtsɔa mɔnu geɖewo ɖoa eƒe ŋku me na ewɔwɔ. Nenema ke wònana be nane, si ame nawɔ, eye manye vodada nɛ o la, wòawɔe gbɔ eme, ale be to ɖokuidzimaɖu me la, wòakpɔ gbɔdzɔgbɔdzɔ le eƒe ŋutilã, susu kple gbɔgbɔme-gbenɔnɔ me.UGL 524.2

    Etsrɔ̃ ame akpeakpewo, eye wògale wotsrɔm egbea to vivisese vivivo, siwo nana be ame trɔ zua tsukunɔ la me. Ne wòatsɔ ƒo eƒe dɔwɔna vɔɖiwo katã ta la, egblɔna to eƒe dɔla vɔɖiwo dzi be « nunya vavã doa ame ɖe dzi ɖe se ɖesiaɖe tame ”, bena «nusianu, si li la, nye nu nyui», be «Mawu mebua fɔ ame o ”, eye bena «nuvɔ̃ siwo katã wowɔna la, fɔɖiɖi mele wo ŋu o.» Ne wona be amewo xɔɛ se be ame ŋutɔ ƒe didi enye se, si ƒo sewo katã ta, be vovokpɔkpɔe nye be amesiame nawɔ nusi dze eŋu, eye bena ame ŋutɔe nye ʋɔnudrɔla na eɖokui ɖe, ɖee gbegblẽ kple ŋunyɔnu, siwo katã le eme vam le afisiafi egbea, gawɔ nuku mahã? Ameha geɖewo le nufiafia siwo ɖe mɔ be woazɔ ɖe woƒe ŋutilã ƒe didiwo nu la xɔm kple dzitsitsi. . Woɖe asi le ɖokuidziɖuɖu ƒe ŋusẽ ŋuti na ŋutilã ƒe nudzodzrowo, eye gbɔgbɔ me kple luʋɔ ƒe nunanawo zu kluvi na ŋutilã ƒe didiwo, ale be Satana le dzidzɔ kpɔm ale gbegbe ɖe alesi wòna ame akpeakpe siwo nɔa wo ɖokui yɔm be Kristo ƒe nusrɔlawo la, ge ɖe eƒe mɔtetrewo me.UGL 524.3

    To gbɔ be ele alea hã la, mele be amea ɖe naɖe asi le eɖokui ŋu wòage ɖe gbɔgbɔ vɔwo ƒe hadede ƒe ameflunyawo me o. Mawu tsɔ kekeli, si dze la, na xexeame bena amegbetɔwo nate ŋu ake ɖe mɔtetre la ŋu. Abe alesi míekpɔe do ŋgɔ ene la, susuɖeɖe, si dzi gbɔgbɔ vɔwo ƒe nufiafia nɔ anyi ɖo la, tsi tre ɖe Ŋɔŋlɔawo ƒe nya siwo me kɔ ƒã la ŋuti. Biblia na míenya be ame kukuwo menya naneke o; woƒe susuwo nu va yi, eye womagakpɔ gome le nusiwo katã dzɔna le ɣea te la me o; womenya naneke ku ɖe woƒe ame vevi siwo le anyigba dzi la, ƒe dzidzɔ alo vevesese ŋu o. Ga wu la, Mawu de se vevie ɖe nusi amewo tsɔna abe nuƒoƒo kple ame kukuwo ƒe gbɔgbɔ ene la ŋuti. Le Hebritɔwo ŋɔli me la, ame hatsotsoea ɖewo li, siwo gblɔna abe egbe ƒe ŋɔliyɔlawo ene la, be yewonɔa kadede me kple ame kukuwo. Ke gbɔgbɔ mawo menye ame nyanyawo ƒe gbɔgbɔ wonye, abe alesi amewo xɔɛ se ene la o, ke Biblia le woyɔm be gbɔgbɔ vɔwo ƒe gbɔgbɔ. ( Mose IV, 25:1-3; Ps.106:28; Kor.I, 10:20; Nyaɖ. 16:14 ). Kadede kple gbɔgbɔ siawo nye ŋunyɔnu le Aƒetɔ la ƒe ŋku me, eye wòde se vevie be amesi awɔ vodada sia la, woawui. ( Mose III, 19:31; 20:27) . Le egbe ŋkekewo me la, amewo medea asixɔxɔa ɖeke adzè ƒe nyawo ŋu o. Ne woƒo nu tso kadedemenɔnɔ kple gbɔgbɔ vɔwo ŋu la, amewo tsɔnɛ ko abe blematɔwo ƒe glinya ene. Ke ɖekawɔwɔ kple gbɔgbɔ vɔwo, si nye mɔtetre gã manyagblɔa ɖe, si me ame akpe alafalafawo, alo miliɔn miliɔnwo ŋutɔ gɔ̃ hã dze, eye wòge ɖe numekulawo ƒe hatsotsoewo kple subɔsubɔhawo me, eye wògakpɔ nɔƒe hã le sewɔlawo dome kpakple fiasãwo me la, menye nu bubua ɖeke wú tsã ƒe adzè ŋudɔwɔwɔ, si ŋu Mawu tsitre ɖo la o. Ɖe ko wògatrɔ va le nɔnɔme bubu me.UGL 525.1

    Nenye be nu bubua ɖeke menɔ anyi, si ɖo kpe adzè ƒe nɔnɔme vavã dzi o hã la, esu ko be kristotɔ nanyae be gbɔgbɔ vɔwo medea vovototoa ɖeke dzɔdzɔenyenye kple nuvɔ̃ dome o, alo le Kristo ƒe Apostolo dzadzetɔ kekeake kple Satana ƒe subɔla vɔɖitɔ kekeake dome o. Ne Satana le amewo flum be vɔwɔla triakɔ ŋutɔ gɔ̃ hã le teƒe kɔkɔ le dziƒo la, ɖe ko wòle gbɔgblɔm na xexeame katã be: «agbe, si ƒomevi mianɔ, alo Mawu kple eƒe Nya la dzi xɔxɔse kple dzimaxɔsewo katã menye nusiwo le vevie o. Minɔ agbe abe alesi wòdze mia ŋu ene; dziƒo la, miaƒe aƒe me wònye.” Gbɔgbɔ vɔ̃ hadelawo ƒe nufiala gãwo ƒe nufiafia ƒe taƒonya, le nyateƒe me, koe nye be: “Ame vɔɖiwo katã nyo le Yehowa ŋku me, eye woƒe nu dze eŋu, alo afika Mawu ʋɔnudrɔla la le?” Maleaxi gblɔ nya sia ɖi xoxo. ( Maleaxi 2:17 ). Ke Mawunya le nya sia ŋu ɖom bena: «Baba na amesiwo yɔa vɔ̃ be nyui, kple nyui be vɔ, amesiwo tsɔa viviti wɔa kekelii, eye wotsɔ kekeli wɔ vivitii.” (Yes.5:20 )UGL 526.1

    Aʋatsokagbɔgbɔ siawo siwo tsɔ wo ɖokui ɖo Apostolowo teƒe la, ƒo nu abe ɖe Apostolo siawo tsi tre ɖe nusi woawo ŋutɔwo ŋlɔ̃ le Gbogbɔ Kɔkɔe ƒe kpɔkplɔ te le woƒe anyigbadzinɔnɔ ɣeyiɣiwo me la, ŋuti ene. Wole amewo flum be Biblia metso Mawu gbɔ o. Le esia wɔwɔ me la wole kristotɔ ƒe mɔkpɔkpɔ ƒe gɔmeɖokpe la mum ƒu anyi, hele kekeli, si fia dziƒo mɔ la, nu tsim. Satana le amewo blem ne woaxɔe se be Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo la glinya ko wonye, alo be amegbetɔƒomea ƒe gɔmedzegbalẽ, si meganyo na egbe ŋkekewo ƒe ŋgɔdede o la, wonye. Ke nusiwo wòtsɔ ɖɔ li Mawunya la woenye adzè gbɔgbɔwo ƒe nuwɔna siwo le eya ŋutɔ ƒe kpɔkplɔ te blibo, eye wonye mɔnu siwo dzi wòtona heflua xexeame katã. Ehea viviti tsyɔna agbalẽ, si woatsɔ drɔ̃ ʋɔnu eyama kple eƒe dɔla vɔɖiwo la, ƒe afisiwo dzro wo la dzi. Eɖea xexeame ƒe Ɖela fiana abe ame gbɔlo ko ene. Abe alesi Roma ƒe asrafo, siwo dzɔ Yesu ƒe yɔdo nu la, kaka alakpanya, si nunɔlawo kple dumegãwo gblɔ de nu me na wo be woable amewo be Ɖela metsi tre o ene la, nenema kee amesiwo xɔa gbɔgbɔ vɔwo ƒe nuwɔnawo dzi sena la dina be yewoaɖee fia be naneke menye nukunu le mía Ɖela ƒe agbe me o. Le woƒe ŋutete wɔwɔ me be yewoado vlo Kristo la, woga dina hã be yewoahe amewo ƒe susu va woƒe nukunuwo dzi hegblɔna na wo be wo lolo fũ wú Ɖela ƒe dɔwɔwɔwo. Le egbe ŋkekewo me la, gbɔgbɔ vɔwo trɔ woƒe dzedzeme kple wɔnawo ɖe bubu, eye wodo kristotɔnyenye ƒe awu. Gake ƒea ɖewoe nye esi va yi la, woƒe ɖeɖefia le dutoƒo, to nyadzɔdzɔgbalẽwo kple bubuwo me la, meganye nu ɣaɣla o, eye woƒe nufiafia kple taɖodziwo hã dze ƒã, ɖikekemanɔmee.UGL 526.2

    Ke le eƒe nɔnɔme, si wògatsɔ fifia nu la, adzè, alo hadede kple gbɔgbɔvɔwo, ƒe afɔku, si wònye la, gasesẽ ɖe dzi wú tsã, elabena eƒe aye mɔnuwo ɣla geɖe. Tsã la, etsia tre ɖe Biblia ŋuti, ke egbe ŋkekewo me la, Satana le eɖokui ɖem fia abe amesi xɔ Kristo kple eƒe Nya la ene. Gake le esia wɔwɔ me la, eya kple eƒe dɔlawo tsɔa gɔmesese totro, si vivia sese na ame matrɔdzimewo, ale be woɖea Nyateƒe, si le vevie na agbe la, ƒe ŋusẽ ɖa. Wogblɔna be Mawu ƒe dẽ ƒe sɔti gãtɔ enye lɔlɔ, gake wotsɔ lɔlɔ̃ sia wɔ seselelãme gbegblẽ, si mede vovototoa ɖeke nyui kple vɔ̃ dome o. Ke wotsyɔ̃ nu Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye, eƒe tsitretsitsi ɖe nuvɔ̃ ŋuti kple eƒe sededewo ƒe biabiawo dzi keŋkeŋ. Wofiaa amewo be woakpɔ Mawu ƒe Se ewoawo abe nusi ŋu asixɔxɔa ɖeke mele o ene. Glinya vivi siwo nya sese na wo xɔ amewo ƒe susu me ale gbegbe be womegaxɔa Biblia abe woƒe xɔse ƒe gɔmeɖokpe ene o. Alesi Satana kple eƒe dɔlawo gbe nu le Kristo gbɔ tsã xoxo la, nenema ko wòganye na wo egbea, gake woflu amewo ale gbegbe be woƒe ŋkuwo gbã, eye womete ŋu kena ɖe woƒe alakpawo ŋu o.UGL 527.1

    Ame ʋɛa ɖewo koe te ŋu dea dzesi beble ŋusẽ gã, si le hadede kple gbɔgbɔ vɔwo, alo adzè wɔna me kple dzɔgbevɔe dziŋɔ, si wònye be ame nage ɖe eƒe ŋusẽ te la. Geɖewoe nye amesiwo fena kple adzè ŋusẽ sia, hedina be yewoate nu kpɔ, anya nusi wònye, to gbɔ be womexɔ edzi se o hã. Vɔvɔ̃ gãa ɖe adze wo dzi ne wonya be yewoŋutɔe le yewo ɖokui dem gbɔgbɔ blibawo ƒe kluvinyenye te. Nublanuitɔe, wole anyigba, si ŋu sedede le la dzi zɔm, eye ne wogbe, alo wolɔ̃ hã, wogena ɖe nugblẽla gã la ƒe kpɔkplɔ te. Alea ye amewo ŋutɔ gblẽna woƒe susuwo ɖe gbɔgbɔ blibawo si me hezua woƒe kluviwo. Ke nenem me siawo mate ŋu ɖe ga wo ɖokuiwo o. Mawu ƒe ŋusẽ, si woate ŋu axɔ to xɔse gbedodoɖa vavã me la, koe ate ŋu aɖe ga luʋɔ, siwo ge ɖe mɔtetre siawo me.UGL 527.2

    Amesiwo katã lé ɖe woƒe dẽ gbegblẽwo ŋuti, alo ku ɖe nuvɔ̃ tɔxɛa ɖe ŋu le woƒe agbe me la, le mɔ ʋum na Satana ƒe tetekpɔwo ƒe wo dzi vava. Woɖe wo dɔkui ɖa tso Mawu kple eƒe dɔla kɔkɔeawo ƒe ametakpɔkpɔ te, ale be ne vɔɖitɔ la di be yeahe wo de yeƒe mɔtetrewo me la, bebeƒea ɖeke meganɔa wo si o, eye wozua futɔ la ƒe adelã bɔbɔe. Amesiwo hea wo ɖokui dea eƒe ŋusẽ te alea la mete ŋu dea dzesi keke afisi woƒe wɔna sia akplɔ wo sẽ ɖo o. Ne tela kpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi vɔ la, etsɔa wo wɔa eƒe dɔtsɔla siwo dzi wòtona hea ame bubuwo dea tsɔtsrɔ̃ me.UGL 528.1

    Nyagblɔɖila Yesaya gblɔ be: «Ne wogblɔ na mi be mibia nu ŋɔliyɔlawo kple afakalawo se, amesiwo nɔa ŋɔti me gbe dom, eye wonɔa gbe tem la, ɖe dukɔa mabia nu eƒe Mawu ase oa? Ɖe woabia nu kukuawo na agbagbeawoa? Mitrɔ ɖe nufiame kple ɖaseɖiɖi la ŋu. Ne womegblɔ alea o la, ekema agu medze na wo o.» ( Yes. 8:19,20 ). Nenye ɖee amewo di be yewoaxɔ nyateƒea ku ɖe amegbetɔ ƒe nɔnɔme kple ame kukuwo ŋu, abe alesi Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔeawo fiae ɖikekemanɔŋui ene la, anye ne wokpɔɛ, eme lakɔ na wo ƒã, be hadede kple gbɔgbɔ vɔwo, alo adzè wɔwɔ nye Satana ƒe dɔwɔwɔ siwo me wòɖea eɖokui fiana le kple ŋusẽ, to aʋatsokaka, dzesi gãwo kple alakpa nukunuwo katã me. Le esi wòle be woagbe nu le ŋutilã ƒe vovokpɔkpɔ, si vivia dzi manyanuwo ŋu gbɔ, eye woaɖe asi le nuvɔ, si wolɔna ŋu la, ame geɖewo míaa ŋku ƒua kekeli la dzi, eye wonɔa zɔzɔm le ɖekematsɔleme na toklãnyawo me, le esime Satana trea mɔ ƒo xlã wo heléa wo bɔbɔe. «…elabena womexɔ Nyateƒe ƒe lɔlɔ̃ bene woaxɔ wo o. Eye le esia ta Mawu adɔ beble, si nu sẽ la, aɖo ɖe wo gbɔ, bene woaxɔ aʋatsokaka dzi ase.» ( Tesa.II, 2:10,11 )UGL 528.2

    Amesiwo tsi tre ɖe hadede kple gbɔgbɔ blibawo ƒe nufifiawo ŋu la mele aʋa wɔm kple amegbetɔwo ɖeɖe ko o, ke boŋ kple Satana kple eƒe dɔlawo hã. Wole kame tem kple dziɖulanyenye, kple ŋusẽwo, kple vɔɖinyenye ƒe gbɔgbɔ, siwo le dziƒonutowo me la. Satana mate ɖe megbe kura o, negbe dziƒodɔlawo ƒe ŋusẽ nu ko wòasi le. Ele na Mawu ƒe dukɔ la be woakpe akɔ kplii, abe alesi mía Ɖela wɔ ene, kple nya siawo: « Woŋlɔ̃ ɖi be:». Satana hã ate ŋu aɖe Biblia me nyawo ɖe go, abe alesi wòwɔe le Kristo ƒe ɣeyiɣiwo me ene, eye wòatrɔ gɔmesese na eme nufiafiawo, bena wòatsɔ wo aɖo kpe eƒe alakpawo dzi. Ele na amesiwo di be yewoali ke le xaxa ɣeyiɣi siawo me be woawo ŋutɔwo nase Ŋɔŋlɔawo ƒe ɖaseɖiɖiwo me nyuie na wo ɖokui. Ava me be ame geɖewo ado go gbɔgbɔ bliba, siwo atsɔ woƒe ƒometɔ veviwo, alo xɔlɔwo ƒe nɔnɔme, eye woagblɔ alakpanya dziŋɔwo, ahadi be yewoaflu wo. Woawɔ ŋutete be amewo natsɔ lɔlɔ̃ tɔxɛ na yewo, eye woawɔ nukunuwo hã be woatsɔ na kpekpẽme woƒe aʋatsokanyawo.UGL 528.3

    Ele be míanɔ dzadzraɖo ɖi, be míate ŋu atsi tre ɖe wo ŋu kple Biblia me Nyateƒe, si gblɔ na mí be kukuawo menya naneke o, eye bena amesiwo dzéna abe míaƒe ame kukuwo ene la, gbɔgbɔ makɔmakɔwo wonye.UGL 529.1

    «Tetekpɔ ƒe gaƒoƒo, si le xexeame katã dzi va ge, be woate amesiwo nɔ anyigba dzi kpɔ la, (Nyaɖ.3:10) ɖo vɔ. Amesiwo katã ƒe xɔse meli ke ɖe Mawu ƒe Nya dzi o la, age ɖe beble me, eye woaɖu wo dzi. Satana le dɔ wɔm vevie kple «madzɔmadzɔnyenye ƒe amebeble katã», bene wòahe amegbetɔviwo katã va eƒe ŋusẽ te, eye eƒe beble-ŋusẽ hã le gã dom ɖe dzi. Gake mate ŋu akpɔ dziɖuɖu ne amegbetɔ ŋutɔ meɖe asi le eɖokui ŋu faa na eƒe tetekpɔwo o. Amesiwo katã le didim vevie be yewoanya Nyateƒe la, hele agbagba dzem bena yewoakɔ yewo ƒe luʋɔ ŋu to toɖoɖo me, eye wole ŋutete wɔm le dzadzram ɖo na ʋiʋli la, woakpɔ bebeƒe le Nyateƒe-Mawu la me. «Le esi nelé nye dzidonya me ɖe asi ŋuti la, eyata nye hã malé wò ɖe asi.» (Nyaɖ. 3:10), Esia enye Ɖela ƒe ŋugbedodo nyui la. Adɔ eƒe dɔlawo katã ɖa be woakpɔ eƒe dukɔ la ta, eye maɖe asi le luʋɔ ɖeka kolia gɔ̃ hã, si agblẽ eɖokui ɖe esime la ŋu, be wòatsrɔ̃ le Satana ƒe aʋahoɖameŋu me o.UGL 529.2

    Nyagblɔɖila Yesaya ƒo nu tso beble dziŋɔ, siwo me ame vɔɖiwo age ɖo, ahanɔ bubum be Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ mava yewo dzi o la ŋu. “Elabena miegblɔ be: «Míebla nu kple ku, eye míeɖu dzo kple tsiẽƒe. Atàm, si le nyènyem le yiyim la, mava mía gbɔ o, elabena míetsɔ aʋatso wɔ míaƒe sitsoƒee, eye míebe ɖe alakpa gbɔ.» ( Yes. 28:15 ) Hatsotsoe sia, si ŋu kpukpuia le nu ƒom le la, yee nye amesiwo, le woƒe dzimematrɔmatrɔ kɔlialia me, le kakam ɖe dzi na wo ɖokuiwo be tohehea ɖeke manɔ anyi na vɔwɔla o. Woka ɖe dzi be amewo katã, alekekeake anye woƒe nɔnɔme gbegblẽ hã la, woakɔ wo yi dziƒoe, be woanɔ afima abe mawudɔlawo ke ene. Tɔxɛ, amesiawo dome ye woakpɔ amesiwo “bla nu kple ku, heɖu dzo kple tsiẽƒe la, le; amesiwo gbe nu le Nyateƒe, siwo Mawu na be woanye ametakpɔkpɔ na ame dzɔdzɔewo le xaxaɣiwo me la, gbɔ, eye wotsɔ alakpa, siwo Satana tsɔ na wo le adzè alo hadede kple gbɔgbɔ vɔwo ƒe wɔnawo me la, wɔ woƒe sitsoƒee.UGL 530.1

    Amegbetɔ ƒe ŋkuagbãtɔnyenye le dzidzime sia me nye nusi wɔ nuku ale gbegbe be gbɔgblɔ mele eŋu o. Ame akpeakpewo gbea nu le Mawunya gbɔ abe nusi dzi medze kura be woaxɔ se o ene, eye woxɔa Satana ƒe alakpanyawo dzi sena kple kakaɖedzi blibo. Dzimaxɔsetɔ kple fewuɖula siawo tsia tre ɖe amesiwo le ʋiʋlim be nyagblɔɖilawo kple apostolowo ƒe xɔse nasu yewo hã yewo si la ŋu. Wotsɔa Biblia ƒe nufiafia vavãwo ku ɖe Kristo, ɖeɖekpɔkpɔ ƒe ɖoɖo, kple fetu, si li na amesiwo gbe Nyateƒea xɔxɔ la, wɔa woƒe alɔmeɖenuwoe. Nenema ke wokpɔa amesiwo xɔa Mawu ƒe ɖoɖoawo hewɔa eƒe Seawo dzi la be ame manyanuwo, tsukunɔ, siwo xɔa numaɖinuwo dzi se ene, eye woƒe nu wɔa nublanui na wo geɖe. Woƒoa nu kple kakaɖedzi gãa ɖe abe ɖe wowɔ nubabla kple ku, eye woɖu dzo kple tsiẽƒe ene, alo abe ɖee kpɔtɔtɔ sesẽ magbãmagbãa ɖe ƒo xlã wo, si Mawu ƒe hlɔbiabia mate agbã alo afla o la ene. Naneke meli, si aʋuʋu wo be woavɔ̃ vie hã o. Wobɔbɔ wo ɖokui blibo na tela la, eye wowɔ ɖeka kplii, ale be woyɔ fũ kple eƒe gbɔgbɔ ale gbegbe be ŋusẽ mele wo si be woaɖe ga wo ɖokuiwo o; eye susu hã meva na wo be amea ɖe natso kawo na wo o.UGL 530.2

    Satana nɔ dzadzraɖo wɔm tso keke tititi ke na eƒe ŋutete mamlɛa wɔwɔ hena xexeame katã beble. Eɖo eƒe dɔwɔwɔ ƒe gɔmeɖokpe anyi le keke Eden-Bɔ me ke, esi wòna Xawa kakaɖedzi sia be: «Miele kuku ge akpɔ o; ke boŋ Mawu nyae bena gbesigbe ke miaɖu eƒe ɖe la, miaƒe ŋkuwo laʋu, eye mianɔ abe Mawu ene, anya nyui kple vɔ. ( Mose I, 3:4, 5 ) Eta mɔ ɖɔɖɔɖɔ na eƒe amebeble dɔwɔwɔ gãtɔ kekeake, si nye be wòable amegbetɔwo de kadede kple eyama kple eƒe dɔlawo dome, hena eƒe aʋatso nufifiawo wɔwɔ. Keke va ɖo ɣeyiɣi sia la, mekpɔɖo eƒe taɖodzinu la gbɔ keŋkeŋ o; gake esia ava me le ɣeyiɣi kpui, si ava do ŋgɔ na nuwuwu la me. Nyagblɔɖila gblɔ be: «Eye mekpɔ gbɔgbɔ makɔmakɔ etɔ, siwo le abe akpɔkplɔwo ene la, …elabena wonye gbɔgbɔ vɔwo ƒe gbɔgbɔ, siwo nɔa dzesiwo wɔm, eye wonɔa xexeame katã ƒe fiawo gbɔ yim, bena woaƒo wo nu ƒu hena Mawu, Ŋusẽkatãtɔ la ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ.» ( Nyaɖ.16:13,14 ). Ekem, to vovo na amesiwo dzi Mawu ƒe ŋusẽ kple eƒe Nya la dzi xɔxɔ se ƒe ametakpɔkpɔ anɔ la, xexeame katã age ɖe beble sia me. Fifia la, amegbetɔwo dze alakpa-dedienɔnɔ ƒe alɔ̃ dɔdɔ̃ me xoxo, eye ne woanyɔ hã la, ɖe ko wòanye le ɣeyiɣi, si me Mawu ƒe dɔmedzui anɔ kɔkɔm ɖe anyigba katã dzi la.UGL 531.1

    Alesi Yehowa Mawu gblɔ esi: «Matsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ awɔ dzidzekae, eye dzɔdzɔenyenye anye nudanu; dzikpe atsrɔ̃ aʋatsositsoƒe la, eye tsi akplɔ bebeƒe la dzoe; woagblẽ mia kple ku ƒe nubabla la me, eye mia kple tsiẽƒe ƒe dzoɖuɖu la mali ke o. Atàm, si le nyenyem le yiyim la, agbã mi gudugudu.” ( Yes. 28:17,18)UGL 531.2

    -------

    Larger font
    Smaller font
    Copy
    Print
    Contents