Loading...
Larger font
Smaller font
Copy
Print
Contents
  • Results
  • Related
  • Featured
No results found for: "".
  • Weighted Relevancy
  • Content Sequence
  • Relevancy
  • Earliest First
  • Latest First
    Larger font
    Smaller font
    Copy
    Print
    Contents

    22—NYAGBLƆƉI SIWO VA EME LA

    Esi ɣeyiɣi, si dzi wokpɔ mɔ na Aƒetɔ ƒe vava le, le ƒe 1844lia ƒe seƒoɣi, va yi la, amesiwo nɔ elalam la ge ɖe ɖikeke kple makaɖedzia ɖe me ɣeyiɣi suɛa ɖe. Ke le esime xexemetɔwo le wo kpɔm abe amesiwo dzi ɖe le ƒo na keŋkeŋ ene, elabe wodze woawo ŋutɔwo ƒe vodada, si ŋu wolé ɖo me la, wogale akɔfafa kple dzideƒo kpɔm le Mawu ƒe Nya la me. Geɖewo gale Ŋɔŋlɔawo me dzrom madzudzɔmadzudzɔ na ŋusẽ dodo woƒe xɔse ƒe gɔmeɖokpe la, eye woyi ɖe Nyagblɔɖiawo sɔsrɔ̃ dzi vevie na kekeli yeyewo xɔxɔ. Biblia ƒe ɖaseɖiɖi, si dzi wolí woƒe xɔse ɖo la, me kɔ ƒãa, eye vodada mele eŋu o. Dzesi, siwo ŋu womate ŋu da vo le o la, le eɖem fia be Kristo ƒe vava tu aƒe. Aƒetɔ ƒe yayra tɔxɛ, si wòɖe fia, to vɔwɔla geɖewo ƒe dzimetɔtrɔ me kple nyɔnyɔ le gbɔgbɔ me, si ge ɖe kristotɔwo ƒe ƒomea me la, wo katã ɖo kpe edzi be dziƒoe woƒe gbedeasi la tso. To gbɔ be xɔsetɔ siawo mete ŋu le kekem ɖe afisi kuxi la le ŋuti o hã la, kakaɖedzi su wo si be Mawue kplɔ yewo le yewo ƒe nuteƒekpɔkpɔ la me. Le nyagblɔɖi, siwo woxɔe se be wole nu ƒom tso Ɖela ƒe tɔtrɔva ŋu me la, woke ɖe nuxlɔamenyaa ɖewo ŋu, siwo sɔ kple ɖikeke kple makaɖedzi ƒe nɔnɔme, si wole la, eye wole dzi dem ƒo na wo be woalala le dzigbɔɖi kple xɔse me, ale be nusiwo do viviti fifia na woƒe gɔmesese la nava kɔ nyuie na wo.UGL 361.1

    Nyagblɔɖi siawo dometɔ ɖeka enye Xabakuk 2:1- 4 : “Mayi nye dzɔƒe, eye matsi tre ɖe xɔta, ne matsa ŋku, akpɔ nya, si wòle gbɔgblɔ ge nam kple nya, si tsɔ ge wòala aɖo nye nyahehe ŋu nam. Tete Yehowa ɖo ŋu nam gblɔ bena: ‘Ŋlɔ ŋutegã la ɖi, eye naɖee ɖe kpe dzi be wòanya xlẽ bɔbɔe. Elabena azãgbe li na ŋutega la, eƒe nuwuwu le aƒe tum, eye maflu ame o; ke ne etsi megbe la, kpɔ esinu, elabena ele vava ge kokoko, eye mahe ɖe megbe o. Kpɔ ɖa, eƒe luʋɔ vu gblotoo, eye meto mɔ ɖeka le eme o; ke ame dzɔdzɔe ya anɔ agbe to eƒe xɔse me.” (378)UGL 361.2

    Le ƒe 1842 lia godzi la, se, si wode le nyagblɔɖi sia me be woaŋlɔ̃ ŋutegã la ɖi, woatae ɖe kpewo dzi ale be woanɔ exlẽm ɣesiaɣi la, tutu Charles Fitch be wòaɖe susu ata nyagblɔɖi tafloa ɖe, si aɖe Daniel kple Nyaɖeɖefia ƒe ŋutegawo me nyuie. Wokpɔ taflo sia ƒe tata kple emama abe sedede, si le Xabakuk ƒe nyagblɔɖia me la, dziwɔwɔ ene. Gake amea ɖeke mede dzesii ɣemaɣi be nyagblɔɖi ma tututu ke ganɔ nu ƒom tso tenɔnɔ alo lala ƒe ɣeyiɣia ɖe ŋuti o. Ke le dziɖeleameƒo ƒe ŋkekeawo megbe la, woke ɖe eŋu be nyagblɔɖia ƒe akpa sia ɖo asixɔxɔ tɔxɛ: “elabe ŋutega la mava eme haɖeke o… Ame dzɔdzɔe anɔ agbe le xɔse me.”UGL 361.3

    Xezekiel ƒe nyagblɔɖia ƒe akpa, si gbɔna la, hã nye ŋusẽdoame kple akɔfanya na xɔsetɔwo: “Yehowa ƒe gbe va nam be: “Amevi, nya ka ƒomevi enye ekem gblɔm miele le Israel-nyigba dzi be ɣeyiɣiawo gbɔ metsɔ o, eye ŋutegawo katã nu tso? Eyata gblɔ na wo be: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Matsi nya siawo tɔgbe nu, eye womagagblɔe le Israel azɔ o; ke boŋ gblɔ na wo bena ɣeyiyi la kple ŋutegawo katã ƒe nyawo tu aƒe.. nya, si gblɔm mele la ava me, eye manɔ anyi eteƒe nadidi o…Israel ƒe aƒe la le gbɔgblɔm be: Ŋkeke nanewo ŋue wole ŋutega kpɔm ɖo. Eyata gblɔ na wo bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Nye nyawo katã maganɔ anyi eteƒe nadidi o. Nya, si megblɔ la, ava me.” (Xezek.12:21-25, 27, 28).UGL 362.1

    Kristotɔ siawo, siwo nɔ woƒe Aƒetɔ lalam la, nɔ dzidzɔ kpɔm kple susu sia be Amesi dzea si nuwuwua tso gɔmedzedzeame ke, si ƒe ŋkuwo kpɔa nu to ƒe alafafawo me do ŋgɔ la, kpɔ dziɖelameƒo, si le wo dzi va ge la xoxo, eye wòdzra dzideƒo kple mɔkpɔkpɔnya nyuiwo da ɖi na wo. Ne Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa sia, si xlɔ̃ nu wo be woalala kple dzigbɔɖi, le kaka ɖe Mawu ƒe Nya dzi me, mele eme o la, anye ne woƒe xɔse la abú keŋ le dodokpɔ ɣeyiɣi ma me.UGL 362.2

    Mateo ƒe Nyanyuia ta 25lia ƒe lododo ku ɖe ɖetugbi ewoawo ŋu la nye nusi ƒo nu nyuie tso Mɔkpɔlawo ƒe nuteƒekpɔkpɔ sia ŋuti. Le Mateo ta blaeve vɔ enelia me, esi nusrɔlawo wɔ biabia na Kristo ku ɖe eƒe tɔtrɔva kple xexeame ƒe nuwuwu-dzesi ŋuti la, eɖo eŋu heƒo nu na wo tso nudzɔdzɔ gãtɔ, siwo ava eme le xexeame kple hamea ƒe ŋutinyawo me, tso eƒe vava gbãtɔ yi ɖe evelia dzi; nudzɔdzɔ abe Yerusalem gbagbã, Hamea ƒe fukpekpe gã, si nye yometiti sesẽ, siwo me wòto le trɔsubɔlawo kple papa dziɖuɖua si me, ɣe kple ɣleti ƒe vivitídodo kpakple ɣletiviwo ƒe gege ɖe anyigba dzi ene. Eyi edzi ƒo nu tso eƒe vava le eƒe fiaɖuƒea me ŋuti, eye wòdo lo ku ɖe subɔlawo ƒe hatsotsoe eve, siwo le mɔ kpɔm na Aƒetɔ ƒe vava la ŋu. Ta 25lia dze egɔme kple nyati siawo: “Dziƒofiaɖuƒe la aɖi ɖetugbi ewo…” Afii wòƒo nu le tso nuwuwu ƒe Hame, si ƒe nya wògblɔ le ta 24lia ƒe vɔvɔnu ŋuti. Le lododo sia me la, etsɔ ɣeyiɣi sia ƒe kristotɔwo ƒe nuteƒekpɔkpɔ sɔ kple ɣedzeƒetɔwo ƒe srɔɖeɖe kɔnu ƒe ŋutinyaa ɖe.UGL 362.3

    “Elabena dziƒofiaɖuƒe la aɖi ɖetugbi ewo, siwo do go kple woƒe akaɖiwo bena yewoayi aɖakpe ŋugbetɔsrɔ. Eye wo dome ame atɔ̃ nye abunetɔwo, eye ame atɔ̃ hã nye aɖaŋudzelawo. Elabena abunetɔwo la wotsɔ woƒe akaɖiwo, ke wometsɔ ami kpe ɖe wo ŋuti o; ke aɖaŋudzelawo ya tsɔ ami de woƒe guiwo me kpe ɖe woƒe akaɖiawo ŋuti. Eye esi ŋugbetɔsrɔ̃ la tsi anyi la, wo katã wodɔ akɔlɔe, eye wodɔ alɔ. Ke le zãtitina la ɣli ɖi bena: Kpɔ ɖa ŋugbetɔsrɔ̃ la gbɔna! Mido go yi ɖakpee!”UGL 363.1

    Kristo ƒe tɔtrɔva, abe alesi mawudɔla gbãtɔ ɖe gbeƒãe ene la, ƒe dzesidenu enye “Ŋugbetɔsrɔ” la ƒe vava. Ɖɔɖɔɖo gã ƒe dɔ gã, si va eme le Kristo ƒe vava ƒe gbeƒãɖeɖea me la, sɔ kple ɖetugbi ewoawo ƒe azɔli. Le lododo sia me, abe le Mateo 24 me ke ene la, wole nu ƒom tso hatsotsoe eve ŋuti. Wo katã wotsɔ woƒe akaɖiwo, (si nye Biblia la) eye, le eƒe kekeli nu la, wodze mɔ yina Ŋugbetɔsrɔ̃ la kpe ge. Le esime ɖetugbi abunetɔwo le woƒe akaɖiwo tsɔm la, womedze ami kpe ɖe eŋu o, ke nunyalawo ya de ami guiwo me kpe ɖe woƒe akaɖiwo ŋu. (380) Nunyala siawo xɔ Mawu ƒe amenuveve, Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe ŋusẽ, si wɔa ame yeyee, si naa be Mawu ƒe Nya la zu akaɖi na woƒe afɔwo kple kekeli na woƒe toƒewo la. Be Nyateƒea nasu wo si la, wosrɔ̃ Ŋɔŋlɔawo le Mawu vɔvɔ̃ me, eye wodi woƒe dziwo kple agbe ƒe dzadzɛnyenye vevie le kutrikuku me. Wowɔ nuteƒekpɔkpɔ tɔxɛ kple Mawu, eye dziɖelameƒo sesẽ kple Aƒetɔ la ƒe megbetsitsi mate ŋu atsrɔ̃ woƒe xɔse ɖe Mawu kple eƒe Nya la dzi o. Ɖetugbi kemɛwo hã tsɔ woƒe akaɖiwo, gake womedze ami ɖe asi o. Wowɔ nu le dzoxɔxɔ ko me. Gbeƒãɖeɖe nyui, siwo wose la, nyɔ vɔvɔ̃ le wome, eye woziɔ ɖe woƒe zɔhɛwo ƒe xɔse ŋu, hekpɔ ŋudzedze le seselelãme nyuiwo ƒe kekeli, si menɔa anyi ɖaa o la, ɖeɖe ko ŋu, le Nyateƒea ƒe gɔmesese nyuie madi me, kple nuteƒekpɔkpɔ mawɔ kple amenuveve ƒe dɔwɔwɔ le dzi me la me. Wodo go yi Aƒetɔ la kpe ge le mɔkpɔkpɔ me na fetu, si woaxɔ enumake la me, ke womedzra ɖo na nuwo ƒe megbetsitsia ɖeke alo dziɖelameƒo ƒe nudzɔdzɔa ɖeke o. Ale wɔ be esi dodokpɔwo va la, woƒe xɔse lóló, eye woƒe kekeli la nu nɔ tsitsim.UGL 363.2

    Azɔ esi Ŋugbetɔsrɔ̃ la mele vavam kaba o la, wokatã yi ɖe alɔ̃ me. Ŋugbetɔsrɔa ƒe megbetsitsi le dzesi dem ɣeyiɣi, si wokpɔ mɔ na Aƒetɔ ƒe vava la ƒe nuwuwu, dziɖelameƒo kple nusi dze abe megbetsitsi ene la. Ke le kakaɖedzimanɔanyi ƒe gaƒoƒo sia me la, ame malikewo, afã-kple-afã ƒe nuwɔlawo ƒe dzo kple ŋutetewɔwɔwo ɖiɖi keŋkeŋ. Gake amesiwo ƒe xɔse nɔ anyi ɖe woƒe Biblia nyanya na wo ɖokuiwo dzi la, li ke ɖe agakpe, si dziɖeleameƒo ƒe yaƒoƒowo mate ŋu aʋuʋu o la dzi. Wokatã yi ɖe alɔ̃ me, le esime hatsotsoe ɖeka ziɔ ɖe eƒe xɔse ŋu, vɔvɔ̃ manɔmee, eye eveliawo le dzi gbɔm ɖi be kekeli, si kɔ wú la ava na yewo. Ke le dodokpɔ ƒe zã me la, hatsotsoe evelia ƒe dzolelé kple ɖokuitsɔtsɔna nɔ ɖiɖim. Gbɔgbɔ malikewo kple dzimadeblibo nuwɔlawo magate ŋu ziɔ ɖe wo nɔviwo ƒe xɔse ŋu o. Ele be amesiame nali ke ɖe eƒe xɔse dzi, alo wòadze anyi. Le ɣeyiɣi sia me, wɔwuiwɔwɔ dze ta dodo ɖa. Amea ɖewo, siwo ɖe wo ɖokui fia abe amesiwo lé dzo na gbedeasia ene la, gbe nu le Mawu ƒe Nya gbɔ abe Kristotɔ ƒe kplɔla, “vodada- manɔŋutɔ”, si mewɔa vɔ̃ o, ɖeka, si li la ene, (381) eye, le esime wobe Gbɔgbɔ kɔkɔe le yewo kplɔm la, wotsɔ woa ŋutɔwo ƒe seselelãme, nukpɔkpɔ kple susuɖeɖewo wɔ woƒe kplɔla. Wo dometɔa ɖewo tsɔ ŋkuagbã ƒe dzolelé le nu wɔgbɔemewo wɔm, eye wonɔ nya tsɔm ɖe amesiwo meda asi ɖe woƒe wɔnawo dzi o la ŋuti. To egbɔ be Mɔkpɔlawo ƒe akpa gãtɔ melɔ̃ ɖe woƒe susuwo kple nuwɔnawo dzi o hã, ame geɖewo tsri Nyateƒe la le woawo ɖeɖe ko ta.UGL 364.1

    Mɔ sia dzi Satana nɔa totom be yeaxe mɔ na Mawu ƒe dɔ la, ahatsrɔe ɖa. Mɔkpɔlawo ƒe nufiafiawo wɔ dɔ ɖe amewo dzi geɖe. Vɔwɔla akpeakpewo trɔ dzi me, eye nuteƒewɔla geɖewo hã tsɔ wo ɖokui de mawunya kaka dɔ la me le mɔkpɔkpɔ ɣeyiɣiawo me. Nuvɔ-fiavi la nɔ eyomedzela geɖewo búm, eye le eƒe didi be yeahe fɔbubu va Mawu ƒe dɔa dzi la, edze agbagba ble xɔsemeʋula geɖewo de nu wɔgbɔemewo wɔwɔ me. Egana hã be eƒe dɔwɔlawo nanɔ klalo be kasia amesiawo nawɔ vodadaa ɖe, adze nuvɔ̃ me alo awɔ nu madzɔmadzɔa ɖe la, woaɖe vodada sia fia, ana eƒe kpekpẽme nalolo wú alesi wòle la, eye woatsɔe aɖo dukɔa ƒe ŋku me be woakpɔ, ale be Mɔkpɔlawo kple woƒe xɔse la nanyɔ̃ ŋu na amewo. Ekem ne ate ŋu alé ame geɖe, siwo ƒe dzi dzí wòaɖu fia le, be woaʋu Mɔkpɔlawo ƒe xɔse me la, anɔ bɔbɔe nɛ be wòatsɔ amesiawo ɖo xexeame ƒe ŋku me abe Mɔkpɔla vavãwo ene, ahatsɔ nya ɖe wo ŋuti.UGL 365.1

    Satana enye “nɔviwo nutsola”, eye eƒe gbɔgbɔ ye nana be amewo dena xa ɖi na Mawuviwo ƒe gbegblẽa ɖe, ale be woaɖee fia le dutoƒo, le esime woŋena ŋku ƒua woƒe nyuiwɔwɔwo ya dzi. Ne Mawu le dɔ wɔm na luʋɔwo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ la, futɔ la hã nɔa eƒe ŋutetewo katã wɔm tsi tre ɖe eŋu. Esi Mawuviwo yi ɖe Mawu ƒe ŋkume la, Satana hã va nɔ wodome. Nenemae le ɖɔɖɔɖo ƒe ɣeyiɣiwo me la, etutuna dzimemakɔmakɔtɔwo kple susumade-blibotɔwo dea ɖɔɖɔɖowɔlawo dome. Ke ne amesiawo xɔ nyateƒea ƒe akpaa ɖe, eye wokpɔ mɔ le xɔsetɔwo dome la, ewɔa dɔ toa amesiawo dzi hena susu, siwo nye afɔku na ŋudzɔmanɔlawo la vɛ. Menye amea ɖe kpɔkpɔ le Mawu ƒe dukɔ la dome, eɖanye le gbedoxɔ me, alo le Nuɖuɖu kɔkɔe kplɔ̃ ŋu la, koe nye kakaɖedzi be amesia nye kristotɔ vavã o. Satana nɔa afima edziedzi, le ɣeyiɣi veviewo ke me hã, le amesiwo wòate ŋu atsɔ wɔ eƒe dɔwɔnuwo la ƒe nɔnɔme me. (382)UGL 365.2

    Vɔwɔwɔfiavi la ʋlina anyigba ƒe kakɛ suɛ, si ko dzi Mawu ƒe dukɔa aɖo afɔ le eƒe mɔzɔzɔ me ɖo ta dziƒo la, kplii vevie. Le Hamea ƒe ŋutinya katã me la, womese kpɔ be wowɔ ɖɔɖɔɖoa ɖe, si Satana metsi tre sesiẽ, tsɔ mɔxenu geɖewo tso mɔ na mawuviwo o. Nenema wònɔ le Paulo ŋɔli. Afisiafi si, wòɖo Hamea ɖe anyi le la, xɔsemeʋulaa ɖewo tsia tre hea nu dadawo dea wo dome, nudadafiafia, siwo, nenye be woxɔ wo la, atsrɔ̃ lɔlɔ̃ na nyateƒea le wo me katã la. Luther hã to vevesese kple tɔtɔtɔtɔ geɖe me tso wɔwuiwɔla, siwo be Mawu ƒo nu na yewo ŋutɔ ŋkume kple ŋkume la, eye wotsɔ woawo ŋutɔ ƒe susuɖeɖe kple nukpɔkpɔwo ɖo Ŋɔŋlɔawo ƒe ɖaseɖiɖi vavãwo ta me la, ƒe asi me. Ame geɖe, siwo si xɔse mele o, siwo mewɔ nuteƒekpɔkpɔa ɖeke kpɔ o, gake wonye ɖokuiŋudzela gã, siwo lɔna nu yeyewo sese kple gbɔgblɔ la, ge dze nufiala yeye siawo ƒe beble me, eye wowɔ ɖeka kple Satana ƒe ŋudɔwɔnuwo hena dɔ, si Mawu na Luther be wòawɔ la gbagbã. Nenema kee wònɔ na nɔvi Wesleywo kple Mawu ƒe dɔtsɔla bubuwo hã, siwo nye yayra na xexeame to woƒe xɔsedɔwo me, be woaʋli kple Satana ƒe aɖaŋu vɔɖi, siwo tutuna ame dzimemakɔmakɔtɔwo kple gbɔgbɔ malikewo dena nu wɔwui vovovowo wɔwɔ me.UGL 365.3

    William Miller hã mekpɔa ŋudzedzea ɖeke le nɔnɔme, si kplɔa ame yia wɔwui wɔwɔ me o. Egblɔna, abe Luther ke ene, be ele be woado gbɔgbɔwo katã kpɔ kple Mawu ƒe Nya la. Miller be: “Le míaƒe ŋkeke siawo me la, Abosam ɖu fia ɖe amea ɖewo ƒe gbɔgbɔ dzi geɖe. Ekem aleke míate ŋu awɔ adze si gbɔgbɔ, si le wo ʋanyam? Biblia ɖo biabia sia ŋuti: «Miadze si wo to woƒe kutsetsewo me.” Gbɔgbɔ vovovo geɖewo le xexeame, eye woabia tso mía si be míado wo akpɔ. Esi makplɔ mí yi ɖe bɔbɔenyenye, dzɔdzɔenyenye kple kɔkɔenyenye ƒe agbenɔnɔ gbɔ le xexe sia me o la, menye Kristo ƒe Gbɔgbɔ o. Mele kakam ɖe dzi sesiẽ azɔ be Satana ye le megbe na nudzɔdzɔ masegɔmena, siwo le eme vam fifia la. Ame geɖewo le mía dome, siwo nɔ kɔkɔenyenye ƒe adegbe ƒom, gake wolé ɖe amegbetɔwo ƒe numamewo ŋuti, hele dzedzem abe amesiwo menya Nyateƒe la o, abe ame mamlɛawo ke ene.- Bliss, p. 236, 237.- (383) Nudadafiafia ƒe gbɔgbɔ tèa mí ɖa tso Nyateƒe la gbɔ le esime Mawu ƒe Gbɔgbɔ kplɔa mí yia Nyateƒe la mee. Ke ne nebe amea ɖe ate ŋu anɔ vodada me vɔ wòanɔ xɔxɔm se be yele Nyateƒe la me ɖee, alekee? Míaƒe ŋuɖoɖoa koe nye be Mawu ƒe Gbɔgbɔ kple eƒe Nya la wɔa ɖeka godo. Ne amea ɖe drɔ̃ ʋɔnu eɖokui kple Mawu ƒe Nya la, eye wòkpɔ be yewɔ ɖeka kplii blibo le eƒe gowo katã me la, ekem nexɔe se be yele Nyateƒe la me. Ke ne ekpɔ be ɖekawɔwɔ mele gbɔgbɔ, si le yekplɔm kple Mawu ƒe Se blibo la, alo kple eƒe Ŋɔŋlɔ̃ kɔkɔea katã dome o la, ekem ele nɛ be wòalé ŋku nyuie ɖe eƒe azɔli ŋu be magadze abosam ƒe mɔtetre me o.- The Advent Herald and Signs of the Times Reporter, vol. 8, No 23, January 15 1845.- Edziedzi la, mekpɔa dzi me ƒe mawusosroɖa vavã ƒe dzesi le ŋkuviwo ƒe keklẽ, mo, si ƒo aɖatsi, kple dzi ƒe ɣlidodo, si dzi womía nu ɖo la me, tsɔ wú kristotɔ dukɔa katã ƒe howɔwɔwo me.” —Bliss, p. 282-UGL 366.1

    Le Reformatio ŋkekewo me la, eƒe futɔwo tsɔ nya ɖe ɖɔɖɔɖowɔla, siwo ho aʋa sesiẽ ɖe wɔwui kple nu wɔgbɔemewo wɔwɔ ŋuti la, be woawo boŋ enye nusiawo wɔlawo. Nenema kee nye Mɔkpɔlawo ƒe futɔwo hã ƒe wɔnawo ɖe wo ŋuti. Menye ɖe ko wonaa be wɔwuiwɔlawo ƒe vodadawo nagasɔ gbɔ ɖe edzi wú alesi wole la o, ke wotsɔa amegblẽnya geɖe, siwo mesɔ ɖe nyateƒea ɖeke ŋu o la, hã kpena ɖe wo ŋu. Nusi koe le amesiawo tutum la enye Mɔkpɔlawo ƒe gbedeasiawo malɔ̃ kple fuléle woamawo. Gbeƒã ɖeɖe Kristo ƒe vava, si tu aƒe la, nye nusi ʋuʋu wo le woƒe ŋutifafa me. Wonɔa vɔvɔm be to gbɔ be yewomedi Aƒetɔ la ƒe vava o hã, ate ŋu ava eme. Esia tae woho aʋa ɖe Mɔkpɔlawo kple woƒe xɔsea ŋuti ɖo.UGL 367.1

    Ke wɔwuiwɔlaa ɖewo ƒe gege ɖe Mɔkpɔlawo dome menye taflatsɛ nyuitɔ be woaxɔe se be woƒe azɔli la metso Mawu gbɔ o, abe alesi ko wònye be wɔwuiwɔlawo kple nuwɔgbɔeme wɔlawo ƒe Hamea me nɔnɔ le Apostolo Paulo ŋɔ̃li me, alo le Luther ƒe ɣeyiɣi me hã, mewɔ be woatsi tre ɖe woƒe dɔwo ŋuti o ene. Esu ko be Mawu ƒe viwo nafɔ tso woƒe alɔ̃dɔdɔ̃ me, eye woadze vevesese ɖe nuvɔ̃wo ta kple ɖɔɖɔɖodɔ vavãa ɖe gɔme; be woadze Ŋɔŋlɔ̃awo me kuku ale be yewoake ɖe nyateƒe la ŋuti abe alesi wòle le Kristo me ene; be woatsɔ wo ɖokui na Mawu blibo; ekem míake ɖe eŋu kple kakaɖedzi be Satana hã anɔ dɔ dzi vevie. (284) Aƒo eƒe dɔla vɔ̃ɖiwo katã nu ƒu ɖe eɖokui ŋu hena eƒe beble ŋusẽ dɔwɔwɔwo katã ɖeɖe ɖe go.UGL 367.2

    Menye gbeƒãɖeɖe Kristo ƒe tɔtrɔva ye he wɔwui kple nu wɔgbɔemewo wɔwɔ vɛ o. Gbegblẽ siawo do ta ɖa le ƒe 1844 ƒe dzomeŋɔli, le esime Mɔkpɔlawo ge ɖe ɖikeke kple tɔtɔtɔtɔa ɖe ku ɖe woƒe nɔnɔme, si me wova ɖo la ŋuti. Mawudɔla gbãtɔa ƒe gbedeasi kple “Zãtitina ɣli” la ƒe gbeƒã woenye nusiwo tsi tre tɛ̃ ɖe wɔwui kple mamã, alo nɔvigɔmemase ŋuti. Amesiwo kpɔ gome le dɔ kɔkɔe sia wɔwɔ me la nɔ ɖekawɔwɔ kadedea ɖe me. Woƒe dziwo yɔ kple lɔlɔ̃ na wo nɔewo kple na woƒe Ɖela, si wonɔ lalam la. Xɔse ɖeka kple yayra mɔkpɔkpɔ ɖeka nye ŋusẽ, si do wo ɖe dzi ƒo ta na amegbetɔ ƒe ŋusẽwo katã, eye wòganye akpoxɔnu na wo ɖe Satana ƒe aŋutrɔwo ŋuti.UGL 368.1

    Ke esi ‘Ŋugbetɔsrɔ̃ la mele vavam kaba o la, alɔ̃ dze wo katã tsɔtsɔ me, eye womlɔ anyi yi ɖe alɔ̃ me. Le zã titina la, ɣli ɖi be: “Mikpɔ ɖa! Ŋugbetɔsrɔ̃ la gbɔna. Mido go va kpee! Ɖetugbuiawo katã fɔ, tsi tre, hedzra woƒe akaɖiawo ɖo. (Mateo 25: 5-7) . Le ƒe 1844 ƒe dzomeŋɔli, le ɣeyiɣi, si le ŋkeke, si woxɔɛ se gbã, be enye ŋkeke 2300 ƒe nuwuwu kple ƒe ma ke ƒe nukuxayi dome ƒe mamãme tututu la, woɖe gbeƒã gbedeasi sia le Ŋɔŋlɔawo ƒe nyatiwo nu pɛpɛpɛ: “Mikpɔ ɖa! Ŋugbetɔsrɔ̃ la gbɔna…”UGL 368.2

    Wowɔ afɔɖeɖe sia esi woke ɖe eŋu be fia Ahasuerus ƒe sedede ku ɖe Yerusalem ƒe tutu ɖo ŋuti, si nye gɔmedzedze na ŋkeke 2300awo la, dze dɔwɔwɔ gɔme le ƒe 457 do ŋgɔ na Kristo, ƒe nukuxayi, ke menye le ƒea ƒe gɔmedzedze me abe alesi woxɔɛ se gbã la ene o. Ekem ne wodze ƒe 2300 xexlẽ gɔme tso ƒe 457 do ŋgɔ na Kristo ƒe nuxayi dzi la, awu nu le ƒe 1844 le Kristo megbe ƒe nuxayi.UGL 368.3

    Nugɔmeɖeɖe, si woɖe tso Nubabla Yeyea ƒe dzesiwo me la, hã ɖee fia be nusi ŋu wonɔ nu ƒom le abe gbedoxɔa ŋukɔkɔ ene la, ava eme le nuxaɣi. Ke eme ga kɔ ƒãa wú ne wolí ŋku ɖe alesi nusiwo nye dzesi na Kristo ƒe vava zi gbãtɔa la kpɔ womevava.UGL 368.4

    Ŋutitoto-Lẽvi wuwu ƒe kɔnu la nye vɔvɔli na Kristo ƒe ku. Apostolo la gblɔ be: “…Wowu míaƒe Ŋutitotolẽvi, si nye Kristo la hã”. (Korinto I, 5:7) . Nukuŋeŋẽ gbãtɔ, siwo wotsɔ vaa Yehowa ŋkume le Ŋutitoto ŋkekenyuia dzi la, enye dzesi na Kristo ƒe tsitretsitsi. Le eƒe nuƒoƒo tso Kristo ƒe tsitretsitsi ŋuti kple eƒe nusrɔlawo katã hã tɔ ŋuti me le nuwuwu la, Apostolo Paulo gblɔ bena Kristo ƒe tsitretsi enye ŋgɔgbetɔ alo gbãtɔ: “...Gbãtɔ enye Kristo; emegbe la, amesiwo le Kristo me le eƒe vavagbe la.” (Korinto. 15: 23). Abe nuku ɖiɖi gbãtɔwo ƒe ŋeŋẽ do ŋgɔ na nuŋeŋẽ gã la ene la, Kristo enye Nuŋeŋẽ gbãtɔ na ɖeɖekpɔlawo ƒe nuŋeŋẽ mavɔ, siwo woaƒo ƒu ɖe Aƒetɔ la ƒe avawo me le tsitretsitsi ŋkeke, si gbɔna la dzi.UGL 368.5

    Dzesi sia kpɔ emevava, menye abe nudzɔdzɔ ko ene o, ke le eƒe ŋkeke ɖoanyi la hã dzi. Le Yudaviwo ƒe ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienelia dzi, ɣleti kple ŋkeke, si dzi tututu, le ƒe alafa wuiatɔ̃ sɔŋ me wowua Ŋutitotolẽvi la le la, Kristo ŋutɔ, esi wòɖu Ŋutitotolẽvi la kple nusrɔlawo vɔ la, egaɖo azã sia be wòanye ŋkuɖodzizã na ye ŋutɔ ƒe ku abe “Mawu ƒe Alẽvi, si tsɔ xexeame ƒe nuvɔwo yii ene.” Zã ma me kee vɔwɔla ŋutasẽlawo lée hena etsɔtsɔ sa vɔe le atitsoga ŋuti. Alea ye, abe nu vavã la ŋutɔ, si nukuŋeŋẽ gbãtɔ ƒe kɔnu la nye dzesi na ene la, Kristo fɔ tso ame kukuwo dome le ŋkeke etɔlia dzi, “…eye wòzu amesiwo dɔ alɔ̃ la dome ŋgɔgbetɔ.” (Korinto. I, 15:20) ; eganye kpɔɖeŋu ku ɖe ame dzɔdzɔe, siwo atsi tsitre, siwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔŋutilã woatrɔ, wòaɖi eƒe ŋutikɔkɔeŋutilã la, “amesi aɖuɖɔ miaƒe bɔbɔɖeanyiŋutilã ƒe nɔnɔme, bene wòaɖi eƒe ŋutikɔkɔeŋutilã…” (Filipi. 3:21) .UGL 369.1

    Nenema kee dzesidede ku ɖe eƒe tɔtrɔva ‘ŋuti la hã akpɔ emevava le azã, si ŋu dzesidekɔnuwo ƒo nu le la ŋuti. Le Mose ƒe ɣeyiɣiwo me la, gbedoxɔ ŋutikɔkɔ alo, avuléŋkeke gã ƒe kɔnu la vana me le Yudaviwo ƒe ƒe ɣleti adrẽlia ƒe ŋkeke ewolia dzi, (Mose III, 16: 29-34) le esime Nunɔlagã le eƒe avulélé ɖe Israel dukɔa ta kple woƒe nuvɔwo kɔklɔ ɖa le gbedoxɔa me megbe la, doa go, eye wòyrana dukɔ la. Woxɔe se be Kristo hã, abe míaƒe Nunɔlagã ene la, avakɔ anyigba la ŋuti to nuvɔ̃ kple vɔwɔlawo tsɔtsrɔ̃ me, eye wòatsɔ makumakunyenye ana amesiwo le elalam la. Yudaviwo ƒe ɣleti adrẽlia ƒe ŋkeke ewolia, si nye avuléŋkeke gã la, gbedoxɔŋukɔkɔ ŋkekea le ƒe 1844 me la dze Oktoba ɣleti la ƒe ŋkeke 22 lia dzi, eye wobui be anye Aƒetɔ ƒe tɔtrɔva ŋkeke la. …Susu sia wɔ ɖeka kple nusiwo ŋuti woke ɖo kple kakaɖedzi, si ŋu woƒo nu le vayi, be ŋkeke 2300awo va nuwuwu le ƒe 1844 ƒe nuxaɣi, eye taƒonya ɖeka ma dzi ko kakaɖedzi le.UGL 369.2

    Le Mateo 25 ƒe lododoa me la, nusi kplɔ ɣeyiɣi, si wonɔ mɔ kpɔm na Aƒetɔ la kple alɔdɔdɔa ɖo la, enye Ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe vava. Esia hã wɔ ɖeka kple nugɔmeɖeɖe, si ŋu mieƒo nu le fifilae la, si nɔ anyi ɖe Nyagblɔɖi la kple dzesidekɔnuwo dzi. Nusiawo katã nye nusiwo de dzi ƒo ŋutɔ na Mɔkpɔlawo, ale be xɔsetɔ akpeakpewoe de asi “zã titina ƒe Ɣli” la dodo me.UGL 370.1

    Abe alesi atsiaƒu ɖɔna gbagbana ene la, gbeƒãɖeɖea xɔ afisiafi, tso du gã me yi ɖe du gã me, kɔƒe yi kɔƒe me, kple didiƒewo keŋ, ale be mawuviwo katã nyɔ, henɔ klalo.UGL 370.2

    Nuwɔgbɔemewo katã bú keŋ, abe alesi zãmu buna le agudzedze nu ene. Xɔsetɔwo katã ƒe ɖikekewo kple tɔtɔtɔtɔwo nu tso keŋ. Mɔkpɔkpɔ kple dzideƒo yeye gbɔ agbe woƒe dziwo. Wɔwui kple nutovo, siwo gena edziedzi ɖe amegbetɔ ƒe dzolelé, si dzi Mawu ƒe Nya kple eƒe Gbɔgbɔ meɖo asi o la, mekpɔ teƒe le dɔ gã sia me o. Wɔnawo sɔ kple blema Israelviwo ƒe ɖokuibɔbɔ kple tɔtrɔ ɖe Mawu ŋuti, siwo kplɔna eƒe subɔlawo ƒe mokanya kple nyanyanana gbedeasiwo ɖo la. Dzesi, siwo nɔa dɔwɔwɔ, si dzi Mawu da asi ɖo le dzidzimewo katã me la, nɔ Mɔkpɔlawo ƒe dɔwɔwɔwo ŋuti. Ɖokuimedzodzro, nuvɔgɔmeʋuʋu kple ɖeɖeɖa le xexeame ŋuti xɔ dzidzɔkpɔkpɔ vivivo teƒe le wo me. Dzadzraɖo na Aƒetɔ la kpekpée nye dzi, siwo me vɔvɔ̃ le la, ƒe taɖodzinu gbãtɔ. Woku kutri le gbedodoɖa kple ɖokuitsɔtsɔ na Mawu blibo me.UGL 370.3

    Le eƒe nuƒoƒo tso woƒe azɔlia ŋu me la, Miller gblɔ be: “Dzidzɔkpɔkpɔ gã ɖeɖefiaa ɖeke menɔ anyi o. Ɖe ko wònɔ abe wotsɔe da ɖi na asinukpɔ-kpɔ, si gbɔna la, esime dziƒo kple anyigba la katã woawɔ ɖeka le ŋutikɔkɔe ƒe dzidzɔ manyagblɔa ɖe me. Aseyetsoɣlia ɖeke meɖi le wo nu o, elabe wogblẽ eya hã ɖi na dziƒo ƒe dziɖuɖu gã la. Hadzilawo zi ɖoɖui hele lalam kpɔ gbesigbe woakpe ɖe dziƒoʋakɔwo, mawudɔlawo ƒe hadzihawo ŋuti… Mamã alo nyahehe ƒe nyaa ɖeke meɖi le wo nu o, elabe wo katã wonye dzi ɖeka kple luʋɔ ɖeka.” —Bliss, p. 278, 271.UGL 370.4

    Ame bubua ɖe, si hã kpɔ gome le Mɔkpɔlawo ƒe mɔzɔzɔ sia me la, wɔ daseɖiɖi sia be: “Le afisiafi, ɖokuimeyiyi kple luʋɔ ƒe ɖokuibɔbɔ bliboa ɖe va amewo me. Woɖe asi le lɔlɔ na xexemenuwo katã ŋuti, eye dzrehehe kple fuleléwo nu tsi. Wonɔ nuvɔwo me ʋum, nɔa ɖokuibɔbɔm le Mawu ŋkume, eye wonɔa kukuɖeɖe dzi vevie, henɔa dziƒo ƒe nuvɔtsɔtsɔke kple amenuveve biam kple dzi blibo. Dzi gbagbã kple bɔbɔenyenye nɔ dzedzem le ame geɖewo ŋu, si tɔgbi meva me kpɔ o. Abe alesi Yehowa bia to Nyagblɔɖila Yoel dzi, ku ɖe Mawu ƒe ŋkeke la ƒe vava kpuie ŋu ene la, gbedeasiawo na amewo dze woƒe dziwo, ke menye woƒe awuwo o, eye wotrɔ ɖe Mawu ŋu kple ŋutsitsidɔ, aɖatsi kple dzodzonyanyanya. Abe alesi Mawu gblɔe to Zaxaria dzi ene la, Yehowa kɔ amenuveve kple kokoƒoƒo ƒe Gbɔgbɔ ɖe viawo dzi. Wotrɔ kpɔ Amesi woƒo nu ɖo la, eye avifafa geɖe nɔ du la me. Amesiwo nɔ mɔ kpɔm na Aƒetɔ la dze woƒe luʋɔwo le eŋkume.” —Bliss, in The Advent Shield and Review, vol. 1 p. 271, January 1845.-UGL 371.1

    Le kristotɔwo ƒe mɔzɔzɔ gã gã, siwo va me, tso Apostolowo ŋɔli me ke la, ɖeke ŋu mekɔ tso amegbetɔ ƒe blibomade kple Satana ƒe beblewɔnawo gbɔ wú esi va eme le ƒe 1844 me la o. Le egbe ŋkekewo me, ƒe geɖewo yome ŋutɔ gɔhã la, amesiwo kpɔ gome le azɔli sia me, eye wogasusɔ lí ke le Nyateƒe la me la, gale mɔzɔzɔ sia ƒe seselelãme yayrawo sem le wo ɖokui me, eye woganɔa ɖase ɖim be Mawu gbɔ wòtso vavã.UGL 371.2

    Esi ɣli la ɖi be: “Ŋugbetɔsrɔ̃ la va ɖo, mido go ɖakpee” la, wotsi tsitre, dzra woƒe akaɖiwo ɖo” wosrɔ̃ Mawu ƒe Nya kple veviedodo, si womenya kpɔ ɣemaɣi o la. Wodɔ dziƒodɔlawo ɖoɖe amesiwo le gbɔdzɔgbɔdzɔm la be woakpe ɖe wo ŋu na gbedeasi la xɔxɔ. Dɔ la meyi edzi to amegbetɔ ƒe nunya kple aɖaŋu me o, ke le Mawu ƒe ŋusẽ me boŋ. Menye amesiwo si nunana ɣeɖewo le lae o, ke boŋ amesiwo nye bɔbɔenyenyemewo kple esiwo sroa Mawu ɖa la woenye ame gbãtɔ, siwo xɔ nya la heɖo toe lae. Agbledelawo gblẽ woƒe luwo ɖe agblewo dzi, asinudɔwɔlawo gblẽ dɔwɔƒewo ɖi hetsɔ gbedeasi la yi na amewo le aɖatsi kple dzidzɔ me. Amesiwo xɔ ŋgɔ na dɔ la le gɔmedzedzea me la woenye ame mamlɛ, siwo wɔ ɖeka kplii le nuwuwu. Hamewo katã kloe tu woƒe ʋɔtruwo ɖe gbedeasi sia, ale be ele na hamevi, siwo xɔe la be woado go le woƒe hame vovovoawo me. Le Mawu ƒe amenuveve me la, gbeƒã sia wɔ ɖeka kple mawudɔla evelia ƒe gbedeasi la, ale be dɔ la gakpɔ ŋusẽ kple ŋgɔyiyi geɖe.UGL 371.3

    Ɣlidodo, si ɖi be: “Ŋugbetɔsrɔ̃ la va ɖo” la, menye numeɖeɖe ƒã ƒe nya wònye o, to gbɔ be Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa, siwo ɖo kpe edzi la me kɔ nyuie hã, elabe ŋusẽa ɖe kplɔ ɣli la ɖo, si ʋuʋu amewo ƒe dzi. Ɖikekea ɖeke, alo nugɔmebiasea ɖeke menɔ anyi o. Le Yesu ƒe gbɔlɔlɔ ge ɖe Yerusalem-dua me me la, ameha gãa ɖe, siwo tso duta vovovowo la, lɔ hoo yi ɖe Amito la dzi ɖa wɔ ɖeka kple amesiwo nɔ gbɔ lɔm kplii la, eye woawo hã de asi ɣlidodo me kpli wo be: “Yayratɔ enye Amesi gbɔna le Aƒetɔ la ƒe Ŋkɔ me.” (Mateo 21:9). Nenema kee dzimaxɔsetɔ, siwo hã nɔ agbɔsɔsɔ me yi ɖe Mɔkpɔlawo ƒe ƒuƒoƒewo, eye wodometɔa ɖewo nye ŋkusitsalawo ɖeɖe ko, alo ɖe fewuɖuɖu ƒuƒlu ko ŋuti la, de dzesi Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe dɔwɔwɔ ƒe megbenɔnɔ na ɣlidodo la: “Ŋugbetɔsrɔ̃ la va ɖo…”UGL 372.1

    Le ɣemawoɣi la, xɔse, si xɔa ŋuɖoɖo na gbedodoɖa, xɔse, si kuna ɖe fetu ƒe ŋugbedodowo ŋu la, le amewo si. Abe alesi tsi dzana ɖe kuɖiɖinyigba dzi ene la, amenuve Gbɔgbɔ la kɔ ɖe amesiwo nɔ edim kple dzi vavã la dzi. Amesiwo nɔ mɔ kpɔm be kpuie la, yewoakpɔ yewo Ɖela ŋkume kple ŋkume me la yɔ kple dzidzɔ manyagblɔa ɖe. Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe ŋutifafa kple bɔbɔenyenye ƒe ŋusẽ, si wɔa ame kɔkɔe la, lólo dziwo, elabe eƒe tsidzadza yayra la dudu kɔ ɖe xɔsetɔ nuteƒewɔla dzi le agbɔsɔsɔ me.UGL 372.2

    Amesiwo xɔ gbedeasi la nɔ azɔli dzi le kɔkɔewɔwɔ ƒe ɖokuimeyiyi me vaseɖe ŋkeke, si woxɔe se be yewoado go yewoƒe Ɖela le la dzi. Ŋdi sia ŋdi, wokpɔna be dɔdeasi wònye be yewoawɔ nusi ana kakaɖedzi be Mawu le ŋudzedze kpɔm le yewo ŋu. Wonɔ ɖekawɔwɔ kplikplikpli me, henɔa gbe dom ɖa kple wonɔewo ɖe wonɔewo ta. Woɖea wo ɖokui ɖe aga na ɖekawɔwɔ kple Mawu, eye woƒe gbedodoɖawo nɔ dzi dem ɖo ta dziƒo tso agblewo kple gbadzaƒewo me. Mawu ƒe ŋudzedze kpɔkpɔ le wo ŋu nɔ vevie na wo wú woƒe gbesiagbe nuɖuɖu gɔhã, eye ne vivitia ɖe tsyɔ̃ woƒe gbɔgbɔ dzi la, wome gbɔna ɖe me o vaseɖe esime wòɖee ɖa keŋkeŋ. Esi wose alesi tsɔtsɔke ƒe amenuveve nɔ dɔ wɔm le wo me la, menɔ tsɔtsɔm na wo kaba be yewoado go Amesi nye woƒe lɔlɔtɔ la o.UGL 372.3

    Ke dziɖelameƒoa ɖe gale ŋgɔ na wo. Ŋkeke, si dzi wonɔ mɔ kpɔm be wòava le la, vayi, eye wo Ɖela la meva o. Wonɔ elalam kple kakaɖedzi maʋãmaʋã, ke esi meva o la, woawo hã se veve, si Maria se, esi wòyi ɖe Ɖela ƒe yɔdo la to, eye wòkpɔ be ele ƒuƒlu la; efa avi, do ɣli be: “..Wotsɔ nye Aƒetɔ la yii, eye nyemenya afisi wodae ɖo o.” (Yohanes 20:13)UGL 373.1

    Ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ bena nya, si wonɔ gbeƒã ɖem la, ate ŋu anye nyateƒe la, na be dzimaxɔsetɔwo he ɖe megbe, heɖe asi le vɔwɔwɔ ŋu ɣeyiɣia ɖe. Ke esi azã la ɖo, eye nusi vɔm wonɔ meva eme o la, womedzudzɔ vɔvɔ̃ enumake o. Womedi be yewoakpɔ dziɖuɖu dzidzɔ ɖe xɔsetɔwo ƒe dziɖelameƒo la dzi haɖe o. Ke esi womele Mawu ƒe dɔmedzui dzesia ɖeke kpɔm o la, woɖe asi le woƒe vɔvɔ̃ ŋu, eye wogadze woƒe gbɔɖiame nyawo kple fewuɖuɖuwo gɔme. Ame geɖe, siwo ʋu Kristo ƒe tɔtrɔva ƒe xɔse me la, bú woƒe xɔse sia. Geɖe bubu, siwo me kakaɖedzi sesẽ nɔ la, xɔ abi le woƒe amenyenye ƒe dada me, eye wònɔ na wo abe ɖee woasi ɣla ɖe xexeame ene. Abe Yona ene la, wotsɔ nya ɖe Mawu ŋuti, eye wodi ku wú agbe gɔhã. Amesiwo tu woƒe xɔse ɖe ame bubuwo ƒe nukpɔkpɔ dzi tsɔ wú Mawu ƒe Nya dzi la, ga le klalo fifia be yewoagaɖɔ li yewoƒe nukpɔkpɔwo abe tsã ene. Fewuɖulawo ƒo ƒu vɔvɔnɔtɔwo ɖe wo ɖokui ŋu, eye wowɔ ɖeka hele gbɔgblɔm be naneke meli be woagavɔ̃ na, alo woakpɔ mɔ na o. Azã la va yi, eye Aƒetɔ la meva o, ke xexeame agate ŋu anɔ nɔnɔme sia me le ƒe akpewo me.UGL 373.2

    Xɔsetɔ nuteƒewɔlawo ɖe asi le nusianu ŋuti le Kristo ta, eye wokpɔ gome le eƒe amegbɔnɔnɔ me kple vivisese, si womese kpɔ o la. Le woƒe susu me la, yewo na nyanya gbedeasi mamlɛa xexeme la, eye le esime wonɔ mɔ kpɔm be kpuie la, woaxɔ yewo ɖe Aƒetɔ la kple eƒe dɔla kɔkɔeawo ƒe asaɖa me la, woɖe wo ɖokui ɖe aga tso amesiwo gbe gbedeasi la xɔxɔ gbɔ. (390) Wodo gbe ɖa kple veviedodo gblɔ be :“Va, Aƒetɔ Yesu, va kaba!” Gake meva o. Ke ele na wo be woagade ta woƒe agbawo kple xexeme ƒe kuxiwo té, akpa ŋgɔ xexe sia me ƒe fewuɖuɖu kple gbɔɖiamewo. Esia ganye woƒe xɔse kple dzigbɔɖi ƒe dodokpɔ gãa ɖe.UGL 373.3

    Gake woƒe dziɖelameƒo sia mesɔ kple Kristo ƒe nusrɔ̃lawo tɔ le eƒe vava zi gbãtɔ ƒe ɣeyiɣi me o. Le Yesu ƒe gbɔlɔlɔ ge ɖe Yerusalem me la, eƒe nusrɔ̃lawo xɔe se be ɣeyiɣi la ɖo azɔ be wòayi ɖe Dawid ƒe fiazikpui la dzi, eye wòaɖe Israel le amedziɖulawo si me. Woƒe dziwo yɔ kple dzidzɔ mɔkpɔkpɔ gãa ɖe eye wotsɔ dzo tɔxɛ le nusianu wɔm na bubudede woƒe Fia la ŋuti. Ame geɖewo ɖo woƒe awuwo ɖe anyigba, eye bubuwo da debayawo ɖe eŋgɔ be wòazɔ edzi. Le woƒe xɔse ƒe dzolélé sia me la wo katã le aseye tsom be : “Hosiana na Dawid-Vi la!” Esi Farisitɔwo le dzidzɔɣli sia sem kple dziku, eye wobia tso Yesu si be wòagbee na amehawo la, eɖo eŋu na wo be: “Mele egblɔm na mi bena ne amesiawo zi kpi la, kpewo ado ɣli.” (Luka 19:40). Nyagblɔɖi la ava me godo. Nusrɔ̃lawo ƒe wɔna nye nusi Mawu ŋutɔ ɖo ɖi be wòava me la. Gake dziɖelameƒo gãa ɖe, si womenɔ mɔ kpɔm na o la, le ŋgɔ na wo gbɔna kpuie. Ŋkeke via ɖewo megbe koe wònɔ na wo be woakpɔ Ɖela ƒe ku le vevesese gãa ɖe me kple etsɔtsɔ de yɔdo me teƒe. Nusi lalam wonɔ la meva me o, eye woƒe mɔkpɔkpɔwo bú keŋkeŋ kple Yesu ƒe ku la. Esi Aƒetɔ la tsi tsitre tso yɔdo me megbe hafi ko wovase egɔme be nyagblɔɖiawo ŋlɔ̃e ɖi xoxo be ele be Kristo nakpe fu yi ku me, eye wòafɔ kple dziɖuɖu. (Dɔw. 17:3)UGL 374.1

    Ƒe alafa atɔ̃ do ŋgɔ, Aƒetɔ la gblɔ to Nyagblɔɖila Zaxariya dzi be: “Zion nyɔnuvi, kpɔ dzidzɔ vevie, Yerusalem-nyɔnuvi, tso aseye! Kpɔ ɖa, wò Fia gbɔna gbɔwò, dzɔdzɔetɔ kple xɔnametɔ wònye, eye wòdo tedzi kple tedzivi, si nye tedzinɔ ƒe vi.” (Zax. 9:9). Nenye be ɖee wònɔ susu me na nusrɔlawo be yewoƒe Aƒetɔ la yina ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ kple ku gbɔ la, anye ne womewɔ ɖe nyagblɔɖi sia dzi o.UGL 374.2

    Nenema kee Miller kple eƒe hadɔwɔlawo hã wɔ ɖe nyagblɔɖiawo dzi, heɖe gbeƒã gbedeasi, si ɖeɖefia la gblɔ ɖi be woaɖe afia xexeame, gake womagblɔe kpɔ, nenye be ɖee wose egɔme tututu be woƒe dziɖelameƒo ƒe nya gblɔm wole gbã, hele asi fiam gbedeasi bubu, si woagblɔ na dukɔwo katã hafi Aƒetɔ la natrɔva la o. Wogblɔ mawudɔla gbãtɔ kple evelia ƒe gbedeasiawo fia le woƒe ɣeyiɣi, si woɖo ɖi la, eye wowɔ dɔ, si Mawu ɖo na wo la.UGL 375.1

    Xexeame kpɔ alesi nuawo va yie, eye wonɔ mɔ kpɔm be Mɔkpɔlawo ƒe ƒuƒoƒo kple ɖoɖowo akaka keŋ, nenye be ɣeyiɣiawo vale yiyim, eye Aƒetɔ la meva o la. Gake le esime ame geɖewo ɖe asi le woƒe xɔse ŋu le dodokpɔ sesẽwo ŋgɔ la, geɖe bubuwo li, siwo lí ke goŋgoŋ. Mɔkpɔlawo ƒe azɔlia ƒe kutsetsewo, siwo nye bɔbɔenyenye, dzimetɔtrɔ kple nugbegbe le xexeame gbɔ ƒe gbɔgbɔ, kpakple agbenɔnɔ ƒe ɖɔɖɔɖo, siwo kplɔ woƒe dɔwɔwɔ ɖo la, ɖi ɖase be Mawu gbɔ wòtso. Wokpɔ be yewomate ŋu agblɔ be Gbɔgbɔ Kɔkɔe menɔ megbe na gbeƒãɖeɖe Aƒetɔ ƒe tɔtrɔva o, eye womekpɔ vodadaa ɖeke hã le nyagblɔɖi ɣeyiɣiawo ƒe akɔŋta wɔwɔ me o. Woƒe futɔ gã, siwo ŋu ŋutete geɖe le la hã, mete ŋu mu woƒe nyagblɔɖi gɔmeɖeɖe ƒe ɖoɖowo hã ƒu anyi o.Womelɔ̃ hã be, ne Biblia meƒoe ɖe yewo nu o la, yewoaɖe asi le nusiwo dzi amesiwo ƒe susu me Mawu ƒe Gbɔgbɔ klẽ ɖo, siwo ƒe dzi me agbe ƒe dzo le bibim le la, ɖo kpe dzi kple kakaɖedzi, le gbedodoɖa atraɖi kple Ŋɔŋlɔawo me dzodzro deto me la ŋuti o. Woƒe xɔse ƒe kpeɖonudzi sia to, mawunyafiala gã xɔŋkɔwo kple xexeme nunyala gãwo ƒe tsitretsitsi kple nyatsɔɖameŋu, siwo nu aɖi vɔɖi le la, ƒe ahom sesẽwo me, eye wònɔ te sesiẽ le agbalẽnyalawo, nunyaƒolawo, bubumewo kple amemaɖinuwo sia ƒe gbɔdiame, fewuɖuɖu kple aɖinyawo ŋgɔ maʋãmaʋã.UGL 375.2

    Nyateƒe wònye be nudzɔdzɔ, si wokpɔ mɔ na la, meva eme o. Gake esia meʋuʋu woƒe xɔse ɖe Mawu ƒe Nya la ŋu o. Esi Yona ɖe gbeƒã le Niniwe ƒe mɔwo dzi be esusɔ ŋkeke blaene eye Mawu atsrɔ̃ du sia la, Mawu ɖo to woƒe bɔbɔenyenye kukuɖeɖewo, eye wòda ɖe woƒe dodokpɔ ŋkekewo dzi. Gake Mawu gbɔ Yona ƒe gbedeasi la tso, eye wònye dodokpɔ na Niniwetɔwo le eyaŋutɔ ƒe lɔlɔ̃ nu. Mɔkpɔlawo hã xɔe se be le susu sia nu kee Mawu tutu wo be woana nyanya xexeame ku ɖe ʋɔnudɔdrɔ,̃ si gbɔna la ŋu. Wogblɔ be gbedeasi sia nye dodokpɔ na dzi, siwo ɖo toe la, eye wòna be amea ɖewo lɔ̃ Kristo ƒe vava, le esime bubuwo ya lé fui. Ede mamã amewo dome, be amesiwo di be yewoadzro yewoƒe dzi me la, nanya akpa, si dzi woanɔ nenye be Aƒetɔ la ava la, eye nenye be woate ŋu ado ɣli sia be: “Mawu, si míenɔ mɔ kpɔm na la, enye esi, aɖe mí”; alo nenye be woagblɔ na kpewo kple towo be woamu dze yewo dzi, eye woaɣla yewo tso Amesi nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi la ƒe ŋkume, kple le Alẽvi la ƒe dziku nu. Abe alesi míexɔe se ene la, alea ye Mawu do eviawo kpɔe. Edo woƒe xɔse kpɔ bene yèakpɔ be le tetekpɔɣi la woatrɔ megbe de afisi yeadi be woanɔ loo, alo ne woatè ɖa tso xexeame ŋu, ahaziɔ ɖe Mawu ƒe Nya la ŋu kple kakaɖedzi blibo mahã.- The Advent Herald and Signs of the Times Reporter, vol. 8 No 14, 13 Nov. 1844.UGL 375.3

    Amesiwo ku kutri le woƒe xɔse me be Mawu ye kplɔ yewo le yewoƒe nuteƒekpɔkpɔwo me la ƒe seselelãme enye nusi William Miller ɖe ɖe go to nya siwo gbɔna la me: “Nenye be madze agbe bubu gɔme kple kpeɖonudzi, siwo nɔ asinye tsã, ne mawɔ nuteƒe le Mawu kple amegbetɔwo ŋkume la, ekema nusi mewɔ la ko wòdze be magawɔ… Mexɔe se be meklɔ luʋɔwo ƒe ʋu ɖa le nye awuwo ŋuti. Kakaɖedzi le asinye be mete ɖokuinye ɖa tso fɔɖiɖi ɖesiaɖe ku ɖe wo ŋuti la gbɔ, alesi ko mate ŋui la.” Mawu ƒe amesia gayi edzi gblɔ be: “To gbɔ be mekpɔ ɖziɖelameƒo zi eve sɔŋ hã la, nyemedze anyi, alo bú mɔkpɔkpɔ keŋkeŋ o. Nye mɔkpɔkpɔ na Kristo ƒe tɔtrɔva la gasẽ ŋu abe tsã ene. Nusi ko mekpɔ be enye nye dɔdeasi be mawɔ, le ƒe geɖe ƒe ŋugbledede deto megbe la, eya koe nye nusi mewɔ. Nenye be mewɔ vodadaa ɖe la, lɔlɔ̃ tae, lɔlɔ̃ na hanyeviwo kple nye dɔdeasi ku ɖe Mawu ŋuti la tae… “Menya nu ɖeka, eyae nye be nyemegblɔ mawunyaa ɖeke, si metso nusi dzi mexɔ se la me kpɔ o; eye Mawu nɔ kplim; eƒe ŋusẽ ɖe eɖokui fia le dɔ la me, eye nu nyui geɖe do tso eme.” “Le amegbetɔ ƒe nukpɔkpɔ nu la, ame akpe geɖewo ɖo ta mawunya sɔsrɔ̃ gbɔ to ɣeyiɣia ƒe gbeƒãɖeɖewo me, eye le xɔse me kple Yesu Kristo ƒe avulé- ʋu ƒe ŋusẽ me la, wowɔ ɖeka kple Mawu.”- Bliss, p. 256, 255, 277, 280, 281. Nyemedi dadalawo ƒe nukomo gbeɖe kpɔ o, eye dzika hã metsoa ƒonye le xexeame ƒe dɔmedzui ŋgɔ o. Ke menye fifiae mayi woƒe kpeɖeŋu di ge, alo mava to nye dɔdeasiwo ŋuti ahayi woƒe fulelé nu ɖia ge o. Nyemadi nye agbe hã tso wosi akpɔ o, eye mexɔe se be vɔvɔ̃ maɖom, nenye be le eƒe nunya me, Mawu abia be matsɔ nye agbe la na o.” — J. White, Life of William Miller, p. 315.-UGL 376.1

    Mawu meŋlɔ̃ eƒe dukɔ la be o. Eƒe Gbɔgbɔ ganɔ anyi kple amesiwo megbe nu tamemabutɔe, le kekeli, si woxɔ la gbɔ, hebu fɔ Mɔkpɔlawo ƒe xɔse mɔzɔzɔ la o. Le Hebritɔwo ƒe agbalẽwo me la, dzideƒonya kple nyanyanagbedeasi veviewo li na Mɔkpɔla, siwo nɔ dodokpɔ sesẽwo me tom le xaxa gã sia me: “Eyata migatsɔ miaƒe dzideƒo, si teƒeɖoɖofetu gã li na la ƒu gbe o. Elabena dzidodo hiã mi, bena ne miewɔ Mawu ƒe lɔlɔnu la, miaxɔ ŋugbedodo la. Elabena esusɔ ʋee ko, tete amesi gbɔna la nava, eye mahe ɖe megbe o; ke ame dzɔdzɔe la anɔ agbe atso xɔse me, eye ne egbugbɔ ɖe megbe la, luʋɔnye makpɔ ŋudzedze nyui le eŋuti o. Ke míawo míenye amesiwo gbugbɔna ɖe megbe ɖe gbegblẽ me la dometɔwo o, ke bɔŋ amesiwo xɔna sena hena luʋɔ xɔxɔ la dometɔwo míenye.” (Hebri. 10:35-39) Míekpɔ be nyati siawo, siwo le nu ƒom tso Aƒetɔ la ƒe vava kpuie ŋu la, wonye nuxlɔamenya, siwo le yiyim na ŋkeke mamlɛawo ƒe Hame la. “Elabena esusɔ ʋee ko, tete amesi gbɔna la nava, eye mahe ɖe megbe o.” Nya siawo ɖee fia, eme kɔ, be adze abe ɣeyiɣiawo nu le yiyim, eye wòawɔ abe ɖee Ɖela le hehem ɖe megbe ene. Nuxlɔamenya, siwo le nya siawo me la, sɔ kple ɣeyiɣi ma ƒe Mɔkpɔlawo ƒe nuteƒekpɔkpɔ, si wowɔ la tɔxɛ. Kristotɔ, siwo nya siawo le yiyim na la, nɔ nugbegbe le xɔse gbɔ ƒe afɔku me. (394) Wowɔ ɖe Mawu ƒe lɔlɔnu dzi, le esime wolé Gbɔgbɔ-Kɔkɔe kple Mawunya ƒe nufiafiawo me ɖe asi; gake womete ŋu se eƒe tameɖoɖowo ku ɖe nuteƒekpɔkpɔ, siwo wowɔ vayi tsã ŋuti la gɔme o, eye womete ŋu ke ɖe mɔ, si wota le woŋgɔ la ŋuti o, ale be ɖikeke ƒe tetekpɔ va na wo be woabia wo ɖokui se be ɖe Mawue nɔ yewo kplɔm vavã mahã? Ke nya, siwo gbɔna la hã, gasɔ tɔxɛ kple ɣeyiɣi ma be: “Ame dzɔdzɔe la anɔ agbe atso xɔse me.” Esi “Zã ga wuieveɣli” la ƒe keklẽ kɔ ɖe woƒe toƒewo, eye wokpɔ nyaglɔɖiawo ƒe nutrenuwo ɖeɖe ɖa kple Kristo ƒe vava dzesiwo ƒe mevava kabakaba la, ɖe ko wònɔ abe wonɔ agbe le woƒe ŋkuwo ƒe nukpɔkpɔ nu ene. Ke azɔ esi dziɖelameƒo gbã woƒe dziwo kple woƒe mɔkpɔkpɔwo la, ele na wo fifia be woazɔ le xɔse ɖe Mawu kple eƒe Nya la dzi me. Fewuɖulawo gblɔ be: “Woble mi. Miɖe asi le miaƒe xɔse ŋuti, eye miagblɔ be Mɔkpɔlawo ƒe azɔlia la, Satana gbɔ wòtso. Ke Mawu gblɔ le eƒe Nya la me be: “Ne amea ɖe gbugbɔ ɖe megbe la, luʋɔnye makpɔ ŋudzedze nyui le eŋu o.” Asiɖeɖe le woƒe xɔse ŋuti kple nugbegbe le Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe ŋusẽ, si nɔ megbe na woƒe gbeƒãɖeɖewo gbɔ la, anye taɖoɖo tsɔtsrɔ̃ gbɔ. Apostolo Paulo ƒe nya, si gbɔna la nye dzideƒo gãa ɖe na woƒe kelilí: “Migatsɔ miaƒe dzideƒo la ƒu gbe o…; dzidodo hiã mi.. elabena esusɔ ʋee ko amesi ava la ava, eye mahe ɖe megbe o.” Mɔ ɖeka, si li na wo la, enye be woade asixɔxɔ kekeli, si woxɔ do ŋgɔ tso Mawu gbɔ la ŋuti, alé ɖe eƒe ŋugbedodowo ŋuti sesiẽ, ayi ɖe Ŋɔŋlɔawo me dzodzro dzi vevie, ahanɔ mɔ kpɔm na kekeli yeyewo le dzigbɔɖi kple kutrikuku me.UGL 377.1

    -------

    Larger font
    Smaller font
    Copy
    Print
    Contents