Loading...
Larger font
Smaller font
Copy
Print
Contents
  • Results
  • Related
  • Featured
No results found for: "".
  • Weighted Relevancy
  • Content Sequence
  • Relevancy
  • Earliest First
  • Latest First
    Larger font
    Smaller font
    Copy
    Print
    Contents

    6—HUS KPLE YEROMO

    Nyanyui la kpɔ anyinɔ le ƒe alafa asiekelia ƒe gɔmedzedze me. Woɖe Biblia gɔme, eye wowɔa subɔsubɔ le dukɔwo ƒe de- gbe me. Gake esi Papa ƒe ŋusẽ nɔ ŋgɔ dem la, Mawu ƒe Nya la nɔ bubum vivivi. Papa Gregorio VII lia, si ɖoe eɖokui dzi be yeagbã fiawo ƒe gãnyenye la, ɖoe kplikpã hã be yeaɖu dukɔwo katã dzi. Le esia ta ede se bena womagawɔ subɔsubɔ le Bohemia ƒe gbe me o. Egblɔ be Mawu ƒe dzidzɔ enye be woasubɔ ye le gbe, si womenya o la me, eye bena nu baɖa kple nu dada geɖewo le go dom tso ɖoɖo sia dzi mawɔ me. -Wylie, liv. 3, ch. 1.- Alea ye Roma de se be Mawu ƒe Nya ƒe kekeli la natsi, eye dukɔ la nage ɖe viviti me. Gake Mawu wɔ ɖoɖo na eƒe Hame la ƒe takpɔkpɔ. Vaud kple Albi nutometɔ, siwo sí le yometiti, si le ŋu sẽm le Frans kple Italia nu la, kpɔ beƒe le Bohemia. To gbɔ be womeɖe ta to be yewoagblɔ mawunya le dutoƒo o hã la, wonɔa dɔ wɔm kple kutrikuku le ɣaɣla me. Alea ye xɔse vavã la te ŋu to ƒe alafawo yi alafawo me dedie.UGL 79.1

    Do ŋgɔ na Hus ƒe vava la, amewo nɔ Bohemia, siwo tsi tre le gaglãgbe ƒo nu tso hamea ƒe gbegblẽ kple dukɔa ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋuti. Ame geɖewo xɔ ɖe woƒe nya dzi. Roma ƒe tatɔwo vɔ̃, eye wodze Nyanyuia ƒe nusrɔ̃lawo yome titi. Ne woate ŋu subɔ le wo de-gbe me la, ele na wo be woaƒo ƒu le avewo kple agadowo me; gake asrafowo tina wo yome, eye wo dome ame geɖewo kpɔ ku tso wo sí. Mlɔeaba la, wogade se be amesiwo mawɔ subɔsubɔ le Roma ƒe kɔnuwo nu o la, woatɔ dzo wo.UGL 79.2

    To gbɔ be Kristotɔwo le woƒe agbe tsɔm sa vɔe hã la, woɖo kakaɖedzi be dziɖuɖu anye yewo tɔ godo. Amesiwo nɔa nu fiam be Ɖela, si woklã ɖe ati ŋu la, ƒe dzixɔse me ko ɖeɖekpɔkpɔ le la dometɔ ɖeka gblɔ le esi wòle kukum la be: “Nyateƒe la ƒe futɔwo ƒe dziku le dziɖuɖu kpɔm ɖe mía dzi egbea, gake manye nenema yi ɖaa o. Amea ɖe lado go le dukɔ la me, si ŋu gãnyenye kple nusẽa ɖeke manɔ o; gake nenem-me sia womate ŋu akpe edzi o.” -Ibid. liv. 3, ch. 1.- Luther ƒe ɣeyiɣi la gale ŋgɔ ɖaa, gake azɔ la, amea ɖe le tsitre tsim, si ƒe ɖaseɖiɖi ɖe Roma ŋuti, le dukɔwo ʋuʋu ge.UGL 79.3

    Yohanes Hus nye amea ɖe, si dzɔ tso ƒome gblɔea ɖe, si womedzesi o la me. Fofoa ku le egbɔ esi wòganye ɖevi ko. Edada, si nye mawusroɖala la, xɔe se be hehenana kple Mawuvɔvɔ̃ nye nunana xɔasitɔ kekeake, eye wòdi be wòasu ye vi la sí. Hus srɔ̃ nu le woƒe nutome suku la me, eye wòtso afima yi ɖe Prag ƒe Sukukɔkɔ me, afisi woxɔe le fea ɖeke maxe, le eƒe ahedada ta. Edada nɔ eŋu le mɔzɔzɔa me. Abe ahosi dahe ene la, xexesiame- hotsui ƒe naneke mele esi wòana via o. Ke esi wole Prag du gã gogom la, edze klo ɖe via sɔhɛ, si sí fofo megale o la, ƒe axa dzi, eye wóbia dziƒo Fofo la ƒe yayrawo kɔ ɖe eyama dzi. Ke nyɔnu sia mesusu nusi avanye gbedodoɖa sia ƒe ŋuɖoɖo kura o.UGL 80.1

    Hus ƒe veviedodo dɔwɔwɔ le Sukukɔkɔ la, eƒe ŋgɔdede kaba, agbe ƒe kɔkɔenyenye, lɔlɔ̃ ɖeɖefia kple tufafa na be amesiame lɔ̃ eƒe nya gbɔ geɖe. Roma hamea yomedzela vavã wònye, eye wònɔa gbɔgbɔme nunana, siwo hamea be yele fiafiam la dim vevie. Le yubilia ɖe ɖuɖu me la, Hus yi ɖaʋu nuvɔ̃ me, hetsɔ ga susuɛ, si le esi la na, eye wòyi ɖa ge ɖe tsaɖiɖi kɔkɔe la me, ale be ye hã yeakpɔ gome le tsɔtsɔke, si ƒe ŋugbe wodo la me. Le eƒe nusɔsrɔ̃ nuwuwu la, ege ɖe nunɔla ƒe dɔ me. Afisia hã, eƒe ŋgɔdede kaba na be wòxɔ teƒe kɔkɔ, si na be le madidi me, wotiae be wòawɔ dɔ le fia-sã me. Egaxɔ nufiafia ƒe dɔ le Sukukɔkɔ, si me wòsrɔ̃ nu le tsã la me, eye le esia yome ezu Sukua ƒe tatɔ. Le ƒe ʋea ɖewo me sukuvi dahe la trɔ zu ameŋkutaa ɖe, si nye dadà na eƒe de-du la, eye eƒe ŋkɔ ɖi hoo le Europa katã.UGL 80.2

    Teƒe bubu kura Hus dze eƒe ɖɔɖɔɖo dɔ la gɔme le. Le ƒe suea ɖewo, siwo dze eƒe nunɔla xɔxɔ yome la, wotiae be wòanye gbeƒãɖela le Betlehem ƒe hamea me. Gbedoxɔ sia tula nye amea ɖe, si lé mawunya gbɔgblɔ le dukɔa ŋutɔ ƒe gbe me la ɖe asi vevie kple kakaɖedzi. To gbɔ be Roma tsi tre ɖe wɔna sia ŋuti hã la, womeɖe asi le ewɔwɔ ŋuti le Bohemia o. Dukɔa menya naneke kura ku ɖe Biblia ŋu o, eye agbe baɖa kple susu ƒe gbegblẽ yɔ wo me. Nu vlo wɔwɔ le dukɔa ƒe hatsotsoewo katã me. Ke Hus ɖe gbegblẽ siawo katã ɖe go, asi mali nya ŋue. Etsɔa Mawu ƒe Nya la téna gbe ɖe Nyateƒea kple dzadzɛnyenye ƒe ɖoɖo, siwo wònɔ fiafiam la dzi.UGL 80.3

    Prag dumevi ɖeka, si ŋkɔ enye Yeromo la, va zu Hus ƒe xɔlɔ vevia ɖe. Ehe Wiklef ƒe nuŋɔŋlɔwo tso Aŋlisi-dua me va. Le ɣemaɣi la, Aŋlisiwo ƒe fia-nyɔnu la nye Bohemia dumevi, si trɔ dzi me le Wiklef ƒe nufiafia nu. To eyama dzi la, Ɖɔɖɔɖowɔla ƒe nufiafiawo kaka ɖe eƒe du la me. Yohanes Hus, si dé dzesi Wiklef ƒe mawusosroɖa la, xlẽ eƒe agbalẽawo tsitotsito, eye wòkpɔ be eƒe ɖɔɖɔɖo ƒe ɖoɖo, siwo ta wònɔa ʋiʋlim la nyo ŋutɔ. Ke le eyaŋutɔ gome la, Hus menya kpɔ be yeɖo afɔ mɔa ɖe, si le ye klã ge ɖa ʋĩ tso Roma gbɔ la dzi o.UGL 81.1

    Le ɣemawoɣi ke la, amedzro eve, siwo nye nunyala kple Nyanyuia yomedzelawo la, hã ge ɖe Prag-dua me tso Aŋlisiwo dé gbɔna nusɔsrɔ,̃ si woxɔ la, mã ge le didiƒe du sia me. Esi wodze egɔme kple tsitretsitsi ɖe Papa ƒe dziɖuɖua ŋu la, dukplɔlawo tsí nya ɖe wo nu kaba. Gake woawo hã melɔ̃ be yewoaɖe asi le yewo ƒe tameɖoɖo la ŋu o. Ke wodi mɔ bubu, si dzi woató awɔ esia. Gbeƒãɖela eve siawo, siwo ganye nutalawo hã, dze woƒe talentowo ŋu dɔ wɔwɔ gɔme. Woyi ɖe dutoƒo, afisi ameha geɖewo nɔna, eye wodze nutata gɔme. Ame ɖeka ta Kristo, si ŋuti tufafa dzé le, wòle tedzi dzi le gegem ɖe Yerusalem, (Mateo 21:5), eye eƒe nusrɔlawo kplɔe ɖo afɔ ƒuƒlu, le awu xoxowo me. Ke ame evelia ya ta Papa ƒe gbɔlɔlɔ, le eƒe awu xɔasiwo me, kple fia-kuku etɔ-tsa le eta; ele sɔ, si woɖo atsyɔ̃ na la dzi, kpẽkulawo le eŋgɔ, eye eƒe episkɔpowo kple nunɔla siwo hã le awu keklẽ, xɔasiwo me la, xe megbe nɛ.UGL 81.2

    Nutata siawo nye gbeƒãɖeɖe sẽŋua ɖe, si he hatsotsoe vovo, siwo le amehawo me la ƒe susuwo va nudzɔdzɔ siawo dzi. Ameha geɖewo va kpɔ nutatawo. Nusɔsrɔ, si le wo me la meyi ɖe amea ɖeke o. Nusi wɔ dɔ ɖe wo dzi la enye tufafa kple bɔbɔenyenye, si nye Kristo Aƒetɔ la tɔ kple Papa, amesi be yenye eƒe subɔla la, ƒe nɔnɔme, si nye dada kple ɖokuidodoɖedzi la. Prag-dua katã ʋuʋu, eye le ɣeyiɣi ʋɛa ɖewo megbe la, amedzro eveawo kpɔ be anyo be, le yewo ƒe dedienɔnɔ ta la, yewoado go tso dua me. Wodzo, gake woƒe nufiafia, si wogblẽ ɖi la mebu le dukɔa ƒe susu me o.UGL 81.3

    Nutata siawo wɔ dɔ deto ɖe Hus ƒe susu dzi, eye wòɖo be yeasrɔ̃ Biblia kple Wiklef ƒe nuŋɔŋlɔwo kple veviedodo wu tsã. Togbɔ be meɖo haɖe be yeawɔ ɖɔɖɔɖo, siwo katã ŋu Wiklef nɔ nu ƒom le o hã la, ede dzesi Papa dziɖuɖua ƒe dɛ̃ nyuie azɔ, eye wòtsɔ dzo yeye le tsitre tsim ɖe eƒe ɖokui ŋudzedze, nugãdidi kple gbegblẽwo ŋuti.UGL 82.1

    Tso Bohemia kee Nyateƒe la kaka tso yi ɖe Germania, elabe ʋunyaʋunyaa ɖe, si ge ɖe Prag ƒe Sukukɔkɔa me la, na be Germania nusrɔla, siwo le suku sia me la, dzo yi aƒe. Wo dome ame geɖewo xɔ nusɔsrɔ̃ gbãtɔwo ku ɖe Biblia ŋuti tso Hus gbɔ, eye le woƒe aƒe ɖoɖo me la, woawo hã ma Nyateƒe la kple woƒe dumetɔwo.UGL 82.2

    Medidi hafi Roma se nusiwo katã le eme vam le Prag la o, eye wowɔ yɔyɔ na Hus be woage ɖe Papa ƒe ŋku me. Ɖikeke mele eŋu o be yɔyɔ sia ŋu ɖoɖo la nye ɖokui tsɔtsɔ na ku. Bohemia ƒe fia kple fia-nyɔnu la, Sukukɔkɔa katã, du-megãwo kple dziɖuɖua ƒe agbonuglãwo, wo katã wɔ ɖeka bia tso Papa si be wòaɖe mɔ be Hus naɖo yɔyɔ la ŋu le Prag-dua me, eye wòaɖo biabiawo ŋuti na Roma ƒe amedɔdɔwo. Ke Papa ƒe ɖoŋuti, si wòna fiawo kple ŋkutamewo ƒe biabia la koe nye be wòadrɔ̃ ʋɔnu, abufɔ Hus, eye wòaƒo busu ɖe Prag-dua katã dzi.UGL 82.3

    Le ɣemaɣi la, busu ƒoƒo ɖe teƒea ɖe dzi la nyena vɔvɔ̃ nya gãa ɖe. Kɔnu dziŋɔ, siwo kplɔna fɔbubu sia ɖo la, nye nusiwo ɖoa vɔvɔ̃ manyagblɔa ɖe na dukɔ, siwo kpɔa Papa abe Mawu ŋutɔ ƒe teƒenɔla vavã, si si dziƒo kple dzomavɔ ƒe safuiwo le la ene, eye wòganye amesi si ŋusẽ le be wòahe ŋutilãme kple gbɔgbɔme ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ va amewo dzi la ene. Nusi dzi woxɔse le ŋkekemawo me enye be woxe dziƒo vɔtruwo ɖe du, si woƒo busu de la kple emenɔlawo katã, eye vaseɖe ɣeyiɣi, si wòdzro Papa be yeaɖe busu la ɖa la, eƒe amekukuwo makpɔ nɔƒe le aƒe mavɔwo me o. (94) Dzɔgbevɔe sia ƒe dzesi ɖeka enye be wodzudzɔna subɔsubɔ kɔnuwo le afisiafi. Wotuna gbedoxɔwo katã ƒe ʋɔtruwo. Ameɖibɔ me ko wowɔna srɔɖeɖe kɔnuwo le. Womegaɖi na amekukuwo ɖe amedibɔ me o, ke boŋ ɖe gɔtawo me, alo agblewo dzi, subɔsubɔ kɔnua ɖeke mawɔ. Ŋɔdzinu, siwo wɔa dɔ ɖe amegbetɔ ƒe susu dzi geɖe la, ŋuti dɔ Roma wɔna le eƒe agbagbadzedze be yeaɖu fia ɖe amewo ƒe dzitsinya dzi la me.UGL 82.4

    Xaxawo sɔŋ xɔ Prag-dua me. Geɖe woenye amesiwo tsɔ nya ɖe Hus ŋu be eyamae he dzɔgbevɔe siawo va dua dzi, eye wobia be woalée ade asi na Roma ƒe hlɔbiabia. Be ahomya nu natsi ʋɛɛ la, Ɖɔɖɔɖowɔla la dzo yi kɔƒe me, afisi wodzii le. Le agbalẽa ɖe, si wòŋlɔ̃ ɖo ɖe exɔlɔ, siwo wògblẽ ɖi le Prag me la, egblɔ be: “Ne medzo le mia dome la, ɖee medi be mazɔ ɖe Yesu Kristo ƒe ɖoɖowo kple kpɔɖeŋu dzi, ale be nyemegana mɔnu ame vɔɖiwo be woahe fɔbubu mavɔ va wo ɖokui dzi o, eye bena nyemeganye vevesese kple yometiti ƒe mɔnu na mawusroɖalawo o. Medzo ɖe susu sia hã ta be nyemegana asinukpɔkpɔ nunɔla mawumavɔlawo be woaganɔ se dem ɖe Mawunya kaka nu le mia dome o. Gake nyemedzo le mia gbɔ be magbe nu le Mawu ƒe Nyateƒe, si ta meɖo vevie be maku ɖo kple eƒe kpekpeɖeŋu la, gbɔ o.” - Bonnechose, Les Reformateurs avant la Reforme, vol.1, p 87- Hus meɖe asi le eƒe dɔwɔwɔ ŋu o, ke boŋ eɖia tsa yi teƒe teƒewo, nɔa gbeƒã ɖem Nya la na ameha, siwo le Nyateƒea dim vevie la. Ale be ɖoɖo, siwo Roma ɖe ɖé go na mɔxexe na Nyanyuia ƒe ŋgɔdede la, ƒe metsonu koe nye be wòaga kaka ɖe dzi boŋ. ” Elabena míate ŋu awɔ naneke ɖe Nyateƒe la ŋuti o: ke Nyateƒe la boŋ míate ŋu awɔ nane na.” (Korinto.II, 13:8) UGL 83.1

    Le ɣemaɣi katã, Hus le tɔtɔtɔtɔ gãa ɖe me. To gbɔ be hame la le didim be yeagbã eyama gudugudu kple yeƒe dziɖegbe nusẽwo hã la, Hus metsi tre ɖe eƒe amedziɖuɖu ŋuti o. Egabua Roma hamea abe Kristo ƒe srɔ̃ ene, eye Papa abe Mawu teƒenɔla ene. Nusi ŋuti wòtsi tre ɖo la enye eƒe ŋusẽ ŋuti dɔ wɔwɔ gbɔ eme; ke megbe nu le eƒe tatɔnyenye ƒe ɖoɖo la gbɔ o. Esiawo katã na be ʋiʋli gãa ɖe ɖo nusi dzi wòka ɖo le susu me la kple eƒe dzitsinya ƒe ɣlidodo dome. Ne hamea ƒe ŋusẽkpɔkpɔ ɖe ame dzi kple eƒe vomada le eteƒe, abe alesi wòxɔe se ene ɖe, nukatae wòsena le eɖokui me be medze be yeawɔ ɖe eƒe nyawo dzi oa?UGL 83.2

    Ede dzesii be toɖoɖo eyama nye vodada. Ke aleke wɔ toɖoɖo hamea ɖe, si nye vomadala la, ate ŋu he nɔnɔme sia vɛ? Mekpɔ nuɖoɖo na biabia sia o, eye wònye ɖikeke, si nɔ fu ɖem na eƒe dzi ɣesiaɣi. Le nuwuwu la, eƒe susu yi Ɖela ƒe ɣeyiɣi me, esi hamea ƒe nunɔlawo zu ame ŋutasẽlawo, siwo wɔa woƒe ŋusẽ ŋuti dɔ na nu madzɔmadzɔwo. Afii wòɖo kpe ɖoɖo sia dzi na ye ŋutɔ ƒe agbenɔnɔ kple na eƒe mawunya gbɔgblɔ le be, Ŋɔŋlɔa, siwo gɔme ame lase kple eƒe nunya la, woe lanye nusiwo ŋuti dzitsinya laku ɖo. Le gbɔgblɔ bu me, nusi lanye kplɔla madavo na ame la, ye lanye Mawu ƒe nuƒoname to Biblia dzi, ke menye hamea ƒe nuƒoƒo to nunɔlawo dzie o. - Wylie, liv. 3,ch. 2. -UGL 84.1

    Esi ʋunyaʋunyawo nu tsi vie le ɣeyiɣia ɖewo megbe la, Hus trɔ yi ɖe Prag, le Betlehem ƒe hame la me, ne yeayi gbeƒãɖeɖe Mawunya la dzi kple dzo yeye, kpakple dzideƒo. Eƒe futɔwo hã le dɔwɔwɔ dzi, eye ŋusẽ le wo si. Gake dukɔa ƒe ameha geɖewo le megbe nɛ. Nyɔnu-fia la kple bubu-me geɖewo le eƒe xɔlɔwo dome. Eƒe dɛ̃ ƒe nyonyo, kpɔɖeŋu nyui ɖeɖefia, eƒe nyameɖeɖe ƒe mekɔkɔ kple ŋusẽ, si wòtsɔ nɔa eƒe dzixɔse ta ʋlim la, nye nusiwo katã na be amewo ka ɖe edzi helɔ̃ eƒe nya gbɔ. Ne wotsɔ eƒe nufiafia, siwo dza, kɔa ame ŋu, kple eƒe agbe ƒe dzadzɛnyenye, sɔ kple nu dada, ɖigbɔame, si Roma nunɔlawo fiana la, kple woƒe ŋkutsitsi kple agbe vlo, si wonɔna la, ame geɖewo xɔe se be bubudeameɖokuiŋu ye wònye be woanɔ Hus ƒe axa dzi.UGL 84.2

    Keke vaseɖe gaƒoƒo sia dzi la Hus ɖekae nɔ dɔ wɔm le eɖokui si. Ke Yeromo, si wɔ ɣeyiɣia ɖe le Aŋlisi blɔtsi la, xɔ Wiklef ƒe nufiafiawo, eye eya hã ge ɖe ɖɔɖɔɖo dɔ la me. Wo kple eveawo zu xɔlɔ̃ vevie, eye ku ɖeka ƒomevi ye tu wo ame eveawo.UGL 84.3

    Yeromo nye aɖaŋu-me gãa ɖe, eye nu-nyaƒoƒo kple nunya geɖe le esi, si na be eteŋu hea amehawo ƒe lɔlɔ̃ va eɖokui dzi. Gake ne woaƒo nu tso ame ƒe dɛ̃ ƒe kelili ŋu la, Hus nye gãtɔ. Eƒe susuɖeɖe kple nɔnɔme fafa nye nusiwo ɖona asi Yeromo ƒe dzitsitsi dzi. Yeromo dze si exɔlɔa ƒe asixɔxɔ, eye wòxɔna eƒe aɖaŋuɖoɖowo kple bɔbɔenyenye gãa ɖe, hewɔa wo dzi. Alea ye wo ame eveawo ƒe dɔwɔwɔ ɖe du la na be ɖɔɖɔɖo dɔ la nɔ ta kekem ɖe dzi kaba kaba. Mawu na be kekeli gãa ɖe klẽ ɖe ame eve tiatia siawo ƒe susu me, heɖe Roma ƒe vodada geɖe fia wo. Gake womexɔ kekeli, si Mawu le ɖeɖem fia xexea katã, le eƒe blibodede me la o. To ame eve siawo dzi la Mawu le dukɔwo ɖem blewu blewu tso Roma ƒe vivitiwo me. Ele na wo be woado go mɔxenu sesẽ geɖewo, eye Mawu le wo kplɔm afɔɖeɖe yi afɔɖeɖe dzi le woƒe ŋusẽ nu. Womesɔ gbe laxɔ kekeli la katã zi ɖeka o. Nenye ɖe woɖe Nyateƒea katã fia wo enumake la, anye ne wovɔ̃ ŋutɔ, elabena awɔ dɔ ɖe wo dzi abe ɣe ƒe keklẽ sesẽ le ŋudɔ ga wuieve ƒe dɔwɔwɔ ɖe amesiwo nɔ viviti me didie la dzi ene. Eyata Aƒetɔ la nɔ nuwo ɖem fia Ɖɔɖɔɖowɔlawo vivivi, alesi nu dukɔa ate ŋu axɔ wo la. Ekem le ƒe alafawo yi ɖe alafawo dzi la, Ɖɔɖɔɖowɔla bubuwo ava le wo yome, akplɔ amegbetɔwo anɔ ŋgɔ yim gbesiagbe le ɖɔɖɔɖo mɔ la dzi.UGL 84.4

    Ke mamã nɔ edzi yim le hame la me. Papa etɔ̃ nɔ dziɖuɖu zikpui la ʋlim, eye ʋiʋli la na be nu vlo kple hlɔnu geɖe yɔ kristotɔ-ƒomea katã me. Wo dometɔ ɖesiaɖe le aʋawɔnu kple gbadagbawo dim vevie na wo ɖokuiwo. Esi wònye be wohiã ga vevie be nusiawo nasu wo si ta la, nusianu nye gadimɔnu azɔ:̃ viɖekpɔkpɔ, subɔsubɔ kɔnuwo kple hamea ƒe yayrawo keŋ nye asitsanu siwo hea ga vɛ na wo. Abe alesi woƒe tatɔwo wɔna ene la, nunɔlawo le gbɔgbɔme nunanawo dzram na hameviwo, eye woho aʋa ɖe wonɔewo ŋu, le vlo dom wonɔewo na ŋusẽ kple kelili kpɔkpɔ. Kple dzideƒo, si le tsitsim ɖe dzi gbesiagbe la, Hus le gbeƒã ɖem sesiẽ tsi tre de ŋunyɔnu, siwo le hamea me vam le subɔsubɔ ƒe ŋkɔ me la, eye dukɔa hã le nya tsɔm ɖe Roma ƒe kplɔlawo ŋu le maɣlamaɣla me azɔ be woawoe he vevesese ƒo ɖe kristotɔ ƒe ƒomea katã dzi.UGL 85.1

    Ele dzedzem abe ɖee Prag-du la gale gege ge kpuie ɖe ʋukɔɖi ƒe ʋiʋli sesẽa ɖe me ene. Abe alesi wòva me le ƒe alafa gbãtɔwo me ene la, wogatsɔ nya ɖe Mawu ƒe subɔla ŋu be eyae le kuxi hem va Israel dzi: (Fiawo I, 18:17) Ke wogaƒo busu de du la ake, eye abe alesi wòwɔ zi gbãtɔa ene la, Hus gadzo yi eƒe kɔƒe la me. Ɖase, si wòɖi kple nuteƒewɔwɔ le eƒe Betlehem gbedoxɔ lɔlɔ̃ la me la, le nu wum azɔ. (97) Ele nɛ be wòawɔ dɔ azɔ le agble, si keke ta wu gbãtɔ la dzi, Kristotɔ-ƒomea ƒe agble la katã dzi, hafi wòatsɔ eƒe agbe na abe Nyateƒea ƒe ɖaseɖila ene.UGL 85.2

    Woyɔ hamea ƒe takpekpe gãa ɖe le Konstansia ƒe du la me ale be woakpɔ ŋuɖoɖo na kuxi gã, siwo le Europa duwo katã nyamam ɖe nu la. Le fiagã Sigismond ƒe didi nu ye Papa etɔawo dometɔ ɖeka, Yohanes XXIII lia, yɔ takpekpe sia le. Menye Papa Yohanes ƒe didi wònye kura be takpekpe la nava eme o, elabena eƒe agbenɔnɔ kple du-nya gbɔgblɔ menye nusiwo me ame ate ŋu adzro bɔbɔe kple dzidzɔ o, neganye agbe vlo nɔlaa ɖe abe ɣemaɣi ƒe nunɔla, siwo naneke menyena vɔ̃ na o la, gɔ̃ hã. Mele nɛ hã be woagbe fia Sigismond ƒe biabia la o.UGL 86.1

    Takpekpe la ƒe taɖodzinu gãtɔ enye be woakpɔ ŋuɖoɖo na mamã, si le hamea me vam la, eye woaɖe nu dadawo hã ɖa. Wobia tso papa eve mamlɛawo, siwo tsi tre ɖe gbãtɔ ŋu, kple amesi le susu yeyewo kakam, si nye Yohanes Hus la, si be woawo hã nava takpekpe la. Ke papa eve siawo, siwo le vɔvɔm̃ na woƒe dedienɔnɔ la, ɖo amedɔdɔwo ɖa. Papa Yohanes, si yɔ takpekpe la, ya va, gake kple vɔvɔ̃ gãa ɖe le dzi me, elabena exɔe se be ɖewohĩ fiagã la le didim be yeaɖe ye ɖa le zi dzi, eye wògale vɔvɔm hã be woava bia ye akɔnta tso yeƒe nu vlo, siwo ƒo ɖi papa ƒe fiakuku la, kple hlɔnu, siwo wòwɔ hafi xɔ fiakuku la ŋuti. Mlɔeba la, ege ɖe Konstansia du la me kple atsyɔ̃ gãa ɖe, eye kardinalwo, episkɔpo gãwo, nunɔlawo kple ŋuti-me bubuwo ƒo xlãe. Nunɔla, siwo katã le dua me, kple dziɖuɖua ƒe agbonuglãwo kpakple ameha gãa ɖe yi ɖa do goe. Sika-gbadɔ, si senyala ene kɔkɔ la, té wònɔ. Wotsɔ hostia le eŋgɔ, eye kardinalwo ƒe atsyɔ-nu xɔasiwo kple amegãwo ƒe awu keklẽwo, wo katã nye nukpɔkpɔ, si wɔ dɔ ɖe ame dzi.UGL 86.2

    Le ɣemaɣi ke la, mɔzɔlaa ɖe le tetem ɖe Konstansia du la ŋu. Hus nya afɔku gã, si le eŋgɔ la. Eklã exɔlɔwo abe amesiwo megale go do ge kple gbeɖe o la ene, eye wòdze mɔ kple seselelãme be yeyina ɖe dzotɔame ƒe nakewo dzi. To gbɔ be Bohemia-fia nae ametakpɔgbalẽ, eye fiagã Sigismond hã nae na eƒe mɔzɔzɔ, yiyi kple gbɔgbɔa hã la, ewɔ dzadzraɖo katã na gododo ku, si ate ŋu ava edzi la.UGL 86.3

    Egblɔ le agbalẽa ɖe, si wòŋlɔ̃ na exɔlɔwo le Prag la, me be: “Nɔvinyewo, mele dzodzom kple fia la ƒe ametakpɔgbalẽ be mayi do go futɔ sɔgbɔ, siwo le nye ku dim. Mele ɖokuinye katã gblẽm ɖe Mawu Ŋusẽkatãtɔ, nye Ɖela la, ƒe asi me. Mexɔe se be ase miaƒe gbedodoɖa veviewo, atsɔ ayedzedze kple nunya ade nye nu me bena manɔ te ɖe wo nu, eye bena anam eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la be wòado ŋusẽm le eƒe Nyateƒe la me, alebe matsɔ dzidodo akpa ŋgɔ tetekpɔwo, gaxɔmenɔnɔ, eye ne ehiã la, ŋutasesẽ-ku fãa. Yesu Kristo kpe fu ɖe eƒe lɔlɔtɔwo ta. Ɖee wòawɔ nuku na mí be egblẽ eƒe kpɔɖeŋu ɖi na mí be míaxɔ nusianu kple dzigbɔɖanyi na mía ŋutɔwo ƒe ɖeɖekpɔkpɔa? Mawu wònye, eye míenye eƒe nuwɔwɔwo. Aƒetɔ wònye, eye mienye eƒe subɔlawo. Eya enye xexea katã ƒe Aƒetɔ, eye míawo míenye nublanuitɔ, siwo dze na ku. Gake eyama kpe fu. Nukata míawo hã mímakpe fu, vevietɔ esi fukpekpe la nye na mía ŋutɔwo ƒe ŋutikɔkɔe oa? Eyata, lɔlɔtɔwo, ne nye ku anye na eƒe ŋutikɔkɔe la, mido gbe ɖa be wòava nam kaba, eye wòana ŋusẽm be maxɔ nye dzɔgbevɔewo katã kple dzidodo blibo. Ke ne anyo wu be matrɔ gbɔ va mia dome la, ekem mido gbe ɖa be magbɔ, ɖia ɖeke manɔ ŋunye o, si gɔme enye be nyemegagbe nu le ŋɔŋlɔdzesi ɖeka pɛ hã ŋu le Nyanyuia ƒe Nyateƒe la me o, ale be magblẽ kpɔɖenu nyuia ɖe da ɖi na nɔvinyewo woavakpɔ. Ate ŋu ava me be miaga kpɔ nye ŋku me le Prag o. Gake ne Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe lɔlɔnu wònye be yeagblẽm ɖi na mi la, ekem míazɔ kple dzi, si agali ke wu le eƒe Se la kple lɔlɔ̃ nyanya me.” - Bonnechose, vol. 1, p. 147, 148.UGL 87.1

    Le agbalẽ bubu, si wòŋlɔ̃ ɖoɖe nunɔlaa ɖe, si hã zu Nyanyuia yomedzela me la, Hus ƒo nu kple bɔbɔenyenye ku ɖe eƒe vodadawo ŋu, hebu fɔ eɖokui be yekpɔ dzidzɔ le awu xɔasiwo dodo me, eye bena yegblẽ ɣeyiɣi geɖe ŋuti le tofloko dɔwo wɔwɔ me. Eyi eƒe nuvɔmeʋuʋu wɔdɔɖamedzi la dzi be: “Mawu ƒe ŋutikɔkɔe kple luʋɔwo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ-nya naxɔ susuwo me, ke menye viɖekpɔkpɔ kple bubudeameŋu didi o. Kpɔ nyuie be megaɖo atsyɔ̃ na wò aƒe la tsɔ wu wò luʋɔ o, eye, ƒo nuwo katã ta la, nalé be na wò gbɔgbɔme ƒe aƒe la. Sro Mawu ɖaa, nabɔbɔ ɖokuiwò le amedahewo ŋku me, eye megawɔ wò nunɔamesiwo ŋu dɔ na azã ɖuɖu o. Ne mèɖɔ wò agbe ɖo o, eye nènɔ agbe le nu wɔgboemewo wɔwɔ me la, ekem mevɔ̃ be àkpɔ tohehe sesẽ, abe nye ene.UGL 87.2

    Ènya nye nufifiawo, elabena nèxɔ wo tso keke ɖevime ke. Eyata mehiã be magaŋlɔ̃ nu sɔ gbɔ na wò o. Mele biawòm le Mawu ƒe amenuve me be megaɖim le toflokonu, siwo me nèkpɔm mege ɖo la o.” Egaŋlɔ̃ ɖe agbalẽ kotoku la dzi be: “Mele biawòm, xɔlɔnye, be mègaʋu agbalẽ sia ƒe nutrenu la vaseɖe esime naxɔ kakaɖedzi be meku hafi o.” -Ibid, vol. 1, p. 148, 149.-UGL 88.1

    Le eƒe mɔzɔzɔ me la, Hus ke ɖe eƒe nufiafiawo ƒe kaka dzesi geɖewo ŋu le afisiafi, eye wokpɔ alesi nusi le dzɔdzɔm ɖe edzi la wɔ dɔ ɖe amewo dzi ŋutɔ la. Amehawo nyẽ zi vakpee kple asikpe ƒoƒo, eye le dua ɖewo me la, senyalawoe nɔ ŋgɔ nɛ le mɔwo dzi.UGL 88.2

    Takpekpe la ɖe eƒe susu fia, eme kɔ ƒãa le eƒe kpeɖonudzi gbãtɔwo me. Ƒuƒoƒoa bu fɔ Wiklef ƒe nuŋɔŋlɔwo, eye wòde sé be woaho eƒe ŋutilã kuku la atɔ dzoe. Hus kpɔ vovo blibo le esi wòge ɖe dua me. Kpe ɖe fia ƒe ametakpɔgbalẽa ŋu la, Papa hã nɛ agbalẽ bubu, si me wòdo eƒe dedienɔnɔ ŋugbe nɛ le. To gbɔ be wowɔ ŋugbedodo nyui siawo nɛ hã, medidi hafi Papa kple kardinalwo ɖe gbe be woalée de gaxɔ me o, eye wòkpɔ eɖokui le gaxɔ klitsua ɖe me.UGL 88.3

    Gake papa vɔɖi sia mekpɔ gomea ɖeke le eƒe lelé de ga me o, elabena afima ke wode ga eyama hã le. -ibid. vol. 1, p. 247. Takpekpe la tsɔ nya ɖe ŋu, eye wobu fɔe, le ʋɔnua ƒe nyagbɔgblɔ nu, ɖe nu vlo geɖe, siwo ŋu womate ŋu ƒo nu le o la ta. Esia tae le nuwuwu la, woɖe fiakuku la le eta, eye wokplɔe de gaxɔ me. Woɖe papa eve mamlɛawo hã ɖa le zi dzi, eye wotia yeye bubuwo.UGL 88.4

    To gbɔ be takpekpe la kpɔe be papa wɔ nu manyagblɔ siwo lolo fũ wu esiwo ŋuti Hus tsi tre ɖe nunɔlawo ŋuti le, hebia ɖɔɖɔɖo la, takpekpe ma, si de ga papa vɔɖi la, eya kee gale didim be yeaɖe Ɖɔɖɔɖowɔla la ƒe agbe ɖa. Hus lelé de ga nye nusi he ŋudzedze makpɔ gãa ɖe va Bohemia. Bubu-me ŋusẽtɔ gãwo ŋlɔ̃ nu ɖoɖe takpekpe la hetsi tre ɖe madzɔmadzɔ sia ŋuti. Fiagã, si meda asi tututu ɖe ametakpɔgbalẽ, si wonɛ la ƒe dɔmawɔ dzi o la, gbe be womawɔ naneke tsi tre ɖe eyama ŋu o. Gake Hus ƒe futɔ, siwo nye aye vɔɖi wɔlawo la, ɖo vɔ̃ kplikpã ɖe eŋu. Woɖo ŋku alesi fiagã la ŋutɔ melɔ̃ Hus ƒe nya o la kple vɔvɔ ku ɖe eŋu la dzi nɛ, eye wodo eyama ŋutɔ ƒe dzoxɔxɔ na hame la ɖe dzi. Wogablee ɖe ŋu didie be ekpɔ vovo blibo be magawɔ ɖe eƒe ŋugbe, si wòdo na xɔse dadatɔ la dzi o fã, eye bena esi wònye be takpekpea kpɔ ŋusẽ ɖe fia dzi la, ate ŋu ɖe mɔ nɛ be wòada le ametakpɔgbalẽa ƒe ɖoɖo dzi bɔbɔe. Ale be fiagã la xɔ ɖe woƒe nya dzi. -Jacques Lenfant, History of the Council of Constance, vol. 1, p. 516.- UGL 88.5

    Hus gbɔdzɔ kple dɔlelé, elabe gume-gaxɔ, si me wotui ɖo la ƒe fafa kple ʋeʋẽ na atiketsi sesẽa ɖe xɔ eƒe agbe kloe. Gbɔdzɔgbɔdzɔ sia me wònɔ va takpekpea ŋku me. Eva kple kɔsɔkɔsɔwo hetsi tre ɖe fiagã la ƒe ŋku me, amesi tsɔ eƒe bubu kple lɔlɔnu nyui do dedienɔnɔ ƒe ŋugbe na eyama le ametakpɔ-gbalẽ, si wònɛ la me. Le eƒe ʋɔnudɔdrɔ, si didi fũ me la, Hus lé Nyateƒe la ɖe asi goŋgoŋ, eye le hamea kplɔlawo kple du-megãwo ƒe ƒuƒoƒoa ŋku me la, etsi tre le nuteƒewɔwɔ me he nya ɖe Roma-ha ŋgɔnɔlawo ƒe gbegblẽ nuti. Esi wobiae be wòatia le tɔtrɔ le eƒe nufiafiawo yome kple ku dome la, elɔ̃ xɔ xɔsetakulawo ƒe nudzɔɖamedzi la. Mawu ƒe amenuveve lée ɖe asi. Le vevesese ƒe kwasiɖa, siwo me wòto hafi wotso kufia nɛ keŋkeŋ la, dziƒo ƒe ŋutifafa yɔ eƒe luʋɔ blibo la me. Agbalẽ, si gbɔna la wòŋlɔ̃ le gaxɔ la me: “Mele agbalẽ sia ŋlɔm ɖo ɖe xɔlɔa ɖe kple nye asi, si le kɔsɔkɔsɔ me, hele kufia lalam na etsɔ.” Ne Yesu Kristo ƒe kpekpeɖeŋu ana míakpe le agbe, si gbɔna ƒe ŋutifafa me la, àse alesi Mawu ve nunye ɖo, alesi wòlém ɖe asi le nye tetekpɔwo kple dodokpɔwo mee.” - Bonnechose, vol.2, p.67.-UGL 89.1

    Le eƒe gaxɔmenɔnɔ ƒe vevesesewo me, ekpɔ xɔse vavã la ƒe dziɖuɖu le ŋgɔ gbɔna. Le drɔeƒe la, eyi ɖe Prag ƒe gbedoxɔ, afisi woɖe gbeƒã Nyanyuia le la me, eye wòkpɔ Papa kple nunɔlawo le Kristo ƒe nɔnɔme, si wota ɖe gliwo ŋu la, tutum ɖa. Nusia na wòse veve geɖe. Ke le ŋukegbe la, dzidzɔ yɔ eyama me, esi wòkpɔ nutalawo gbugbɔ le nuwo tam ɖe woteƒe, eye nutatawo gasɔ gbɔ, gaklẽ wu tsã. Le dɔa ƒe nuwuwu la, nutalawo trɔ ɖe ameha gã, si ƒo xlã wo la ŋu, do ɣli gblɔ na wo be: “Episkɔpowo kple nunɔlawo neva azɔ! Womagatutu wo gbeɖe o! ” Egblɔ le drɔe sia gɔmeɖeɖe me be: ” Meka ɖe dzi be womagate ŋu tutu Kristo ƒe nɔnɔme ɖa gbeɖe o. Wodze agbagba be yewoaɖee ɖa, gake gbeƒãɖela bubu, siwo gasesẽ wum la, atae ɖe amegbetɔwo ƒe dziwo me.- D’Aubigne , liv. 1, ch. 6.-UGL 89.2

    Wogakpe Hus va ƒuƒoƒoa ƒe ŋku me zi mamlɛa. Takpekpe gãa ɖe, si ŋu kpekpeme le la wònye — Du-fiagã, fiaviwo, fiaɖuƒeame ƒe sewɔƒemenɔlawo, kardinalwo, episkɔpowo, nunɔlawo kple ameha geɖewo, wo katã va be yewoakpɔ gbemagbe ƒe nudzɔdzɔ gã, si le eme vam la. Ame geɖewo tso kristotɔwo ƒe du vovovowo me be yewoakpɔ vɔsa gã gbãtɔ ma, si le dzesi dé ge ʋiʋli didi, si me dzitsinya ƒe vovokpɔkpɔ le go doge tso la. Esi wokpee be wòana eƒe ŋuɖoɖo mamlɛa la, Hus gblɔ be yemele tɔtrɔ ge le yeƒe nufiafiawo yome o, eye wòli ŋku ɖe du-fiagã, si da le eƒe ametakpɔgbalẽa ƒe ŋugbedodo dzi ŋumakpẽtɔe la, ƒe ŋku me tututu hegblɔ be yelɔ̃ faa be yeava ƒuƒoƒo la le fiagã, si le afisia la, ƒe ametakpɔkpɔ ƒe dutoƒo-ŋugbedodo nu.- Bonnechose, vol.2, p. 84.- Amesiame trɔ ŋku ɖe fiagã Sigismond, si ƒe ŋku me tsi helii la, dzi.UGL 90.1

    Ke wotso kufia mamlɛa nɛ, eye gbɔɖiame kɔnuwo dze egɔme enumake. Episkɔpowo do nunɔla ƒe awuwo na woƒe amelelé la. Esi wòkpɔ awua la, egblɔ be: Wodo awu ʋlaya ɣii na mía Aƒetɔ Yesu Kristo abe fewuɖunu ene, esi Herodes na wokplɔe yi na Pilatoe.- Ibid. Vol. 2 p. 86.- Ke esi wogale nu xlɔmee be wòatrɔ le eƒe nyawo yome la, etrɔ ɖe dukɔ la ŋu heɖo eŋu bena: “Ne mewɔ nusi biam wolem la, aleke mate ŋu kɔ ta dzi akpɔ dziƒo? Aleke ameha siawo, siwo katã megblɔ Nyanyuia tsimatɔe na la, akpɔm ɖo? Kpao, womagblɔ tso ŋunye be metia nye blanui-ŋutilã vlo sia, si li na ku la, ƒe ɖeɖekpɔkpɔ, ɖe woƒe ɖeɖe mavɔ la teƒe o.” Azɔ wogaɖe awuwo le eŋuti ɖeka ɖeka, esime episkɔpo ɖesiaɖe, si le kɔnuawo wɔm la, nɔ fi ƒom de eyama. Le nuwuwu la, wotsɔ fiakuku, si dzi wota gbɔgbɔ vɔ̃ nyamawo ɖo, eye woŋlɔ̃ ɖo be: “xɔsedadatɔ” la, ɖɔ nɛ. Egaƒo nu gblɔ be: “Mele gbɔɖiame ƒe fiakuku sia ɖɔm kple dzidzɔ gãa ɖe, le lɔlɔ, si meɖo na wò la ta, o Aƒetɔ Yesu, wò, si ɖɔ ŋudza-kuku ɖe tanye la.” Le esiawo megbe, nunɔlawo tsɔ eƒe luʋɔ de asi na Satana. Hus kɔ ta dzi hedo ɣli be: “Metsɔ nye gbɔgbɔ de asiwò me, o Aƒetɔ Yesu, elabena wòexɔm ƒle.”- Wylie, liv.3,ch. 7UGL 90.2

    Azɔ̃ wotsɔe de así na dukplɔlawo be woakplɔe yi ɖe teƒe, si woawui le la. Gbɔlɔlɔ gãa ɖe kplɔe ɖo kple gbadagba alafalafawo, nunɔlawo kple episkɔpowo le woƒe awu xɔasiwo me, kpakple Konstansia duametɔwo. Esi woblae ɖe ati ŋuti vɔ, eye ɣeyiɣia ɖo be woade dzo nakeawo me la, wogaxlɔnui zi mamlɛa be wòaɖe eƒe agbe, eye wòatrɔ le eƒe nudadafiafiawo yome. Ke Hus ya bia be: “Nu dada kawo gbɔ mele nu gbe ge le? Menya be nyemeɖi fɔ le naneke me o. Mawu aɖi ɖase le ŋunye be nusiwo katã meŋlɔ, eye meɖe gbeƒã la, ƒe taɖodzinu ɖeka koe nye luʋɔwo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ tso nuvɔ̃ kple tsɔtsrɔ̃ me. Eyata matré Nyateƒe, si meŋlɔ̃ eye meɖe gbeƒã la nu kple nye ʋu le dzidzɔ me.”-Ibid. Liv. 3, ch. 7.- Ekem esi dzo le bibim ƒoxlãe la, edze ha dzidzi be: “Yesu, David-vi la, kpɔ nublanui nam.” Ele ha dzidzi dzi vaseɖe esime ku xɔ gbe le esi keŋ.UGL 91.1

    Eƒe kalẽwɔwɔ sia wɔ dɔ ɖe eƒe futɔwo gɔ̃ hã dzi. Le eƒe nuŋɔŋlɔ̃ tso Hus kple Yeromo, si hã kplɔe ɖo medidi o, ƒe ku ŋuti la, katoliko nuŋlɔlaa ɖe gblɔ be: “Wo ame eveawo le dzigbɔɖia ɖe me esi ɣeyiɣi mamlɛa le gogom la. Wodzra ɖo na dzotɔame ƒe nakeawo dzi lialia abe alesi ko woyia srɔɖeƒe ene. Vevesese-ɣlia ɖeke mege tso woƒe nu me o. Esi dzo ƒe aɖewo le dzi dem la, wodze subɔsubɔ hawo dzidzi, eye dzo ƒe ŋusẽ hã mena wodzudzɔ o.- Ibid. Liv. 3, ch. 7.- Esi Hus ƒe ŋutilã fia keŋkeŋ vɔ la, wolɔ eƒe dzofi la ƒu gbe ɖe Rhin tɔsisi la me, si hã tsɔe yi na atsiaƒu la.UGL 91.2

    Eyometilawo susu be yewo le eƒe nufiafia, siwo wòɖe gbeƒãe la nu tsim. Womebui kpɔ gbeɖe be Hus ƒe dzofi, si tsra gbemagbe kɔ ɖe atsiaƒu me la, anye nuku, si woƒã ɖe xexeme dukɔwo katã me o, eye bena wòava nye Nyateƒea ƒe ɖaseɖiɖi kutsetsewo le du geɖe, siwo womedze si ɣemaɣi o la me o. Gbeɖiɖi, si ƒo nu wose le Konstansia takpekpe la me gbemagbe la, nye dzɔtsoƒe na gbeɖiɖia ɖe, si anɔ dzi yim le ƒe alafalafa, siwo le ŋgɔ la me. Hus megali o, gake Nyateƒe, siwo ta wòtsɔ eƒe agbe na ɖo la, mate ŋu aku gbeɖe o. Eƒe xɔse kple kelili ƒe kpɔɖeŋu ade dzi ƒo na ameha geɖewo, ale be woawo hã woate ŋu alé ɖe Nyateƒe la ŋu le fuwɔame kple ku ŋgɔ hã me. Dzotɔtɔ eyama ɖè Roma ƒe ŋutasesẽ kple aye vɔɖi wɔwɔ fia xexea katã. Le woƒe manyamanya me, Nyateƒea ƒe futɔwo kpe ɖe Nya, si ŋuti woho aʋa ɖo dzodzro la, ƒe ŋgɔyiyi ŋuti.UGL 91.3

    Dzotɔame ƒe wɔna bubu gale Konstasia du la me. Ame bubu hã ƒe ʋu gale ɖase ɖi ge le Nyateƒe la ŋu. Esi Yeromo le hedenyuie dom na Hus le eƒe dzodzo me na Konstansia takpekpea la, egblɔ nɛ be wòalé dzi ɖe ƒo, wòali ke goŋ, eye bena ne edo go afɔkua ɖe la, yeava kpe ɖe eŋu. Ke esi wòse be wolé Ɖɔɖɔɖowɔla de gaxɔ me la, etso enumake le eƒe nuteƒewɔwɔ me, be yeawɔ ɖe yeƒe ŋugbedodo dzi. Edze mɔ ɖo ta Konstansia kple zɔhɛ ɖeka pɛ, ametakpɔgbalẽ maxɔ. Ke esi woɖo dua me hafi wòva de dzesii be ɖe ko yetsɔ yeɖokui de afɔku me, esi mɔkpɔkpɔa ɖeke hã meli be yeakpe ɖe Hus ŋu o. Esí do go le dua me, gake wolée gbɔ va kple kɔsɔkɔsɔ, eye asrafowo ƒo xlãe. Zi gbãtɔ, si wokplɔe va takpekpea ŋku me eye wòbe yeaƒo nu, aɖe yeɖokui nu la, wodze ɣli dodo sesiẽ be: “Mitɔ dzoe!” Bonnechose, liv.1, p.234.- Wotsɔe ƒu gbe ɖe gume-xɔa ɖe me, eye wode kɔsɔkɔsɔe le nɔnɔmea ɖe me, si na wònɔ veve sem geɖe. Eƒe nuɖuɖu koe nye yevu-bolo kple tsi. Veve, siwo sem wònɔ le gaxɔ la me na be Yeromo dze dɔ vevie le ɣleti via ɖewo megbe, eye esi eƒe futɔwo vɔ̃ be ku avaxɔe le yewo si kaba la, woɖiɖi ŋutasesẽ le eŋuti vie. Gake enɔ gakpɔ la me ƒe blibo ɖeka sɔŋ.UGL 92.1

    Nusi Papa ƒe amewo kpɔ mɔ na ku ɖe Hus ƒe ku ŋuti la meva me o. Ametakpɔgbalẽ, si wonae la ƒe dzimawɔ na be dukɔa katã kpɔ dziku ŋutɔ. Esi wòle alea la, takpekpe la kpɔ be ele be yewoagbɔ dzi ɖi be yewomegatɔ dzo Yeromo o, ke boŋ yewoate ɖe edzi ne wòatrɔ le eƒe xɔse la yome. (104) Ke wokplɔe va ƒuƒoƒoa ŋku me, eye wonae asinukpɔkpɔ be wòaɖe asi le eƒe dzixɔse la ŋuti, alo wòakpɔ dzobibi ƒe ku. Le eƒe gakpɔmenɔnɔ ƒe gɔmedzedzea me la, ku anye nusi avivi enu wu vevesese manyagblɔ, siwo me wòto la. Ke fifia la, esi ɖeɖi té eyama ŋu, wòle dɔ lém le ŋutilã kple gbɔgbɔ me la, mɔkpɔkpɔa ɖeke meli na exɔlɔwo ƒe kpekpeɖeŋu o, eye Hus hã ƒe ku wɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe be gbɔgblɔ bu ɖee, eye wògbɔdzɔ. Elɔ̃ ɖe takpekpea ƒe biabia dzi. Edo ŋugbe be yeawɔ ɖe katoliko ƒe xɔse la dzi, eye wòlɔ̃ be ƒuƒoƒoa wɔ nu nyui esi wobu fɔ Wiklef kple Hus ƒe nufiafiawo, negbe Nyateƒe kɔkɔe, siwo wòfia la ko. Ibid., vol.2, p. 141.- Yeromo wɔ esia ale be dzo-ku la nato ye ŋu ayi, eye yeatsi yeƒe dzitsinya nu. Ke esi wokplɔe yi ɖe gaxɔa me la, ede ŋugble tso nusi wòwɔ la nuti. Ebu ta me tso Hus ƒe dzidodo kple nuteƒewɔwɔ ŋu, eye wòkpɔ vovototo, si eya nutɔ ƒe nugbegbe le Nyateƒea gbɔ la ɖe fia. Do ŋgɔ na eƒe nugbegbe sia la, susu me ƒe fafaa ɖe nɔ eyama me, le eƒe vevesesewo me gɔ̃ hã. Ke azɔ la viviti dodoa ɖe té ɖe eyama dzi, eye wòse le eɖokui me be Mawu ƒe ŋudzedze kpɔkpɔ megale ye ŋu o. Ede dzesii hã be hafi yeagawɔ ɖeka kple Roma la, ele be yeagagbe nu le nu bubuwo hã gbɔ. Mɔ, si dzi wòge ɖo la, mate ŋu akplɔe yi nu bubu gbɔ tsɔ wu megbedede blibo o. Ke eɖo kpe nusi wòawɔ la dzi azɔ. Eɖoe be yemaxa ɖe ɣeyiɣi via ɖe ƒe vevesese ta agbe nu le yeƒe Ɖela gbɔ o.UGL 92.2

    Medidi hafi wogakplɔ Yeromo va ʋɔnui o. Eƒe ɖokuitsɔtsɔ na medo dzidzɔ na ʋɔnudrɔlawo fũ o. Hus ƒe ku na be ʋu ƒe tsikɔ, si le wowum la, gasesẽ ɖe dzi, eye wogale adelã bubuwo ƒe ʋu dim. Ne Yeromo akpɔ ɖeɖe tso wo si la, ke anye to nugbegbe le Nyateƒea katã gbɔ me ko. Ke eya ɖo kpe edzi goŋ goŋ be yeaʋu yeƒe xɔse me blibo azɔ, eye yeadze yenɔvi xɔsetakula la yome le dzotɔame ƒe nakewo dzi.UGL 93.1

    Egbe be yemegalɔ̃ ɖe nugbegbe le Nyateƒe la gbɔ dzi o, eye abe amesi le kuku ge ene la, ebia kple movevieɖoɖo tso eƒe ʋɔnudrɔlawo si be woaɖe mɔ na ye yeaƒo nu aʋli yeɖokui ta. Ke esi wole vɔvɔm na eƒe nuƒo ƒe dɔwɔwɔ ɖe amewo dzi ta, wogbe be ɖeko wòalɔ̃ be nya, siwo wotsɔ ɖe ye ŋu la, le eme loo, alo mele eme o. Yeromo tsi tre ɖe madzɔmadzɔ vɔɖi sia ŋuti gblɔ be:“Miede gam ŋukeke alafa etɔ̃ kple bla ene sɔŋ le gaxɔ dziŋɔ me, le gbeɖuɖɔ, ʋeʋẽ kũ kple nusianu ƒe hiahiã me. Mieɖo to nye futɔ, siwo le nye ku dim la ƒe nuƒo, eye miegbe nye nya sese. (105) Ne mienye ame nyanuwo kple xexeame ƒe kekeliwo la, miakpɔ nyuie be miagawɔ vɔ̃ ɖe dzɔdzɔenyenye ŋu o. Nye ya, gbɔdzɔgbɔdzɔ nukuku menye, nye agbe la meɖi naneke o, eye ne mele nu xlɔm mi be miagatso kodzo vɔɖi o la, menye ɖe ɖokuinye tae o, ke boŋ ɖe mia tae.”-Ibid. Vol. 2, p. 146, 147.-UGL 93.2

    Azɔ la, wolɔ̃ ɖe eƒe biabia la dzi. Hafi wòaƒo nu la, Yeromo dze klo le takpekpea katã ƒe ŋku me hedo gbe ɖa be Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nekplɔ ye le nuƒoƒoa me, ale be yemagagblɔ nyaa ɖeke, si atsi tre ɖe Nyateƒe la ŋu, alo esi madze na yeƒe Aƒetɔ la o. Ŋugbedodo, si Mawu wɔ na eƒe nusrɔla gbãtɔwo la va eme na eyama gbemagbe: “...woakplɔ mi ayi mɔmefiawo kple fiawo ƒe ŋku me le tanye.... Eye ne wode mi asi la, migaɖe fu na mia ɖokui be aleke, alo nuka gblɔ ge míala o; elabe le nenem gaƒoƒo ma me la woana nusi ke gblɔ ge miala la mi. Elabena menye miawoe nye amesiwo le nu ƒo ge o; ke boŋ mia Fofo ƒe Gbɔgbɔ lae nye amesi le nu ƒom le mia me.” (Mateo 10: 18-20) Yeromo ƒe nuƒo na be amesiame, eƒe futɔwo gɔ̃ hã, ƒe nu ku, eye wokafui. Wode gae ɖe gume gaxɔ do vivitia ɖe me ƒe blibo ɖeka sɔŋ, si mete ŋu xlẽa nu le, alo kpɔa nu le la o, eye wònɔ ŋutilãme ƒe vevesese hẽlihẽli kple susume ƒe dzimaɖeɖi sesẽwo me ɣesiaɣi. To gbɔ be wònye nenema hã, eƒe nuƒoƒo kple nu me ɖeɖe me kɔ tseŋ tseŋ abe ɖe wòkpɔ mɔ nɔ nu srɔm le ŋutifafa me ɣeawokatãɣi ene. Eɖo ŋku edzi na toɖolawo alesi ʋɔnudrɔlawo tso kufia madzɔmadzɔwo na ame kɔkɔe geɖewo la. Dzidzimewo katã kloe kpɔ amesiwo wɔ ŋutete na wo ŋɔlimetɔwo ƒe susu kple dɛ̃ ƒe blibodede, gake wobu fɔ wo, tso kufia na wo; emegbe hafi wova de dzesii be amesiawo dze na bubu kple lɔlɔ. Eɖo ŋku nusi dzɔ ɖe Kristo ŋutɔ dzi la na wo, alesi ʋɔnudrɔla madzɔmadzɔwo tso kufia nɛ abe adzodalaa ɖe ene.UGL 94.1

    Le eƒe nugbegbe le Nyateƒea gbɔ me la, elɔ̃ be fɔbubu Hus nye nu dzɔdzɔe. Ke azɔ̃ la eʋu eme, se veve ɖe nya ma ta, eye woɖi ɖase tso xɔsetakula la ƒe fɔmaɖi kple kɔkɔenyenye ŋuti. Egblɔ be: “Medze si eyama tso devime ke. Ame nyuia ɖe ŋutɔ wònye, le dzɔdzɔe, kɔkɔe. Wotso kufia nɛ to gbɔ be fɔɖiɖi menɔ eŋu o hã. Nye hã mesɔ gbe atsɔ nye agbe na. Nyemate ɖe megbe le fukpekpe, si nye futɔwo kple aʋatso ɖaseɖilawo le dzadzram ɖo ɖi nam la ŋgɔ o. (106) Gbeɖeka la woava na akɔŋta le woƒe wɔnawo ŋu le Mawu gã, si naneke mate ŋu aflu o la, ƒe ŋku me.- Bonnechose , vol. 2, p. 151.-UGL 94.2

    Le eƒe fɔbubu eɖokui le tɔtrɔ le Nyateƒea yome ta la, Yeromo yi edzi gblɔ be: “Le nuvɔ,̃ siwo katã mewɔ le nye sɔhɛ me la, ɖeke mekpẽ sesiẽ ɖe nye gbɔgbɔ dzi, hedo nuƒo na nye dzitsinya ale gbegbe wu esi mewɔ le ku teƒe sia, esi meda asi ɖe ʋɔnu vɔɖi, si wodrɔ̃ na Wiklef kple xɔsetakula kɔkɔe, Yohanes Hus, nye nufiala la dzi la o. Ẽ, mele eme ʋum kple nye dzi blibo, eye mele egblɔm kple vɔvɔ̃ be megbɔdzɔ ŋumakpẽtɔe, esi, le nye vɔvɔ̃ na ku ta, mebu fɔ woƒe nufiafiawo. Le esia ta, mele kuku ɖem na Mawu Nusẽkatãtɔ la, be wòatsɔ nye vɔwo akem, vevietɔ esia, si nye vɔɖitɔ kekeake la:” Etrɔ ɖe ʋɔnudrɔlawo ŋu, heli ŋku ɖe wo dzi, gblɔ kple gbeteté ɖe nya dzi me be: “Mietso kufia na Wiklef kple Hus, menye le esi woʋuʋu hamea ƒe nufiafiawo ta o, ke boŋ le alesi woɖe ama nunɔlawo ƒe gbegblẽwo, atsyɔɖoɖo, dada kple ŋunyɔnuwɔwɔwo tae.” Nusiwo katã woɖe gbeƒãe, eye amea ɖeke mate ŋu agblɔ be womele me o la, nye hã mele wo susum abe wo ke ene, eye mele gbeƒã ɖem nusiawo katã.” Wotsi nyawo ɖe enu. Nunɔlawo le dzodzom nyanyanya kple dziku, eye wodo ɣli gblɔ be: Nuka gɔ̃ dim míegale? Xɔsedadatɔ tosẽlawo ƒe tosẽla la netsrɔ! ... Wogatutu Yeromo de gaxɔ me. Gake eƒe nuƒoƒo wɔ dɔ ɖe ƒuƒoƒoa me tɔa ɖewo dzi geɖe, eye wodi vevie be yewo aʋli eƒe agbe ta. Hame kplɔlaa ɖewo yi egbɔ, eye woxlɔ̃ nui be woawɔ ɖe ƒuƒoƒoa ƒe biabiawo dzi. Woƒo nu nɛ tso eƒe tsɔme, si aklẽ nɛ, ne eɖe asi le tsitretsitsi ɖe Roma ŋuti la, ŋu. Abe eƒe Aƒetɔ ke ene, esi wodo xexeame ƒe ŋutikɔkɔe ŋugbe nɛ la, Yeromo hã li ke sesiẽ matrɔmatrɔ.UGL 95.1

    Le ɣeyiɣi kpuia ɖe megbe la, wotso kufia nɛ. Wokplɔe ɖo ta teƒe, si Yohanes Hus tsɔ eƒe agbe sa vɔ le. Ke enɔ ha dzim esi wòzɔ yina ɖe teƒe la, eye eƒe mo nɔ keklẽm le dzidzɔ kple ŋutifafa me. Eƒe ŋku le Kristo dzi, eye ku meganye ŋɔdzinu na eyama o. Esi nusianu sɔ gbe, eye amewula tɔ dzo dede nakeawo me tso emegbe, ale be megakpɔ ye o la, edo ɣli gblɔ nɛ be: “Zɔ va kalẽtɔe, eye natɔ dzo la le ŋgɔ nye. Nenye ɖee mele vɔvɔm̃ nɛ la, nyemanɔ afisia o.” UGL 95.2

    Eƒe nya mamlɛa, siwo wònɔ gbɔgblɔm, esi dzo ƒe aɖewo ƒo xlãe la, nye gbedodoɖa: “Aƒetɔ, Fofo Nusẽkatãtɔ, kpɔ nublanui nam, eye natsɔ nye nuvɔwo kem. Elabe nènya be melɔ̃ Nyateƒe la ɣesiaɣi.” Eƒe gbe tsí, gake eƒe nuyiwo gale gbe dom ɖa.UGL 96.1

    Ke esi dzobibi la wɔ eƒe dɔ vɔ la, wolɔ dzofiawo, eye wotsɔ wo ƒu gbe ɖe Rhin tɔsisi la me abe Hus tɔ ke ene. Ale Mawu ƒe kekelitsɔla nuteƒewɔlawo ku enye ma. Gake Nyateƒe, siwo wokaka kple woƒe kalẽwɔwɔ kpɔɖeŋu ƒe kekeli, si wogblẽ ɖi la, mate ŋu atsi gbeɖe o. Amegbetɔwo mate ŋu axe mɔ na ŋukeke sia ƒe agudzedze, keke avayi ɣe ƒe azɔli la trɔ ge yi megbe o.UGL 96.2

    Dzotɔtɔ Hus ƒe nudzɔdzɔ sia he dziku ƒe dzobibi, kple ŋunyɔ̃ ƒe seselelãme va Bohemia du la katã me. Nusi dzi woka ɖo la enye be ezu adelã na nunɔlawo ƒe vɔɖivɔɖinyenye kple fiagã la ƒe amededeasi wɔnawo. Wodze sii abe Nyateƒe gbeƒãɖela nuteƒewɔla ene, eye wobu fɔ̃ takpekpea, si tso kufia nɛ hetɔ dzoe la, be wonye amewulawo. Alea ye wogayi ɖe eƒe nufiafiawo sɔsrɔ̃ dzi wu tsã. Ame geɖewo le Wiklef ƒe nunɔŋlɔ,̃ siwo womete ŋu tsrɔ̃ o la, xlẽm, hele wotsɔm sɔ kple Biblia ƒe kakɛ kakɛ, si ŋu woke ɖo la, eye woawo hã dze Ɖɔɖɔɖo ƒe xɔse-mɔ la dzi. Le ƒe suea ɖewo, siwo dze Hus ƒe ku yome la, Bohemia dukɔa ƒe akpa gãtɔ xɔ eƒe nufiafiawo keŋ.UGL 96.3

    Hus wulawo mebla abɔ ɖe akɔta hele eƒe nya ƒe dziɖuɖu kpɔm kpoo o. Papa kple fiagã la wɔ ɖeka be yewoaxe mɔ na nusiwo le eme vam la. Fia Sigismond, si nye Europa dukɔ gãtɔwo dɔmetɔ ɖeka ƒe kplɔla la, ɖo eƒe aʋakɔwo ɖe Bohemia.UGL 96.4

    Gake xɔnamea ɖe le wo si. Ziska, si ƒe ŋkuwo gbã le aʋa ƒe gɔmedzedze me la, nye aʋafia sẽŋua ɖe, si tɔgbi menɔ anyi le eŋɔli me o. Eyae nye Bohemia kplɔla. Dukɔ sue sia, si ka ɖe Mawu ƒe xɔname dzi, elabe woƒe nya le dzɔdzɔe la, tsi tre sesiẽ le aʋakɔ sesẽ, siwo ho aʋa ɖe eŋu la, ŋgɔ kple kelili. Fiagã la tsɔ aʋa enu enu ɖe wo ŋuti kple aʋakɔ yeyewo, gake ɖe ko wogbugbɔ yia megbe kple ŋukpẽ. Hus yomedzela, siwo ka ɖe woƒe nya ƒe dzɔdzɔenɔnɔ dzi la, mevɔ̃ na ku kura o, eye naneke hã metɔna te ɖe wo ŋgɔ o. Aʋafia kalẽtɔ Ziska ku le ƒea ɖewo, siwo dze aʋa ƒe gɔmedzedze yome. Gake aʋafia Prokopo, si hã nye kalẽtɔ gã kple aɖaŋu-mea ɖe la, xɔ eteƒe.UGL 96.5

    Bohemia ƒe futɔwo se be aʋafia, si ƒe ŋku gbã la, megava li o, eye woxɔ se be nusi ge le yewosi la agazu yewotɔ azɔ. Papa ƒoƒu aʋakɔ sesẽwo na xɔse-ʋa ɖe Hus yomedzelawo ŋu. Ke aʋa gasi wo ŋɔdzitɔe. Wogaɖe gbeƒã xɔse-ʋa bubu le Europa duwo katã me. Woƒo ƒu aʋakɔ nyadria ɖe, ga kple aʋawɔnu geɖe. Amehawo lɔ hoo yi ɖe Papa ƒe aflaga té kple kakaɖedzi be azɔ Bohemia ƒe xɔsenudadafialawo ƒe tsɔtsrɔ̃ gaƒoƒo la ɖo. Esi womeke ɖi kura na dziɖuɖu o la, aʋakɔ nyadri la lɔ kple ŋusẽ ɖe Bohemia dzi. Hus ƒe amewo hã nɔ klalo na gododo kple wo. Le ɣeyiɣi kpuia ɖe me, aʋakɔ eveawo vadze ŋgɔ wonɔewo, eye tɔsisi koe tso wo dome. Aʋakɔ ƒoƒuawo ƒe xexlẽme sɔ gbɔ fũ wu Hus-tɔwo. Gake, esi wòle be woalũ kalẽtɔe ɖe Bohemia-tɔwo dzi la, wonɔ te hele nu kpɔm le ɖoɖuizizi me. —Wylie, liv. 3, ch. 17.- Kasia, vɔvɔ̃ gãa ɖe dze Papa ƒe gbadagbawo dzi. Aʋaa ɖeke mawɔ, yi maɖe to le aku me la, Papa ƒe aʋakɔ dziŋɔ̃ la ka hlẽ, tɔbu nɔbu, abe ɖe ŋusẽ makpɔmakpɔa ɖee nya wo ɖe du nu ene. Hus ƒe amewo kplɔ wo ɖo, eye wowu sisitɔ geɖewo, heha kesinɔnu, siwo wogblẽ ɖi la. Ale aʋa, si lahe hiãtuame vɛ na wo la, na be kesinɔnu geɖe su wo si boŋ.UGL 97.1

    Le ƒea ɖewo megbe la, wotia Papa yeyea ɖe, si hã wɔ ɖoɖo na xɔse-ʋa wɔwɔ. Abe tsã ene la, wogaƒo ƒu aʋakɔwo kple ga tso ablɔtsi du vovovowo me. Wowɔ ŋugbedodo gã gãwo na amesiwo alɔ̃ awɔ aʋa la. Amesi ko age ɖe xɔse-ʋa sia me la, ale gbegbe eƒe nuvɔwo aloloe la, woatsɔ wo akee. Wodo dziƒo fetu geɖe ƒe ŋugbe na amesi ke abu eƒe agbe le aʋa la me, eye amesiwo latsi agbe la, woaxɔ bubudeameŋu kple kesinɔnuwo le aʋagbea dzi. Ame geɖewo ɖo yɔyɔ la ŋu eye woƒo aʋakɔ gãa ɖe nu ƒu. Woge ɖe Bohemia. Hus yomedzelawo ƒe aʋakɔwo he ɖe megbe, eye futɔwo lũ ɖe wo dzi sesiẽ kple kakaɖedzi be dziɖuɖu su yewo si vɔ, elabe wole sisím le yewo nu. Esi woge ɖe dua me, yi ŋgɔ nyuie ko kasia, aʋafia Prokopo ƒe aʋakɔwo trɔ xasa, helũ ɖe wo dzi. Afii Roma ʋakɔwo de dzesii le be yewo wɔ vodada le, eye wodi be yewoatrɔ yi yewo ƒe asaɖa me, adzra ɖo akpe akɔ kple wo. Gake hafi Bohemia ʋakɔwo nate gogo wo la, dzidzi, si ƒo Papa ƒe xɔse-ʋakɔwo la, na be woka gbẽe abe tsã ene. Fiaviwo, aʋafiawo kple asrafowo, wo katã tsɔ woƒe aʋawɔnu ƒu gbe, eye amesiame lé eƒe mɔ tsɔ. Papa teƒenɔla gã, si xɔ ŋgɔ na xɔse-ʋakɔ la wɔ ŋutete ɖesiaɖe be yeagatrɔ ƒo ƒu wo, gake mete ŋui o. Amesiame ka hlẽ tɔbu nɔbu. Ele nɛ be eya ŋutɔ hã nakplɔ sisilawo ɖo. Aʋa gasi wo vevie ŋutɔ ake, eye aboyo-nu geɖewo gage ɖe dziɖulawo si me. Alea ye, zi evelia, aʋakɔ nyadri, si Europa dukɔ sesẽwo katã ƒo ƒu kple woƒe gbadagba kalẽtɔ, siwo wotu ɖo na aʋawɔwɔ kple aʋawɔnu geɖewo la, ga si, yí mada, le dukɔ suɛ ma si, si ŋusẽa ɖeke mele o la ŋku me. Esia nye Mawu ƒe ŋusẽ ɖeɖefia. Ŋusẽ makpɔ kple ŋkua ɖe ƒo vɔvɔ̃ de aʋakɔ, siwo lɔ ɖe du vi suɛ ma dzi. Ame sike tsrɔ̃ Farao ƒe aʋakɔwo le atsiaƒu dzĩ la me, si na Madiantɔwo sí le Gidion kple eƒe ame alafa etɔ̃ pɛ ŋku me, ɛɛ, amesi ke tsrɔ̃ Asiriatɔ dadalawo ƒe aʋakɔwo le zã ɖeka me la, eya kee gado asi ɖa hegbã futɔ la ƒe aʋakɔwo. Woʋuʋu nyanyanya le esime vɔvɔnua ɖeke meli hafi o la. “Tete vɔvɔ̃ do dzikatsoƒoe na wo le afisi ŋɔdzia ɖeke mele o; elabena Mawu kaka amesi ƒu asaɖa anyi ɖe ŋuwò la ƒe ƒuwo. Ena ŋukpe lé wo, elabena Mawu gbe wo.” (Ps. 53:6)UGL 97.2

    Ekem, le nuwuwu, esi woɖe dzi le ƒo, eye wokpɔ be yewo mate ŋu aɖu dzi kple ŋusẽ o la, Papa kple eƒe amewo kpɔ be anyo be yewoato ƒoƒose ƒe mɔ. Akpa eveawo wɔ nublablaa ɖe, si ɖee fia le nuwuwu me be, wogale Roma ƒu ŋusẽ té. Bohemia- tɔwo wɔ biabia ene sɔŋ, siwo dzi woada asi ɖo, hafi ŋutifafa nava yewo kple Roma dome: vovokpɔkpɔ na gbeƒãɖeɖe Biblia la, amesiame ƒe asinukpɔkpɔ na abolo kple wein le nuɖuɖu kɔkɔea mama me, subɔsubɔ wɔwɔ le dua ƒe gbe me, nunɔlawo ɖeɖe ɖa le dziɖuɖua ƒe dɔwɔƒewo keŋ me, eye le vodada gome la, du-sea ƒe dɔwɔwɔ ɖe nunɔlawo dzi abe dumevi ɖesiaɖe ene. Papa dziɖuɖua xɔ biabia eneawo, ke wogblɔ kpe ɖe wo ŋu be ” woƒe gɔmeɖeɖe kple gɔmesese blibo la atso hamea ko gbɔ.” Wylie, liv.3, ch.18.- Gɔmeɖokpe sia dzi ƒoƒose la nɔ anyi ɖo, ale be dziɖuɖu, si Roma mete ŋu kpɔ to ŋusẽ me o la, wokpɔe to aye kple beble me. To ɖoɖo sia me be hamea koe ana gɔmeɖeɖe kple gɔmesese Hus yome dzelawo ƒe biabiawo la, Roma kpɔ mɔ ate ŋu ɖe wo gɔme alesi wòdzro la na eƒe tameɖoɖowo dzi wɔwɔ, abe alesi wòwɔe kple Biblia ene la. Bohemiatɔ geɖe, siwo de dzesii be yewo dé yewo ƒe ablɔɖe asi na Roma la, melɔ̃ ɖe nubabla sia dzi o. Ke esia he mamã, nyahehe kple ʋiʋli kpakple ʋukɔɖi gɔ̃ hã va wo dome. Ʋiʋli sia me ye bubu-me Prokɔpo ku le, eye Bohemia ƒe ɖokuisinɔnɔ hã yi yɔ me kplii le.UGL 98.1

    Alea ye Sigismond, si dé Hus kple Yeromo así wotɔ dzo wo la, va zu Bohemia ƒe fia, eye le ɖekematsɔ le eme na eƒe ŋugbe, siwo wòdo be yeanɔ megbe na Bohemia ƒe dzenawo la, egahe Papa ƒe dziɖuɖu va du la dzi. Gake fiagã Sigismond mekpɔ gomea ɖeke le dɔwɔnu nyenye na Papa dziɖuɖua ƒe taɖodzinuwo mevava me o. Ƒe bla eve, siwo wòwɔ le fia-zi dzi la, nye mavo, ʋiʋli kple afɔku ɣeyiɣiwo sɔŋ. Eƒe aʋakɔwo ka hlẽ, eƒe kesinɔnuwo vɔ keŋ, eye wòku le ƒe ɖeka ƒe fiaɖuɖu le ŋutifafa me megbe. Nusi wògblẽ ɖe megbe la koe nye fiaɖuƒe, si mã, si me nɔvi-ʋa le ʋeʋẽm le, kple ŋkɔ, si ƒo ɖi, si nyɔ̃ ŋu, na eƒe dzidzimewo la.UGL 99.1

    Howɔwɔ kple ʋiʋliwo gale dzi yim kple ʋukɔɖi. Aʋakɔ yeyewo gage ɖe Bohemia, eye nɔvi-gɔmemase na be dukɔa ƒe ŋusẽwo fli keŋ. Ke amesiwo nye nuteƒewɔlawo na Nyanyui la kpɔ yometiti sesẽwo. Esi wònye be wo nɔvi tsãtɔwo wɔ ɖeka kple Roma, eye wolé eƒe nu dadawo ɖe asi la, amesiwo lé gbã ƒe xɔse ɖe asi la, ƒo ƒu wɔ ha ɖeka, si woɖo ŋkɔ na be “Nɔvi-wɔ-ɖekawo” alo “Ɖekawɔwɔ Nɔviwo”. Woƒe ƒuƒoƒo sia he ame mamlɛawo ƒe fiƒode va wo dzi. Gake womeʋã le woƒe kelili me o. Ke ele na wo be woakpɔ beƒe le avewo kple agakpe totrowo me, afisi wobena ɖo xlẽna Mawunya le, eye wowɔa subɔsubɔ hã le la.UGL 99.2

    To woƒe amedɔdɔ, siwo woɖo ɖe duwo me le bebeme la, wose be Nyateƒea meʋula, siwo wonya ɖe du nu kple yometiti abe woawo ke ene la, ɣla ɖe teƒe vovovowo, eye bena Hame xoxoa ɖe hã le Alpes-towo dome, si lé Ŋɔŋlɔawo ƒe gɔmeɖokpe la ɖe asi, hetsi tre ɖe Roma ƒe trɔsubɔsubɔ ƒe gbegblẽwo ŋuti. — Wylie, liv. 3, ch. 19.- Wose nya siawo kple dzidzɔ gãa ɖe, eye kadede dze egɔme le wo kple Vaud ƒe kristotɔwo dome.UGL 99.3

    Bohemiatɔ, siwo lé Nyanyui la ɖe asi vevie la, nɔa mɔkpɔkpɔ me le woƒe yometiti viviti ɣeyiɣiwo me, abe amesiwo le mɔ kpɔm na ŋdikanya le zãtitina ene. Anɔ abe ƒe 1470 me ene la, yometitiawo nu tso, eye ŋgɔyiyi via ɖe do ta ɖa. Le ƒe bla etɔ̃ me, hafi woaɖo ƒe 1500 lia me la, “Nɔviƒoƒuwo” ƒe hameawo ƒe xexlẽme yi alafa eve le Bohemia kple Moravia.”-Ezra Hall Gillet, Life and Times of John Huss, vol. 2, p. 570 . “Alea ye hatsotso susuɛ siwo te ŋu to dzo kple yi ƒe anyrãwɔwɔ me la, ge ɖe agudzedze, si ŋuti Hus gblɔ nya ɖi le la me.” — Wylie , liv. 3, ch. 19.-UGL 100.1

    ----------

    Larger font
    Smaller font
    Copy
    Print
    Contents