Loading...
Larger font
Smaller font
Copy
Print
Contents
  • Results
  • Related
  • Featured
No results found for: "".
  • Weighted Relevancy
  • Content Sequence
  • Relevancy
  • Earliest First
  • Latest First
    Larger font
    Smaller font
    Copy
    Print
    Contents

    42—ƲIƲLI GÃ LA ƑE NUWUWU

    Le ƒe akpe ɖeka ƒe nuwuwu la, Kristo gatrɔ va anyigba la dzi kple ɖeɖekpɔlawo ƒe ha la, eye mawudɔlawo ƒe aʋakɔa hã kplɔ wo ɖo. Esime woɖi gbɔna le ŋɔdzi gãa ɖe me la, eɖe gbe ɖe ame madzɔmadzɔ kukuawo dzi bena woafɔ, ne woaxɔ woƒe fɔɖiɖi fetu. Wotsi tre abe aʋakɔ gã nyadria ɖe, si sɔ gbɔ abe ƒutake ene. Vovototo kae nye si le wo kple tsitretsitsi gbãtɔ tɔwo dome! Ame dzɔdzɔeawo le sɔhɛ makumaku ƒe nyonyo manyagblɔa ɖe me. Ke ame vɔɖiwo ya la, dɔléle kple ku ƒe dzesiwo sɔŋ koe le wo ŋu.UGL 634.1

    Le ameha gã ma me la, ŋkuwo katã lí ɖe Mawuvi la dzi hele eƒe ŋutikɔkɔe la kpɔm kple dzidzɔ. Ke ame vɔɖiawo ƒe ha gã la do ɣli kple gbe ɖeka gblɔ bena: “Woayra amesi gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me.” Menye lɔlɔ̃ na Kristo tae wodo ɣli sia ɖo o, ke boŋ Nyateƒe la ƒe ŋusẽe ƒoe ɖe wo nu. Nɔnɔme, si me ame vɔɖiwo nɔ hafi ku, eye woɖi la, eya me kee wogatsi tre le kple woƒe fuléle Kristo kple aglãdzedze ƒe gbɔgbɔ. Amenuve ɣeyiɣia ɖeke megali na wo, esi me woate ŋu atrɔ woƒe tsã-gbenɔnɔ le o. Esia mehiã na naneke o; elabena woƒe agbenɔƒewo katã, siwo nye sedzidada ƒe ɣeyiɣiwo la, metrɔ naneke le woƒe dzi ŋuti o. Ke ne wogana wo dodokpɔ ƒe asinukpɔkpɔ zi evelia hã la, ɖe ko woagawɔ ɣeyiɣiawo ŋuti dɔ abe tsã ene, agbe nusi Mawu bia tso wo si la wɔwɔ eye woagadze aglã ɖe Mawu ŋu boŋ.UGL 634.2

    Kristo aɖi va Amito la dzi afisi, le eƒe tsitretsitsi megbe, wòdzo yi dziƒo le, afisi hã mawudɔlawo nɔ hafi do eƒe vava evelia ƒe ŋugbe le. Nyagblɔɖila la gblɔ be: “Yehowa, nye Mawu la, ava, eye ame kɔkɔeawo katã akpe ɖe eŋu.” “Eƒe afɔ anɔ Amito, si le Yerusalem ƒe ɣedzeƒe gome la dzi, eye Amito la afe ɖe titina kpla, aɖo ta ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe; to la ƒe afã aɖo ta anyiehe, eye afã aɖo ta dziehe; bali la me akeke ŋutɔ; … Yehowa anye Fia ɖe anyigba blibo la nu;…ɣemaɣi la, Yehowa ɖeka anɔ anyi, eye ŋkɔ ɖeka ko anɔ eŋu.” (Zaxa. 14: 5, 4, 9) Yerusalem Yeyea, si ɖi gbɔna le atsyɔɖoɖo ƒe keklẽ gãa ɖe me la, vanɔ te ɖe teƒe, si wowɔ kɔkɔe hedzra ɖo ɖi na exɔxɔ la dzi, eye Kristo kple eƒe dukɔa kpakple eƒe dɔlawo ge ɖe Du kɔkɔe la me.UGL 634.3

    Tete Satana ƒo ƒu eƒe ŋusẽa katã hena ku kple agbe ƒe aʋawɔwɔ na tatɔnyenye xɔxɔ. Esi woxɔ eƒe ŋusẽ la le esi, eye wotèe ɖa tso eƒe amebebledɔ la gbɔ la, ezu nublaŋuitɔ, si bú mɔkpɔkpɔ keŋkeŋ, gake esi wòkpɔ ame vɔɖiwo tsi tre, eye ameha gã ma ƒo xlãe la, eƒe mɔkpɔkpɔ gagbɔ agbe, eye wòɖoe kplikpã be yemadzudzɔ ʋiʋli gã la akpɔ o. Aƒo ame vɔɖiawo ƒe aʋakɔwo nu ƒu ɖe eƒe aƒlaga te na eƒe tameɖoɖo dzi wɔwɔ. Ame vɔɖi siawo zu eƒe ametsiaʋawo. Esi wònye be wogbe nu le Kristo gbɔ ta la, ekem woxɔ aglãdzelawo ƒe fia la ƒe kpɔkplɔ te nɔnɔ. Wole klalo axɔ eƒe aɖaŋuɖoɖowo, awɔ ɖe eƒe gbeɖeɖewo dzi. Ke abe alesi ko wòwɔna tsã xoxo to aye vɔɖi wɔnawo me ene la, maɖe eɖokui fia abe Satana ene o. Ena wonya be yee nye fia, si tɔ enye anyigba sia ƒe dziɖuɖu le dzɔdzɔenyenye me. Ebe woxɔ yeƒe domenyinu la le ye si madzɔmadzɔe. Eɖe eɖokui fia amesiwo wòble la abe ɖela ene. Ena woxɔe se be yeƒe ŋusẽe na wodo tso yɔdo me, eye bena yele gbesɔsɔ axɔ wo le ŋutasesẽ ƒe ameteteɖeto vɔɖitɔ kekeake si me. Azɔ esi Yesu megale woƒe ŋku ta o la, Satana de asi nukunu wɔwɔ me ne wòatsɔ ɖo kpe eƒe ameblenyawo dzi. Ena ŋusẽ ɖo gbɔdzɔgbɔdzɔ-mewo me, eye wòƒã eya ŋutɔ ƒe susuwo kple dzo ɖe wo katã me. Eɖe susu na wo be yeanɔ ŋgɔ na wo yewoaho aʋa ɖe ame kɔkɔeawo ŋu ne yewoaxɔ Mawu ƒe Du Kɔkɔe la le wo si. Ehe ame akpe akpe, siwo fɔ tso yɔdo me la, ƒe susuwo va woƒe xexlẽme manyagblɔ la dzi, eye wòtsɔ ɖokuiŋudzedze kple dziɖuɖu ƒe adãkaka gblɔ na wo be, abe woƒe fia kple kplɔla ene la, ŋutete le yesi be yeaɖu Du Kɔkɔe la dzi, axɔ yeƒe fiazikpui kple fiaɖuƒe la le wo si.UGL 635.1

    Le ameha gã nyadri ma me la, wokpɔ amesiwo nɔ agbe do ŋgɔ na tsiɖɔɖɔ gã la, siwo ƒe agbenɔƒewo didi fũ la, le agbɔsɔsɔ gãa ɖe me. Wonye ame dzɔtsu, kakowo, siwo si nunya manyagblɔ le, ke nublanuitɔe la, woɖe asi le wo ɖokui ŋu na dɔla vɔɖiwo ƒe kpɔkplɔ, eye wowɔ woƒe nunya gã, aɖaŋu kple talentowo ŋuti dɔ na woawo ŋutɔ ɖokui dodo ɖe dzi. To aɖaŋudɔ nyakpɔkpɔwo me la wokplɔ xexeame katã ɖo ta aɖaŋunuwo ƒe subɔsubɔ me, eye to ŋutasesẽ kple susuvɔeɖoɖo ƒe aɖaŋudɔ siawo wɔwɔ me la, wodo vlo anyigba la, hetrɔ Mawu ƒe nɔnɔme, si le eŋu la wɔ gbegblẽ, ale gbegbe be wòva hiã be wòatsrɔ̃ wo ɖa le eƒe nuwɔwɔwo dome. Wo dometɔa ɖewo nye fiawo, aʋafiagã, siwo ɖu dukɔwo dzi, kalẽtɔ sesẽ, siwo dzi aʋa meɖu kpɔ o, aʋawɔla ɖokuiŋudzela, siwo me didi gãgãwo le, siwo nu fiaɖuƒewo dzona le nyanyanya, ne wose wo ŋkɔ la. Ku mete ŋu trɔ naneke le woƒe nɔnɔme ŋu o. Esi wofɔ tso yɔdowo me la, woyi ɖe woƒe tamebubuwo dzi tso afisi wosẽ ɖo hafi ku la. Aʋa dzi ɖuɖu ƒe didi, si yɔ wo me hafi wodze anyi ku la, gale wo tutum ko.UGL 635.2

    Satana kpe ta kple eƒe dɔlawo, emegbe kple fia mawo, aʋadziɖula kple ŋusẽ-me mawo katã. Wokpɔ ŋusẽ kple agbɔsɔsɔ gã, si nye wotɔ la, eye wogblɔ be aʋakɔ, si le du la me la, le sɔe wú yewo tɔ fũ, eyata dziɖuɖu la anye yewo tɔ godoo. Wowɔ woƒe ɖoɖowo hena asi ɖoɖo Yerusalem Yeyea ƒe kesinɔnuwo kple ŋutikɔkɔe la dzi. Wokatã dze dzadzraɖo gɔme na aʋawɔwɔ kpuie. Aɖaŋu-me zazɛwo dze aʋawɔnu vovovowo tutu. Aʋafia gã xɔŋkɔwo mã ameha gã la ɖe aʋalɔgo vovowo me. Ke mlɔeba wona zɔɖeɖe ƒe gbe, eye ameha gã, si ŋu xexlẽme mele o la, dze mɔ, aʋakɔ ƒoƒua ɖe, si xexe sia me dziɖula ɖeke meɖo anyi kpɔ, hekplɔ kpɔ, tso esime ke aʋawɔwɔ ƒe wɔnawo dze egɔme le anyigba sia dzi o la. Satana, aʋawɔla gãtɔ ŋutɔ la dze ŋgɔ na wo, eye eƒe dɔlawo kpe ɖe eŋu le ʋiʋli mamle sia me. Fiawo kple aʋamegãwo kplɔ wo ɖo, eye ameha gã la dze wo yome le aʋalɔgo gãgã, siwo nu aʋafiawo le la me. Le aʋakɔ, si xɔ tutuɖo vavã ƒe ɖoɖo pɛpɛpɛ me la, ameha gã sia dze gbadagba ƒe kalẽ- fɔɖeɖe to anyigba nyamanyama la dzi ɖo ta Mawu ƒe Du Kɔkɔe la gbɔ. Le Yesu ƒe gbeɖeɖe nu la, Yerusalem Yeye la ƒe agboawo tu wo ɖokuiwo, eye Satana ƒe aʋakɔwo ɖe to ɖe Du la ŋu, hele dzadzram ɖo na edzi dzedze.UGL 636.1

    Tete Kristo gadzé na eƒe futɔwo ake. Wokpɔ fiazikpui kɔkɔaa ɖe, si le sika gɔmeɖokpe, si le dzo sim le Du la ƒe ta me ɖaa. Mawu ƒe Vi la nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi, eye fiaɖuƒeametɔwo katã ƒo xlãe. Aɖea ɖeke mateŋu agblɔe, eye agbalẽŋlɔtia ɖeke mateŋu aŋlɔ̃ nu tso Kristo ƒe ŋusẽ kple gãnyenye ŋuti o. Fofo mavɔ la ƒe ŋutikɔkɔe ƒo xlã Vi la. Eƒe ŋutikɔkɔe ƒe keklẽ yɔ Du la me, to agboawo kple gliawo me gbagba ɖe anyigba katã dzi. Amesiwo te ɖe fiazikpuia ŋu tututu woenye amesiwo wɔ dɔ na Satana tsã kple dzo, gake abe ati takpoe, si woɖe tso dzo me ene la, wodze Aƒetɔ la yome kple veviedodo le ɖokuitsɔtsɔna manyagblɔa ɖe me. Le amesiawo yome la woakpɔ amesiwo tu kristotɔ vavã ƒe dẽ ɖo le esime aʋatsokaka, nuteƒemawɔ kple dzimaxɔse xɔ afisiafi; wo amesiwo de bubu Mawu ƒe Seawo ŋu le esime kristotɔ ƒomea ƒe akpa gãtɔ nɔ gbɔgblɔm be woɖe Seawo ɖa la, kple ame akpe nane, siwo katã lɔ̃ faa ku ɖe woƒe xɔse ta le dzidzimeawo katã me la. Eye mlɔeba la, woakpɔ ameha gã, si amea ɖeke mate ŋu axlẽ o la, tso dukɔ sia dukɔ, to sia to, kple du sia du, kpakple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me la, le tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ kple Alẽvi la ƒe ŋku me; wodo awu ʋlaya ɣiwo, eye wolé deʋayawo ɖe asi. (Nyaɖ. 7:9) Woƒe aʋawɔwɔ la wu nu, eye woɖu aʋa la dzi. Woke duɖime le ɖoɖoɖi la nu, eye woxɔ dziɖuɖu fetu la. Woƒe dziɖuɖu dzesi lae nye deʋaya, si wolé ɖe asi la; awu ɣie, siwo wodo lae nye Kristo ƒe dzɔdzɔenyenye, si ŋu ɖia ɖeke mele o, si zu wotɔ azɔ la ƒe dzesi.UGL 636.2

    Ɖeɖekpɔlawo wó sesiẽ kple kafukafuha, si xɔ dziƒo nutoawo katã me be: “Xɔname nanye mía Mawu, si bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi, kple Alẽvi la tɔ.” (Nyaɖ. 7:10) Dziƒodɔlawo kple Serafimwo hã tsɔ woƒe gbe wɔ ɖeka kple subɔsubɔ sia na Mawu. Esi ɖeɖekpɔlawo kpɔ Satana ƒe ŋusẽ gã kple eƒe vɔɖivɔɖi la ɖa la, eme kɔ na wo kɔtee be ne menye Yesu Kristo ƒe ŋusẽe o la, ŋusẽ bubua ɖeke manɔ anyi, si dzi woato aɖu dzi o. Le ameha gã sia, si le keklẽm kple ŋutikɔkɔe me la, amea ɖeke meli, si aƒu asi akɔ be yeŋutɔe ɖe yeɖokui o, alo be yeŋutɔ ƒe ŋusẽ kple dɔmenyo wɔnawo me yeto ɖu dzi o. Womegblɔ nyaa ɖeke tso nusi wowɔ kple nusi kpe wo la ŋuti kura o, ke boŋ hadzidzi sia hadzidzi ƒe nyati gã la koe nye: “Xɔname nanye mía Mawu kple Alẽvi la tɔ.”UGL 637.1

    Mawu-Vi la ɖoɖo Fia ƒe kɔnu mamlɛa va eme le anyigbadzitɔwo kple dziƒonɔlawo katã ƒe ƒuƒoƒowo ŋku me. Ke azɔ esi wòxɔ gãnyenye blibo kple ŋusẽwo katã vɔ la, Fiawo-dzi-Fia la ɖe gbeƒã ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe nyametsotso mamlɛa na amesiwo tsi tre ɖe eƒe dziɖuɖu la ŋuti eye wodrɔ̃ ʋɔnu amesiwo da eƒe Seawo dzi, heté eƒe dukɔa ɖe to. Mawu ƒe Nyagblɔɖila la gblɔ be: “Eye mekpɔ fiazikpui ɣi gãa ɖe kple Amesi bɔbɔ nɔ edzi, Amesi ƒe ŋku me anyigba kple dziƒo si tso, eye womegakpɔ teƒea ɖeke na wo o. Eye mekpɔ ame kukuwo, tsitsiwo kple ɖeviwo, le tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ, eye woʋu agbalẽwo; eye woʋu agbalẽ bubua ɖe, si nye agbe-gbalẽ; eye wodrɔ̃ ʋɔnu ame kukuwo ɖe nusiwo woŋlɔ̃ ɖe agbalẽawo me le woƒe dɔwɔwɔwo ŋuti la nu.” (Nyaɖ. 20: 11, 12) UGL 638.1

    Esi woʋu ŋkuɖodzigbalẽwo tetie, eye Yesu tsa ŋku le ame vɔɖiawo dzi ko la, amesiawo ɖo ŋku nuvɔ, siwo katã wowɔ la dzi. Woɖo ŋku ɣeyiɣi, si dzi tututu wote ɖa le dzɔdzɔenyenye kple kɔkɔenyenye-mɔ la dzi la dzi; wokpɔ ɖoƒe mlɔetɔ, si mee ɖokuiŋudzedze kple aglãdzedze kplɔ wo toe, be woda Mawu ƒe Se la dzi la. Tetekpɔ, siwo wodo ŋusẽ to woƒe nuvɔ̃ ƒe vivisese me; yayra, siwo wodo vlo, gbe xɔxɔ; Mawu ƒe dɔtsɔla, siwo wolé fu, toklã, siwo ŋu woɖu fewu le, Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ ƒe yɔyɔ, siwo ŋuti wosẽ to ɖo hegbe dzimetɔtrɔ la, nusiawo katã dze na wo abe nusiwo woŋlɔ̃ kple dzo ƒe aɖewo ene.UGL 638.2

    Atitsoga la ɖe eɖokui fia le fiazikpui la ta me. Eye le nudzɔdzɔwo katã ɖeɖefia me wokpɔ Adam ƒe tetekpɔ kple anyidzedze ƒe ɖeɖekpɔkpɔ-ɖoɖo gã ƒe ɖoƒe vovovoawo. Alesi wodzi Yesu le ahedada me, toɖoɖo kple bɔbɔenyenye ƒe agbe, si wònɔ tso ɖevi me ke; eƒe mawutsilele le Yordan tɔsisi me; nutsitsidɔ̃ kple etetekpɔ le gbe dzi; eƒe dutoƒo dɔwɔwɔ, siwo ʋu dziƒo ƒe yayra xɔasiwo nu na amegbetɔwo; lɔlɔ̃ kple dɔmenyodɔ, siwo wòwɔna gbesiagbe; zãmetoto gbedodoɖawo kple moxexi nɔnɔ le towo dome; alesi wotsɔ ŋubiã, fuléle, aye vɔɖi ƒe nugbeɖoɖoɖameŋu xe fe nɛ ɖe dɔmenyodɔ, siwo wowɔ la teƒe; nuku kple ŋɔdzi kudɔƒoƒo ƒe ʋiʋli, si me wòto le Getsemane, esime wòxɔ xexeame katã ƒe nuvɔgba kpekpẽ la ɖe eɖokui dzi; eyome mɔ fiafia kple edede asi na hlɔdolawo; ŋɔdzinu nyɔŋu, siwo dzɔ le nuvɔ-zã ma me; Amesi wolé fɔmaɖimaɖi, eye meʋli hã o, eye eƒe nusrɔla lɔlɔawo si gblẽe ɖi, esi wohe sesẽtɔe to Yerusalem ƒe ablɔwo dzi; Mawu ƒe Vi sia, si wokplɔ yi ɖa fia Hana le futɔwo ƒe dzidzɔkpɔkpɔ me, emegbe wokplɔ yi na nunɔlagã le eƒe fiasã me, hafi yi ɖe Pilato ƒe ʋɔnudrɔƒe, eye, tso afima, woyi ɖe ŋutasẽla Herodes gbɔ, afisi wòxɔ fewuɖuɖu, dzudzu, fuwɔame le, hafi vaxɔ kufiatsotso le nuwuwu. Nusiawo katã ɖee fia wo, eye woƒe nu ku. Azɔ la, woɖe nudzɔdzɔ siawo ƒe akpa mamlea fia ameha gãwo, eye wole ekpɔm kple ŋɔdzi kple dzodzonyanyanya. Wokpɔ Ŋutsu kpehiã, si kpea fu kple dzigbɔɖi la, lé Kalvaria mɔ la tsɔ, eye bebli wòte ŋu le zɔɖem, ɖe alesi wogbãe gudugudu la ta; ke Dziƒofia lae nye si woklã ɖe vlodoame ƒe atitsoga ŋuti, eye nunɔlawo kple fewuɖulawo le alɔme ɖem le eŋuti esime wòle kudɔ ƒom. Esi xexeame ƒe Ɖela la tsɔ eƒe gbɔgbɔ na tetie ko la, nuku vivitia ɖe do, anyigba ʋuʋu, kpewo fẽ, eye yɔdowo nu ʋu.UGL 638.3

    Nu dziŋɔ, siwo katã dzɔ va yi la, ƒe ɖeɖefiawoe le me vam pɛpɛpɛ wole kpɔkpɔm. Nusẽ mele Satana, eƒe dɔlawo kple amesiwo dze eyome la si bene woaɖe ŋku ɖa le nuɖefia sia, si nye woƒe dɔwɔwɔwo la, dzi o. Amesiame, si nɔ ŋunyɔnu sia wɔwɔ me la, ɖo ŋku dɔ, si wòwɔ la dzi. Herodes, amesi wu Betlehem ɖevi maɖifɔwo, kple susu be Israel ƒe Fia la hã anɔ ɖeviawo dome; Herodia, hlɔ-nyɔnu vɔɖi, si ƒe dzitsinya ɖifɔ la xɔ Yohanes Baptista ƒe ʋu ɖe eɖokui dzi; Pilato vɔvɔnɔtɔ, si mete ŋu wɔa nu dzɔdzɔe le eɖokui si o; asrafo fewuɖulawo, nunɔla nugbeɖolawo, kplɔlawo, kple ameha gã, si do aɖaʋa-ɣli gbemagbe be: “Eƒe ʋu neva yewo kple yewo viwo dzi fãa la, wo katã kpɔ woƒe fɔɖiɖi ƒe kpekpẽme. Wodze agbagba be yewoaɣla yewo ɖokui ɖe eƒe gãnyenye ŋutikɔkɔe ƒe keklẽ, si nu sẽ wú ɣe ƒe keklẽ la, nu dokpoe; gake ɖeɖekpɔlawo ya ɖe woƒe dziɖuɖu kukuwo da ɖe Ɖela ƒe afɔ nu hedo ɣli be: “Eku ɖe tanye.”UGL 639.1

    Le ɖeɖekpɔlawo ƒe dukɔ gã la me la, wokpɔ Kristo ƒe Apostolowo, kalẽtɔ gã Paulo, Petro, si yɔ kple dzo, Yohanes, nusrɔla lɔlɔa, si wolɔ, eye wòlɔa ame vevie la, kple nɔvia, siwo trɔ dzi me kplii la, kple xɔsetakulawo ƒe ameha gã la; eye le Du Kɔkɔea ƒe gliawo godo la, amesiwo ti wo yome, lé wo de gaxɔ me, wɔ fu wo hewu wo la, kple woƒe hlɔ-nu vɔɖiawo le wogbɔ. Nero, ŋutasesẽ kple vɔɖivɔɖi deto ƒe nukpekpe gã la, hã le afima hele amesiwo wòwɔ fu geɖe gbaɖegbe, siwo ƒe vɔvɔ̃ kple vevesese manyagblɔwo nye dzidzɔdonu kple satanamenɔnɔ ƒe vivisese na eyama la, kpɔm. Dadaa, si dzii la, hã le tsitre ɖi, le dɔ, si eya ŋutɔ wɔ le evia hehe me la ƒe ɖaseɖiɖiwo kpɔm; gbegblẽ, si wòde eme, alesi wòdea edzi le nubaɖawɔwɔ me, ale be dẽ gbegblẽ tsi, kpɔ nɔƒe le eme to eya ŋutɔ ƒe kpɔɖeŋu vɔɖi, siwo wòna via, si ƒe kutsetsewoe nye hlɔdodo kple tamesesẽ deto, si zu ŋɔdzi kple ŋunyɔ̃ na xexeame katã la.UGL 639.2

    Roma katoliko hamea ƒe nunɔlawo kple episkɔpo alo dzikpɔlawo hã le afima, wo amesiwo gblɔ be yewo nye Kristo teƒenɔla le anyigba dzi, vɔ wotu kadeve-tiwo, gaxɔ dovivitiwo kple dzotɔame teƒewo na eƒe dukɔa ƒe dzitsinya tete ɖe anyi la. Afima ke hamea kplɔla, Papa, dadala, siwo do wo ɖokui ɖe dzi glodzo gbɔ Mawu ta la, le, wo amesiwo mevɔ̃ kura be yewoatrɔ Dziƒoʋĩtɔ la ƒe Seawo o. Ke ɣeyiɣi la ɖo azɔ be woama siwo yɔ wo ɖokui be hame fofowo la, nana akɔŋta, si womalɔ̃ gbeɖe be woabia yewo o la, Mawu. Gamea yi ɖe wo vɔ hafi wova nyae be Mawu le ŋu ʋãm ɖe eƒe Se la ta, eye be matsɔ ke fɔɖila la o. Woke ɖe eŋuti azɔ be nusianu, si wowɔ ɖe Kristo ƒe dukɔ, si nɔ fukpekpe me ŋuti la, nye nusi wowɔ ɖe eyama ŋutɔ ŋuti, eye wokpɔ ŋusẽ, si le eƒe nyagbɔgblɔ sia me be: “Vavã mele egblɔm na mi bena: Nusianu, si miewɔ na nenem nɔvinye sue siawo dometɔ ɖeka la, nyee miewɔe na.” (Mateo 25:40). Xexeame ƒe ame vɔɖiawo katã le tsitre ɖe Mawu ŋku me le eƒe ʋɔnudrɔƒe, eye wotso wo nu be wodɔ hlɔ̃ be wode dziƒo-dziɖuɖua asi. Esi nyaxɔɖakɔlaa ɖeke mele wosi, eye taflatse hã mele wosi o ta la, wotso kufia mavɔ na wo.UGL 640.1

    Eme kɔ azɔ na amewo katã be nuvɔ̃ ƒe fetu menye ɖokuisinɔnɔ le gãnyenye me yi mavɔ ƒe nyae o, ke boŋ aboyomenɔnɔ, gbegblẽ kple ku mavɔ ƒe nyae. Ame vɔɖiawo kpɔ nusi wobú to woƒe aglãdzedze ƒe agbe nɔnɔ me la. Le ɣeyiɣi, si me wotsɔ ŋutikɔkɔe manyagblɔ ƒe kpekpẽme mavɔ le wo nam la, wotsri nunana nyui sia. Ke aleke gbegbe wòle wo dzrom azɔe. Luʋɔ, si le tsɔtsrɔm la do ɣli be: “Anye ne esia katã asu asinye hafi, gake metia be magbe nu le wo katã gbɔ. O, movi-nu kae nyesi mewɔ! Medzra ŋutifafa, dzɔgbenyui kple ŋutikɔkɔe heƒle nublanuitɔnyenye, gbɔɖiɖi kple dziɖelameƒo.” Wo katã wokpɔ be ele dzɔdzɔe be gomekpɔkpɔ meli na yewo le dziƒo o. Nya, si wogblɔ to woƒe agbenɔnɔ mee nye be: “Mímedi be ame sia (Yesu) naɖu Fia ɖe mía dzi o.”UGL 640.2

    Esime Mawu ƒe Vi la le zikpui xɔm abe Fia ene la, ɖeko wòwɔ na ame vɔɖiawo abe drɔe kum wole ene. Wokpɔ kpe,siwo dzi woŋlɔ̃ Mawu ƒe Sewo ɖo la, Se siwo gbɔ wogbe nu le heda wo dzi la, le eƒe asi me. Wokpɔ ɖeɖekpɔla, siwo ƒe nu ku, wó kple dzidzɔha, hele Mawu subɔm, eye esi woƒe hadzidziawo de dzi sesiẽ va ameha gã, si le dua godo gbɔ la, amesiawo do ɣli kple gbe ɖeka be: “Aƒetɔ Mawu, Ŋusẽkatãtɔ, (653) gã kple nuku nye wò dɔwɔwɔwo. Wò dukɔwo dzi Fia la, dzɔdzɔe kple Nyateƒe enye wò mɔwo.” (Nyaɖ. 15:3). Wotsyɔ̃ mo anyi, hesubɔ Agbefia la.UGL 641.1

    Esi Satana kpɔ Kristo ƒe gãnyenye ƒe ŋutikɔkɔe ɖaa la, ezu abe lãmetututɔ ene. Eya amesi nye kerubi, siwo keke aʋala me, dometɔ ɖeka tsã la, ɖo ŋku keke afisi wòge tso la dzi. Serafim keklẽ, si nye agudzevi, ŋukeɣletivi la, aleke wòtrɔ enye si; ale wòge enye si! Wonyãe ɖa tegbetegbee tso Mawu ƒe takpe-to kɔkɔe, afisi bubu nɔ eŋuti le tsã la dzi. Ekpɔ ame bubu le tsitre ɖe Fofo la gbɔ hele nu tsyɔm eƒe ŋutikɔkɔe la dzi. Ekpɔ dɔla dzɔtsua ɖe, si ŋuti gãnyenye le la, wònɔ fiakuku ɖɔm ta na Kristo, eye wòkpɔe kɔtee be yee awɔ bubu-dɔ nyui sia hafi.UGL 641.2

    Eɖo ŋku eƒe fɔmaɖimaɖi ŋkekewo kple dzadzɛnyenye, si me wònɔ tsã la dzi; eɖo ŋku dzidzɔ kple ŋutifafa, si me wònɔ, vaseɖe gbesigbe wòde asi liʋiliʋi lili ɖe Mawu ŋu kple ŋubiabiã Kristo me la dzi. Eƒe nyatsɔɖameŋu, aglãdzedze, ameflunyawo hena dɔlawo ƒe megbenɔnɔ na eyama, eƒe dzimesesẽ be yemagbugbɔ ɖe megbe, axɔ tsɔtsɔke, si tsɔm Mawu le nɛ o la, nusiawo katã le eƒe susu me tom va yi abe fifi wole me vam ene. Egaɖo ŋku dɔ, siwo wòwɔ le amegbetɔviwo dome, kple wo metsonuwo hã dzi: fuléle amenɔvi, si wòƒã ɖe wo me; ame ƒe ʋu, si wòkɔ ɖi le agbɔsɔsɔ gãa ɖe me, fiaɖuƒewo ɖoɖo anyi kple wo gbagbã, ʋunyaʋunya kple aʋawɔwɔ ƒe ka tɔtɔ ɖe nu, aglãdzedze, tsitretsitsi wɔnawo. Eɖo ŋku agbagba, siwo katã wòdze madzudzɔmadzudzɔe hena mɔxexe na Kristo ƒe dɔwɔwɔwo ƒe zɔɖeɖe, ale bena amegbetɔ nanɔ to yim le nuvɔ̃ ƒe ba me ɖaa. Nusi wògade dzesi enye be nugbeɖoɖo vɔɖi ƒe mɔ, siwo katã wòto be yeatsrɔ̃ wo la, mekpɔ ŋusẽa ɖeke fĩi ɖe amesiwo tsɔ woƒe mɔkpɔkpɔwo da ɖe Kristo dzi la dzi o. Esi Satana ɖo ŋku anyi kpɔ eƒe fiaɖuƒea kple eme dɔwɔnawo ƒe kutsetseawo la, ekpɔ be tsɔɖua ɖeke meli wú gbegblẽ kple aƒedowo o. Ena ame vɔɖiawo ƒe aʋakɔ gã la xɔe se be Mawu ƒe du la xɔxɔ anɔ bɔbɔe, gake enya le eɖokui me be alakpae. Zi geɖe, le ʋiʋli gã sia ƒe ɣeyiɣiwo me la, woɖua edzi ɖaa, eye wòdzona ta. Edze si Mavɔmavɔtɔ la ƒe ŋusẽ kple gãnyenye akpa. Ke esi wòle alea la, eƒe taɖodzinu ɣesiaɣi koe nye be wòatso afia na eɖokui, eye wòdina be yeaɖee fia be Mawu ƒe amedziɖuɖue he yeƒe aglãdzedze la vɛ. Ewɔ eƒe nunya triakɔ la ƒe ŋutetewo katã ŋuti dɔ na alakpa numeɖeɖe sia. UGL 641.3

    Ewɔ nu le eƒe susu kple ɖoɖo nu, wòdze edzi nɛ nyuie nukutɔe, ale gbegbe be ameha gãgãwo xɔ ɖe nya, si wòkpa gblɔ na wo tso ʋiʋli gã, si nɔ edzi yim ɣeyiɣi didia ɖe la dzi. Le ƒe akpe akpewo me nugbeɖolawo ƒe fia la ɖe gbeƒã aʋatsonya sia abe nyateƒenya ene. Ke ɣeyiɣi la ɖo azɔ be, mlɔeba la, ne aglãdzedze la nakpɔ sẽɖoƒe, ne woaklo nu ɖa le Satana ƒe ŋutinya kple eƒe dɛ̃ dzi. Eƒe ŋutete gã mamlɛa wɔwɔ be yeaɖe Kristo ɖa le fiazikpui dzi, atsrɔ̃ eƒe dukɔ la ɖa, axɔ Mawu ƒe Du kɔkɔe la mee woklo nu le eŋuti keŋkeŋ le. Amesiwo wɔ ɖeka kplii la kpɔ eƒe anyidzeƒe; woɖu edzi blibo. Kristo yomedzelawo kple dɔla nuteƒewɔlawo kpɔ nugbe, si wòɖo ɖe Mawu ƒe dziɖuɖua ŋuti la ƒe ŋɔdzi kple kpekpẽme. Esia na be xexeametɔwo katã tsri eƒe nya gbɔ. Satana ŋutɔ hã kpɔe be, esi yetsɔ ye ŋutɔ ƒe lɔlɔnu dze aglã ɖe Mawu ŋuti la, yemegadze anɔ dziƒoa o. Etsɔ eƒe ŋusẽwo katã de aʋawɔwɔ ɖe Mawu ŋuti me; ale be dzadzɛnyenye, ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ ƒe agbe, si le dziƒoa la, madze edzi nɛ kura o, ke boŋ anye mavomavo kple vevesese manyagblɔ teƒe na eyama. Ke eƒe nyahehewo ɖe Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ kple dzɔdzɔenyenye ŋuti la nu tsi azɔ. Fɔɖiɖi ŋukpẽ, si wòbe yeada ɖe Yehowa dzi la, katã dze eya ŋutɔ ƒe ta dzi. Alea ye, le gaƒoƒo sia dzi, Satana de ta agu heʋu eme be tohehe, si va na ye la le dzɔdzɔe.UGL 642.1

    “Aƒetɔ, amekae mavɔ̃ wò o, eye makafu wò ŋkɔ la o mahã? Elabena wò ɖeka hɔ̃ koe le kɔkɔe, elabena dukɔwo katã avade ta agu le ŋkuwò me; elabena woɖe wò nu dzɔdzɔe wɔwɔwo ɖe go fia.” (Nyaɖ. 15:4) Nusiwo katã do viviti ku ɖe Nyateƒe kple vodada ŋuti le ʋiʋli ƒe ɣeyiɣi didie la me la, me kɔ nyuie azɔ. Aglãdzedze ƒe metsonuwo kple Mawu ƒe Seawo dzi mawɔmawɔ ƒe kutsetsewo la, woklo nu ɖa le wo dzi keŋkeŋ le Mawu ƒe nuwɔwɔ, siwo katã si nunya le la ƒe ŋku me, eye eme kɔ na wo nyuie ŋutɔ. Woɖe Satana ƒe ɖoɖowo ƒe dɔwɔwɔ le eƒe tsitretsitsi ɖe Mawu ƒe dziɖuɖua ŋuti me la fia xexeawome katã godoo. Eyaŋutɔ ƒe dɔwɔwɔwoe bu fɔe. Mawu ƒe nunya, eƒe dzɔdzɔenyenye kple dɔmenyonyo la, wogbugbɔ tsɔ wo tu tsitre goŋgoŋ. Wode dzesii be nusiwo katã wòwɔ le ʋiʋli gã la ƒe ɣeyiɣiawo katã me la, ewɔ wo na eƒe dukɔ la kple xexeme, siwo katã wòwɔ la, ƒe nyona. “Yehowa, wò dɔwɔwɔwo katã ada akpe na wò, eye wò mawumemewo akafu wò.” (Ps. 145:10) Nuvɔ̃ ƒe ŋutinya anɔ anyi tso mavɔ me yi mavɔ me, ne wòanye ɖaseɖiɖi bena amegbetɔ, siwo katã Mawu wɔ la, ƒe dzɔgbenyuimenɔnɔ ku ɖe eƒe Seawo ƒe anyinɔnɔ ŋuti.UGL 643.1

    Le nusiwo katã nye kpeɖodzinuwo do go tso ʋiʋli gã la me ƒe ŋku me la, xexeame katã, nuteƒewɔlawo kple aglãdzelawo siaa, tsɔ gbe ɖeka do ɣli gblɔ be: “Wò, dukɔwo dzi Fia la, dzɔdzɔe kple Nyateƒe enye wò mɔwo!” (Nyaɖ. 15:3) Vɔsasa gã, si Fofo la kple Vi la wɔ ɖe amegbetɔ ta la, me kɔ nyuie azɔ na dzɔdzɔmeawo katã. Ɣeyiɣi la de azɔ be Kristo naxɔ teƒeɖoɖo, si dze nɛ, ne mawudɔlawo, dziɖuɖuwo kpakple ŋusẽwo katã nabɔbɔ wo ɖokui nɛ, ne woatsɔ ŋkɔ, si ƒo ŋkɔ sia ŋkɔ ta la kee. Dzidzɔ, si wòavakpɔ - si nye vi geɖewo kpɔkplɔ yi ŋutikɔkɔe me — la tae wòlɔ̃ kpe atitsoga ŋuti ƒe fu kple vlodoame ɖo. Alesi gbegbe womate ŋu asusu eƒe vevesese kple ŋukpẽ ƒe todede o la, nenema kee eƒe dzidzɔ kple ŋutikɔkɔe lolo wú. Eɖe ŋku ɖe ɖeɖekpɔlawo ŋu, wo amesiwo wogbugbɔ wɔ yeyee le eƒe nɔnɔme nu la, eye wòkpɔ mawumenɔnɔ ƒe dzesi le dzi sia dzi ŋuti, eye mo sia mo le keklẽm kple woƒe Fia la ƒe nɔnɔme ƒe keklẽ. Ekpɔ eƒe luʋɔ ƒe dɔ, si wòwɔ la le wo me, eye wòdze eŋu. Tete ɖeɖekpɔlawo kple ame vɔɖiawo ƒe ƒuƒoƒo gã la se eƒe gbeɖiɖi gblɔ be: “Milé ŋku ɖe amesiwo nye ʋu ƒle la ŋuti! Mekpe fu ɖe wo ta, meku ɖe wo ta, bene woateŋu anɔ te ɖe ŋkunye me le ɣeyiɣi mavɔwo me.” Kasia, ha sia ɖi le ɖeɖekpɔla, siwo le awu ɣi ʋlayawo me ƒo xlã fiazikpui la dome bena: “Alẽvi, si wowu la, eyae dze be wòaxɔ ŋutete kple kesinɔnyenye kple nunya kple ŋusẽ kple bubu kple ŋutikɔkɔe kpakple kafukafu!” (Nyaɖ. 5:12) UGL 643.2

    To gbɔ be Satana kpɔ Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye kple Kristo ƒe tatɔnyenye kɔtee, eye woʋu wo me hã la, eƒe dɛ̃ metrɔ o. Aglãdzedze ƒe gbɔgbɔ, si le eme la gasesẽ abe tɔɖɔɖɔ wɔadã, si lɔ nuwo ɖe nu ene. Aɖaʋa ƒe anyrãwɔwɔa ɖe ho le eme, eye wòɖoe be yemaɖe asi le ʋiʋli la ŋuti o. Le eƒe susu nu la, ɣeyiɣi la ɖo be yeatsɔ ku kple agbe ƒe ŋusẽ aho aʋa mamlɛa ɖe dziƒo Fia la ŋuti. Enumake wòƒo etɔwo nu ƒu, eye wòdze agbagba be yeatra dziku, si le eme la, ɖe woawo hã me, ale be woade asi aʋa la me kplii zi ɖeka. Gake le ameha gã manyaxlẽ ma me, wo amesiwo me wòde aglãdzedze gbɔgbɔ la, amea ɖeke megado dzi ɖe Satana ƒe gãnyenye ŋuti o. Ŋusẽ vɔ le esi. Ame vɔɖiawo ƒe dzi me yɔ fũ kple fuléle Mawu abe Satana ke ene, gake woawo ya kpɔe be wɔna vɔ ɖe yewo, eye be yewomate ŋu akpe Yehowa dzi o. (656) Woƒe dzi ho kple dɔmedzui ɖe Satana kple eƒe dɔla, siwo dzi wòto ble wo la ŋuti, eye wotrɔ dze ŋgɔ wo kple dziku heliheli.UGL 644.1

    Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: “Esi nèwɔ wò dzi abe Mawu tɔ ene la, eyata, kpɔ ɖa, makplɔ du bubu me tɔ, siwo nye ŋutasẽlawo aƒu wò dukɔ, woadi yi ɖe wò nunya ƒe nyonyo ŋu, eye woado gu wò atsyɔ. Woatutu wò ade aʋli me.…matsrɔ wò le dzokpeawo dome, wò kerubi, si keke aʋala me… matsɔ wò aƒu anyi, eye matsɔ wò ade asi na fiawo, ne woakpɔ wò ʋuu keke wòati wo…Wò ame nyanyɛwo katã le dukɔwo dome ƒe nu ku ɖe ŋuwò; nuwò yi ŋɔdzitɔe, eye maganɔ anyi akpɔ gbeɖegbeɖe o.” (Xez.28: 6-8, 16-19) “Asrafo ƒe aʋa sia aʋa nyena le aʋazi kple awu, siwo bliba ʋu me, ke esia anye le dzobinu ƒe dzobibi sesẽ me.” (Yes.9:5 KJB) “Yehowa do domedzoe ɖe dukɔwo katã ŋu kple dziku ɖe woƒe aʋakɔwo katã ŋu; edo busu wo; eye wòtsɔ wo de asi, be woawu.” (Yes. 34:2) Ana dzoka nadza ɖe ame vɔɖiwo dzi, eye dzo, aŋɔ kple ya xɔdzo anye woƒe kplu me nu.” (Ps. 11:6) Dzo ge tso dzi, tso Mawu gbɔ. Wogbã anyigba la keŋ. Woɖe aʋawɔnu siwo woɣla ɖe eƒe tu me la, ɖe go. Dzo bibi le wowóm tso anyigba ƒe agado ɖesiaɖe, si ke nu ɖi la me. Agakpewo ŋutɔ hã le dzo bim. Ŋkeke, si labi abe kpodzo ene la va ɖo. Gɔmedzenuwo lolo keŋ le dzobibi la ƒe ŋusẽ nu, eye anyigba la kple nusiwo katã le edzi la fiã keŋkeŋ. (Maleaxi 4:1; Petro II 3:10) Anyigba la katã nye nusi lólo, eye eƒe ŋku me le abe dzo ƒe tagba gãa ɖe ene. Ame makɔmakɔwo ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ kple tsɔtsrɔ̃ ƒe ŋkeke enye esia. “Elabena hlɔbiagbe, teƒeɖoɖo ƒe ƒe wònye tso Yehowa gbɔ ne wòawɔ avu na Zion.” (Yes. 34:8;) UGL 644.2

    Ame vɔɖiwo laxɔ woƒe fetu le anyigba la dzi. (Lod. 11:31) “Woanɔ abe gbe ƒuƒu ene, eye ŋkeke, si gbɔna la, afiã wo masusɔ ke kple alɔ ɖi na wo o. Yehowa Zebaot yegblɔe.” (Maleaxi 3:19) Ameaɖewo tsrɔ̃ le ɣeyiɣi via ɖe ko me, esime bubuawo ya kpe fu ŋkeke geɖewo. Woahe to na amesiame ɖe eƒe dɔwɔwɔ nu. Esi wotsɔ ame dzɔdzɔeawo katã ƒe vodadawo ɖo Satana dzi la, menye eya ŋutɔ ƒe aglãdzedze fetu la ɖeɖe koe woaxe nɛ o, ke nuvɔ, siwo wòna mawuviwo wɔ la hã kpe ɖe eŋu nɛ. Eƒe tohehe la sɔ gbɔ geɖe wú amesiwo wòble la tɔ. Ne amesiwo nu wòble de tsɔtsrɔ̃ me la tsrɔ̃ vɔ keŋkeŋ la, Satana ɖeka anɔ agbe le fukpe-dzo la me. Ame vɔɖiwo afiã le dzobibi, si le nuwo ŋuti kɔm la me keŋkeŋ, alɔdze kple kẽ katã. Satana enye nuvɔ̃ ƒe kẽ, ke eƒe dɔlawo nye alɔdzewo. Tohehe, si Se la bia la, va eme keŋkeŋ; dzɔdzɔenyenye ƒe biabiawo hã kpɔ ŋuɖoɖo keŋ, eye anyigba kple dziƒo, siwo nye nusiawo ƒe ɖaseɖilawo la ɖe gbeƒã Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye.UGL 645.1

    Nuwɔwɔwo dome gbegblẽ ƒe dɔ, si Satana le wɔwɔm tso tititi la, nu tso tegbtegbee azɔ. Le ƒe akpe adẽ sɔŋ me wòwɔ eƒe lɔlɔnu, yɔ anyigba la dzi kple gbegblẽ eye dzɔdzɔmea katã tsi vevesese me. Ŋeŋe kple hũɖeɖe sɔŋ koe nye nuwɔwɔ blibo la katã tɔ ɣesiaɣi. Ke azɔ la, Mawu ƒe nuwɔwɔwo katã kpɔ ɖeɖe mavɔmavɔ tso Abosam kple eƒe tetekpɔwo si me. “Anyigba blibo la gbɔ ɖe eme bɔkɔ ; wode (ame dzɔdzɔewo) asi aseye tsotso me.” (Yes. 14:7) Dziɖuɖu kple kafukafu ɣli sesẽa ɖe ɖi le xexeme wɔnuteƒewo katã dome me abe ameha gãa ɖe ƒe gbeɖiɖi ene”, abe tsi geɖewo ƒe gbeɖiɖi ene”, abe “dziɖegbe sesẽwo ƒe gbeɖiɖi ene” le gbɔgblɔm bena: “Mikafu Yehowa! Elabena Aƒetɔ mía Mawu Ŋusẽkatãtɔ la le fia ɖum! (Nyaɖ. 19:6) Esime anyigba blibo la katã le dzo bim la, ame dzɔdzɔeawo ya le dedie le Du Kɔkɔe la me. Ku evelia mekpɔ ŋusẽa ɖeke ɖe amesiwo kpɔ gome le tsitretsitsi gbãtɔ me la dzi o. Yehowa nye dzo bibi na ame vɔɖiwo; ke enye ɣe kple akpoxɔnu na eƒe dukɔ la. (Nyaɖ. 20:6; Ps 84:12) “Eye mekpɔ anyigba yeye kple dziƒo yeye; elabena gbã dziƒo kple gbã anyigba la nu va yi.” (Nyaɖ. 21:1) Dzo si fiã ame vɔɖiwo la kee le anyigba la ŋuti kɔm. Fiƒode ƒe dzesi ɖesiaɖe nu vayi keŋkeŋ. Dzo mavɔa ɖeke manɔ bibim ɖaa, anɔ ŋku ɖom nuvɔ̃ ƒe metsonu dziŋɔwo dzi na ɖeɖekpɔlawo kpɔ gbeɖe o.UGL 646.1

    Ŋkuɖodzinu ɖeka, si ko anɔ anyi ɖaa la, enye mía Ɖela Yesu ƒe kaka ɖe atitsoga ŋuti ƒe dzesiwo. Ŋudza kuku, si de abi eƒe ta ŋuti, eƒe axada me, si woƒo nu ɖo, eƒe asi kple afɔ, siwo woka la, ɖeɖe koe anye nuvɔ̃ ƒe ŋutasẽdɔ ƒe dzesi anɔ anyi tegbetegbee. Esi wòkpɔ eƒe ŋutikɔkɔemenɔnɔ le ɖeɖefia me ɖaa la, Nyagblɔɖila Xabakuk gblɔ be: “Keklẽ do abe ɣe tɔ ene, keklẽ le eƒe axa dzi, eya mee eƒe ŋusẽ be ɖo.” (Xab. 3:4) Eƒe axada me, si woƒo nu ɖo la, mee ʋu, si lé avu le Mawu kple amegbetɔwo dome la, do tso; eya mee Ɖela ƒe ŋutikɔkɔe la le; eya mee eƒe ŋusẽ be ɖo. Esi ŋusẽ katã le esi be wòaxɔ na ame to eƒe ɖeɖe vɔsasa me la, ŋusẽ le esi hã be wòadrɔ̃ ʋɔnu, si dze la, na amesiwo trɔ megbe de Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ la. Eye nusi nye bubu gãtɔ kekeake nɛ la enye eɖokui bɔbɔ ɖe anyi ƒe dzesiwo. Le ɣeyiɣi mavɔwo me la Kalvaria ƒe kabiwo anɔ gbeƒã ɖem eƒe kafukafu kple eƒe ŋusẽ la. “Ke wò lãhawo ƒe xɔ tsrala, wò Zion-Nyɔnuvi ƒe togbɛ, dziɖuɖu tsãtɔ asu asiwò, Yerusalem-nyɔnuvi ƒe fiaɖuƒe asu asiwò.” (Mixa 4:8;) Ɣeyiɣi, si ame kɔkɔeawo nɔ mɔ kpɔm na, tso keke esime wotsɔ dzo ƒe yi, si trɔa eɖokui la, nyã mía dzila gbãtɔwo do go tso Paradiso me — amesiwo Mawu ŋutɔ xɔ ƒle na eɖokui la ƒe xɔxɔkpɔkpɔ la - ɣeyiɣi la va ɖo azɔ. (Efes. 1:14) Anyigba, si Mawu tsɔ na amegbetɔ le gɔmedzedzea me abe eƒe fiaɖuƒe ene, ke eya ŋutɔ tsɔe de asi na Satana, eye futɔ sesẽ sia zi edzi ɣeyiɣi didia ɖe la, gatrɔ va amegbetɔ si me azɔ to ɖeɖekpɔkpɔ ɖoɖo gã la me. Nusiwo katã bú to nuvɔ̃ me la gatrɔ va keŋkeŋ. “…Ale Yehowa[…] eya Amesi mè anyigba, eye wòwɔe; eya Amesi ɖoe anyi menye ɖe wòwɔe be wòatsi ƒuƒlu o, ke boŋ ɖe wòmèe be woanɔ edzi la, gblɔ esi…” (Yes. 45:18) Mawu ƒe tameɖoɖo gbãtɔ, si ŋutie wòwɔ anyigba ɖo la va me, esime wòzu ɖeɖekpɔlawo ƒe nɔƒe tegbetegbee. “Ame dzɔdzɔeawo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.” (Ps. 37:29) UGL 646.2

    Vɔvɔ̃ be ame kɔkɔeawo ƒe domenyinyi la avazu nu kpɔ kple ŋutilã-ŋku akpa la, na be ame geɖewo susu be ŋugbedodo, siwo gblɔ be anyigba yeyea anye míaƒe nɔƒe, alo aƒe la, nye gbɔgbɔme nyawo ko. Gake Kristo ka ɖe edzi na eƒe nusrɔlawo be yeyina nɔƒewo dzra ge ɖo ɖi na wo le Fofo la ƒe aƒe me. Evɔ la,“Nusiwo ŋku mekpɔ kpɔ o, eye to mese kpɔ o, eye womeva ame ƒe dzi me kpɔ o la, nusiawo Mawu dzra ɖo na amesiwo lɔnɛ la.” (Kor.I 2:9) Amegbetɔ ƒe gbegbɔgblɔ mesu ne wòate ŋu agblɔ ame dzɔdzɔeawo ƒe fetu ŋu nya o. Amesiwo lakpɔe la, koe lanya nusi wònye la. (659) Nunya, si sẽƒe li naa ɖeke mate ŋu ase ŋutikɔkɔe, si le Mawu ƒe Paradiso ŋu la gɔme o. Woyɔ ame kɔkɔeawo ƒe domenyinyi la le Biblia me be “Denyigba” (Hebri. 11:14-16) Afima dziƒo Alẽkplɔla la akplɔ eƒe alẽha ayi agbetsiwo gbɔ. Agbeti la atse ku ɣleti sia ɣleti, eye eƒe aŋgbawo anye kpekpeɖeŋu na dukɔwo. Tɔsisi, siwo nɔ tsatsram yi mavɔ, siwo me kɔ tseŋ tseŋ abe kristalo ene la, le afima, eye ati, siwo le woƒe goawo dzi la, do vɔvɔli ɖe teƒe, siwo wodzra ɖo ɖi na Mawu ƒe ɖeɖekpɔlawo la dzi. Gbadzaƒe gãgã, siwo mlí zu togbɛ dzaniwo, kple Mawu ƒe to kɔkɔ, siwo vlu woƒe tsutsɔeƒewo ɖe ya me ʋĩ la, hã li. Le ŋutifafa gbadzaƒe mawo dzi, le agbe tɔsisiawo ƒe gowo dzi ye Mawu ƒe dukɔmevi, siwo nye amedzro kple mɔzɔlawo ɣeyiɣi didia ɖe la kpɔ woƒe nɔƒe mavɔwo le. “Eye nye dukɔ anɔ ŋutifafa teƒe kple dziɖeɖi teƒewo kpakple ablɔɖe gbɔɖemeƒewo.” “Womase ŋutasesẽ ŋkɔ le wò anyigba dzi azɔ o, kple tsɔtsrɔ̃ kpakple gbegblẽ ŋkɔ le wò liƒowo dzi o, eye àyɔ wò gliwo be Xɔname kple wò agbowo be Kafukafu.” “Woatu xɔ anɔ eme, eye woade weingble aɖu eme kutsetse. Womatu xɔ ame bubu nanɔ eme o, eye womaƒã nu ame bubu naɖu o; elabena nye dukɔ atsi abe alesi ati tsina ene, eye nye ame tiatiawo aɖu woawo ŋutɔ ƒe asinudɔwɔwɔwo. (Yes. 32:18; 60:18; 65:21, 22) UGL 647.1

    “Gbegbe kple gbedadaƒo akpɔ dzidzɔ, tagba atso aseye, eye wòaƒo se abe dzogbenya ene.” “Sesewuwo amie ɖe ŋuvewo teƒe, eye woazu kafukafu na Yehowa kple ŋkuɖodzinu mavɔ, si nu mayi o.” (Yes. 35:1; 55:13) “Amegaxi anɔ alẽvi gbɔ, lãkle atsyɔ̃ akɔ ɖe gbɔvi gbɔ… eye ŋutsuvi suea ɖe akplɔ wo.” “…eye womahe gbegblẽ ava nye tonyigba kɔkɔe la dzi o.” (Yes. 11: 6, 9) .UGL 648.1

    Vevesese mate ŋu anɔ dziƒo du la me o. Avifafa, kuteƒeyiyi kple ahovɔ-tata manɔ anyi o. “…eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple vevea ɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.: (Nyaɖ. 21:4) “Duametɔa ɖeke magblɔ be yele dɔ lem o; wotsɔ vodada ke amesiwo le eme.” (Yes. 33:24) UGL 648.2

    Afimae Yerusalem Yeye, anyigba yeye, si ŋuti wokɔ la, ƒe fiadua le. “Ànye atsyɔ̃ fiakuku le Yehowa si me kple Fia ƒe tablanu le wò Mawu si me.” (Yes. 62:3) “…eƒe keklẽ le abe kpe xɔasi ŋutɔa ɖe ene, hele abe yaspis-kpe, si me kɔ abe kristalo ene.” (Nyaɖ. 21:11) “Eye dukɔwo azɔ eƒe kekeli me, eye anyigba dzi fiawo atsɔ woƒe atsyɔ̃ ava emee.” (Nyaɖ. 21:24) Aƒetɔ la be: “Matso aseye ɖe Yerusalem ŋu, eye makpɔ dzidzɔ ɖe nye dukɔ ŋu, eye womagase avifagbe kple konyifagbe le eme azɔ o.” (Yes. 65:19) “Kpɔ ɖa, Mawu ƒe agbadɔ la le amewo gbɔ, eye wòanɔ anyi kpli wo, eye woawo hã woanye eƒe dukɔ, eye Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli wo, eye wòanye woƒe Mawu.” (Nyaɖ. 21:3) UGL 648.3

    Zã mado le Mawu ƒe du la me akpɔ o. Amea ɖeke mahiã ɖiɖiɖeme alo adii o. Mawu ƒe lɔlɔnu dzi wɔwɔ kple kafukafuhawo dzidzi na eƒe Ŋkɔ mati ame akpɔ o. Ŋdime ƒe fafa anɔ mía dzi ɖaa, eye mawu nu o. “Zã megale dodo ge o; eye womele akaɖi, alo ɣe ƒe keklẽ hiã ge o; elabena Aƒetɔ Mawu ana keklẽ wo, eye woaɖu fia tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.” (Nyaɖ. 22:5) Keklẽ sesẽa ɖe, si wú ɣe ƒe keklẽ le ŋdɔ dzatse me fũ, vɔ hefa miaa, eye meve ŋku o la, aklẽ ɖaa. Mawu kple Alẽvi la ƒe ŋutikɔkɔe yɔ Du Kɔkɔe la me, kple kekeli, si nu matsi akpɔ gbeɖe o la.UGL 649.1

    Amesiwo woxɔ ƒle la azɔ le ŋkeke mavɔwo ƒe ŋutikɔkɔe kekeli, si mehiã ɣe ƒe keklẽ o la nu. “Nyemekpɔ gbedoxɔa ɖeke le eme o; elabena Mawu Ŋusẽkatãtɔ kple Alẽvi la woenye eƒe gbedoxɔ.” (Nyaɖ. 21:22) Asinukpɔkpɔ su Mawu ƒe dukɔ la si azɔ be wòaƒo nu kple Fofo la kple Vi la, ŋku me kple ŋku me.UGL 649.2

    “Azɔ la míekpɔa nu le ahuhɔe me le abebubu me, ke emegbe la, ŋku me kple ŋku me…” (Korinto. I, 13:12) Míekpɔa Mawu ƒe nɔnɔme ƒe dzedzeme abe le ahuhɔe me ene, eye wòdzena le dzɔdzɔme-nuwo ƒe dɔwɔwɔ me kple le eƒe wɔnawo ɖe amegbetɔ ŋuti la me; ke azɔ la míanɔ eŋku me, akpɔ eƒe mo ƒe ŋutikɔkɔe, eye nutsyɔnu alo naneke magaɣlae ɖe mí o.UGL 649.3

    Afima ɖeɖekpɔlawo adze si nu keŋ abe alesi wodze si wo keŋ ene. Lɔlɔ̃ kple nɔviwɔwɔ, si Mawu ŋutɔ de luʋɔwo me la, akpɔ woƒe ɖeɖefia vavã le vivisese me. Kadede dzadzɛ me nɔnɔ kple ame kɔkɔaewo, hadome ɖekawɔwɔ vavãtɔ kple dziƒodɔla yayratɔwo kpakple ɣeyiɣiawo katã me ƒe nuteƒewɔla, siwo nyã woƒe awuwo hewɔ wo ɣie le Alẽvi la ƒe ʋu me; esiawo katã anye ƒomekadede kɔkɔe, si anɔ dziƒo ƒomea katã kple anyigba dzi tɔwo dome. (Efeso. 3:15) Esiae anye ɖeɖekpɔlawo ƒe dzidzeme. Le anyigba yeyea dzi la, anye vivisese mavɔ na gbɔgbɔ makumakuwo be woanɔ ŋugble dem ɖaa tso Mawu ƒe nuku ŋusẽ, si wòtsɔ wɔ dzɔdzɔme nuwo, kple eƒe lɔlɔ, si ɖe mí la, ƒe nu ɣaɣlawo ŋuti. Futɔ ŋutasẽla kple ameblelaa ɖeke maganɔ anyi adi be yeahe mí de Mawu ŋɔŋlɔ̃ be me akpɔ o. Míaƒe ŋutetewo katã adzi ɖe edzi, eye míagba go le míaƒe talentowo ŋu dɔ wɔwɔ me. Nu yeyewo sɔsrɔ̃ maté ɖeɖi ame ƒe anyasã ŋu o, eye ŋusẽ hã mavɔ le ame ŋuti akpɔ o. Dɔ gãgãwo wɔwɔ adze edzi nyuie. Tamesusu kɔkɔwo tsɔtsɔ wɔ dɔ anɔ bɔbɔe. Nu nyui dzroamewo akpɔ mevava. Evɔa woanɔ ŋgɔ yim ɖaa le nu yeyewo fɔfɔ me; le ŋugbledede tso nukunu yeyewo ŋuti me; le Nyateƒe yeyewo gɔme sese me, kple nudzɔdzɔ yeye, siwo ahiã susu, luʋɔ kple ŋutilã ƒe ŋusẽ ŋutidɔ wɔwɔ la me.UGL 649.4

    Xexeame kesinɔnu mavɔwo katã ŋutinusɔsrɔ̃ ƒe mɔnu aʋu na Mawu ƒe ameƒeƒleawo keŋ. Esi womeganye ku ƒe kluviwo o la, woanɔ tsaɖiɖi dzi le ɖeɖimateameŋu me, anɔ xexeme siwo didi le wonɔewo gbɔ ʋĩ la me yim, xexeme, siwo kpɔ amegbetɔviwo ƒe gbɔgbɔme ahedada dziŋɔ,̃ si me woge ɖo vayi la, kple vevesese gãa ɖe, eye wodzia dzidzɔ-hawo ɣesiaɣi, si wose be nuvɔwɔla ɖekaa ɖe trɔ dzi me la. Ale, anyigbadzitɔwo anɔ tsa ɖim yi ɖe xexeme, siwo mege ɖe nuvɔ̃ me kpɔ o la me, eye woakpɔ gome kple vivisese manyagblɔa ɖe le woƒe dzidzɔ kple sidzedze me. Ame madzesinuvɔ̃ siawo ama nunya kple sidzedze ƒe kesinɔnu, siwo ŋuti woke ɖo le ƒe akpe akpewo ƒe ŋugbledede tso Mawu ƒe nuwɔwɔwo ŋuti me la, kple anyigbadzi ametiatiawo. Ke woawo hã, kple woƒe nunya, si megado viviti o la, woalí ŋku ɖe xexeme nuwɔwɔwo ƒe ŋutikɔkɔe la dzi: ɣe, ɣletiviwo kple nuɖoanyiwo katã ƒe dɔwɔwɔ ɖe dú le ɖoɖo nu, le esime woanɔ xlã ƒom Mawunyenye ƒe fiazikpui la. Wɔla ŋutɔ ƒe ŋkɔ anɔ ŋɔŋlɔ ɖe nusiwo katã wòwɔ la dzi, tso suetɔ kekeake dzi vaseɖe gãtɔ dzi, eye eƒe ŋusẽ ƒe kesinɔnyenye anɔ wo ŋuti keŋ.UGL 650.1

    Zi alesi ƒe mavɔwo ava nɔ yiyim la, zi geɖe ma ke woanɔ ɖeɖefia yeyewo ɖem ɖe go tso Mawu kple Vi la ƒe ŋutikɔkɔe ŋuti. Abe alesi sidzedze anɔ dzidzim ɖe dzi ene la, nenema ke lɔlɔ, Mawu vɔvɔ̃ kple bubu hã anɔ edzi yimee. Zi alesi ame ladi sidzedze Mawu vevie la, zi geɖe ma ke wòanɔ kekem ɖe eƒe dẽ ƒe nyonyo ŋuti. Zi alesi Yesu anɔ nu ʋum le ɖeɖekpɔkpɔ ɖoɖowo ƒe kesinɔnuwo ŋuti, kple aʋawɔwɔ kple Satana ƒe metsonuwo ŋuti na ɖeɖekpɔlawo la, zi nenema ke woƒe dziwo agba go kple akpedada kple lɔlɔ, eye le dzidzɔ manyagblɔa ɖe me la, woali asi woƒe sika kasaŋkuwo ŋu; eye gbeɖiɖi akpe ewo teƒe akpe akpewo aɖi sesiẽ kple kafuha viviwo.UGL 650.2

    “Eye nuwɔwɔ sia nuwɔwɔ, siwo le dziƒo kple anyigba dzi kple anyigba te kple atsiaƒu me kpakple nusiwo katã le wo me la, mese wole gbɔgblɔm bena: Amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi kple Alẽvi la tɔe lanye kafukafu kple bubu kple ŋutikɔkɔe kpakple ŋusẽ tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.” (Nyaɖ.5:13) UGL 651.1

    Ʋiʋli gã la wu nu. Nuvɔ̃kple nuvɔwɔlawo megali o. Xexeamewo katã ŋuti kɔ. Dziwo katã le ƒoƒom ɖekae kple dzidzɔ le nuwɔwɔwo katã me. Agbe, kekeli kple dzidzɔ le tsatsram tso Amesi ɖeka wɔ nuwo katã la gbɔ gbagba ɖe nuwɔwɔ blibo la, si liƒo meli na o la me. Tso nu suetɔ kekeake dzi yi ɖe xexeme gãtɔ kekeake dzi, nusianu, si me agbe le kple esi me agbe mele o la, wo katã, le woƒe nyonyo, si naneke megado viviti o la, kple dzidzɔ, si de blibo me la, le gbeƒã ɖem bena: “MAWU NYE LƆLƆ̃!”UGL 651.2

    ----------

    Larger font
    Smaller font
    Copy
    Print
    Contents